Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔ Lɔlɔ̃ Tu Wò Ƒomea Ðo

Tsɔ Lɔlɔ̃ Tu Wò Ƒomea Ðo

Afɔɖeɖe 2

Tsɔ Lɔlɔ̃ Tu Wò Ƒomea Ðo

Nu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Ehiã be woalɔ̃ ɖeviwo, eye ne womeɖe lɔlɔ̃ fia wo o la, womete ŋu tsina nyuie o. Amegbetɔŋutinunyala M. F. Ashley Montagu gblɔ le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me be: “Nu si ametia hiãna vevie wu hena tsitsi nyuie ye nye lɔlɔ̃; nu si nana be ame nɔa lãmesẽ nyui mee nye be woaɖe lɔlɔ̃ afiae, vevietɔ le eƒe ƒe ade gbãtɔawo me.” Egbegbe numekulawo hã da asi ɖe Aƒetɔ Montagu ƒe nya sia dzi be: “Nu gblẽna le ɖeviwo ŋu vevie ne womeɖe lɔlɔ̃ fia wo ale si dze o.”

Nu si ta wòsesẽna: Agbenɔnɔ le ɖokuitɔdidi ƒe xexe sia si me amewo meɖea lɔlɔ̃ fiana le o me na ƒomekadodowo me le gbegblẽm. (Timoteo II, 3:1-5) Srɔ̃tɔwo akpɔe be gakuxi kple nuteɖeamedzi siwo vihehe lɔ ɖe eme la wɔnɛ be yewoƒe srɔ̃ɖeɖemekuxiwo gadoa gã ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ne masɔmasɔ aɖewo wɔe be dzilawo mete ŋu ɖoa dze faa o la, woƒe nukpɔsusuwo ƒe vovototo le ale si woahe to na wo viwo alo le ale si woaɖo nu nyui siwo wowɔ teƒe na wo me ate ŋu ana kuxia nado gã ɖe edzi.

Egbɔkpɔnu: Miwɔ ɖoɖo miawɔ nu aduadu abe ƒome ene edziedzi. Ehiã hã be srɔ̃tɔwo naɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi, si me woakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu le. (Amos 3:3) Ne mia viwo mlɔ anyi vɔ la, miwɔ ɣeyiɣi mawo ŋu dɔ le nunya me. Migaɖe mɔ television naxɔ wo le mia si o. Miyi edzi mianɔ lɔlɔ̃ ɖem fia mia nɔewo edziedzi. (Lododowo 25:11; Hawo ƒe Ha 4:7-10) Le esi teƒe be nànɔ vodada dim le srɔ̃wòa ŋu la, di mɔnu nàkafui gbe sia gbe boŋ.—Psalmo 103:9, 10; Lododowo 31:28.

Gblɔ na viwòwo be yelɔ̃ wo. Yehowa Mawu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na dzilawo to ale si wògblɔ na Via, Yesu, tẽe be yelɔ̃e ŋutɔ me. (Mateo 3:17; 17:5) Fleck, vifofo aɖe le Austria, gblɔ be: “Mede dzesii be ɖeviwo le abe seƒoƒo ene. Abe ale si ko seƒoƒowo trɔna ɖe ɣe ŋu hena kekeli kple dzoxɔxɔ ene la, ɖeviwo hã kpɔa mɔ be yewo dzilawo naɖe lɔlɔ̃ afia yewo atsɔ aɖo kpe edzi na yewo be yewo hã yewole vevie le ƒomea me.”

Eɖanye dzilaɖekɛe nènye loo, alo miede eve o, miaƒe ƒomegbenɔnɔ anyo ɖe edzi ne èkpe ɖe wò ƒomea me tɔwo ŋu be wolɔ̃ Mawu heɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo.

Ke nu kae Mawu ƒe Nya la gblɔ tso dzilanyenye ƒe ŋusẽa zazã ŋu?—g8/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Lɔlɔ̃, . . . nye blibonyenye la ƒe nublanu.”—Kolosetɔwo 3:14