Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Se Viwòa Ƒe Seselelãmewo Gɔme Nɛ

Se Viwòa Ƒe Seselelãmewo Gɔme Nɛ

Afɔɖeɖe 6

Se Viwòa Ƒe Seselelãmewo Gɔme Nɛ

Nu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ðeviwo dina be ame siwo le vevie na yewo wu le xexe sia me, wo dzilawo, nanya ale si yewosena le yewo ɖokui me. Ne ezu numame na dzilawo be womexɔa ale si ɖeviawo gblɔna be yewose le yewo ɖokui me dzi sena o la, ate ŋu adzɔ be ɖeviawo magagblɔ woƒe dzimenyawo na wo o, eye woate ŋu ate ɖikeke le woƒe seselelãme kple tamebubu ŋutetewo ŋu.

Nu si ta wòsesẽna: Enye nyateƒe be ɖeviwo zãa nya siwo gbɔ eme akpa tsɔ ɖea woƒe tamesusuwo kple seselelãmewo gblɔna zi geɖe ya. Eye le nyateƒe me la, nya siwo ɖeviwo gblɔna dometɔ aɖewo ɖea fu na wo dzilawo vevie. Le kpɔɖeŋu me, ɖevi si dzi nu te ɖo ate ŋu agblɔ be, “Medi be maku.” * Eye zi geɖe la, dzila ate ŋu aɖo eŋu enumake be, “Èbe nu ka? Èdi be yeawɔ nu ka?” Dzilawo atsi dzi be, ne ɖeviawo gblɔ nya mawo tɔgbi eye yewoɖe nugɔmesesename fia wo la, awɔ na wo abe ɖe yewoda asi ɖe woƒe nukpɔsusu gbegblẽawo dzi ene.

Egbɔkpɔnu: Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye “amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me” la dzi. (Yakobo 1:19) Yehowa Mawu se esubɔla wɔnuteƒe geɖewo ƒe seselelãme gbegblẽ siwo woɖe gblɔ la gɔme na wo le esi wòna woŋlɔ wo ɖe Biblia me ta. (Mose I, 27:46; Psalmo 73:12, 13) Esime Hiob nɔ dodokpɔ sesẽwo me tɔm la, edi vevie be yeaku.—Hiob 14:13.

Enye nyateƒe be ele be woaɖɔ nukpɔsusu kple seselelãme aɖewo siwo Hiob ɖe gblɔ la ɖo. Ke hã, Yehowa medo toku Hiob ƒe seselelãmewo alo tsi nya ɖe enu o, ke boŋ ede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu le esime wògbɔ dzi ɖi blewu heɖe mɔ nɛ be wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ. Esia megbe hafi Yehowa ɖɔe ɖo dɔmenyotɔe. Dzila Kristotɔ aɖe ɖe nya sia gblɔ ale, “Esi wònye be Yehowa ɖea mɔ nam meɖea nye dzimenyawo gblɔna nɛ le gbedodoɖa me ta la, mekpɔe be esɔ be maɖe mɔ na vinyewo woaɖe woƒe seselelãme nyuiwo kple gbegblẽawo hã agblɔ nam.”

Eya ta azɔ̃ la, zi gbãtɔ si nàdi be yeagblɔ na viwò be, “Nya kae nye ema gblɔm nèle?” alo “Èle nyuie hafi le nya ma gblɔma?” la, ɖo ŋku Yesu ƒe mɔfiame nyanyɛa dzi: “Alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ na wo nenema ke.” (Luka 6:31) Tsɔe be wowɔ nu ɖe ŋuwò ŋutasesẽtɔe le dɔme alo mɔkpɔkpɔ bu ɖe wò, ɖewohĩ le wò ŋutɔ wò vodada ta. Ègblɔ ale si gbegbe wòte ɖe dziwòe na xɔ̃wò vevi aɖe, be yemagate ŋu ayi dɔa me o. Nu kae nàdi be xɔ̃wòa nawɔ na wò? Negblɔ na wò be menye nenema tututue nèle sesem le ɖokuiwò me o, ahagblɔ enumake be aleke kee wòɖale o, wò ŋutɔe di nèkpɔea? Alo ɖe wòado dzidzɔ na wò wu ne xɔ̃wòa gblɔ be: “Oo, ànya se veve ŋutɔ. Ŋkekea me menyo na wò kura o.”

Ðeviwo kple tsitsiawo siaa xɔa aɖaŋuɖoɖo bɔbɔe ne wose le wo ɖokui me be wose nu gɔme na yewo ŋutɔŋutɔ hese veve ɖe yewo nu le fu siwo yewokpe ta. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Nugɔmesela ƒe dzi nana eƒe nu dzea nunya, eye eƒe nuyiwo dzia nufiame ɖe dzi.”—Lododowo 16:23.

Aleke nàte ŋu akpɔ egbɔ be woabu aɖaŋu ɖe sia ɖe si nàɖo la nu vevii ahawɔ edzi?—g8/07.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Tsɔ ameɖokuiwuwu ƒe susu ɖe sia ɖe si viwòwo aɖe gblɔ la ŋkubiãnyae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

“Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi . . . wònye nɛ.”—Lododowo 18:13