Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Dzilanyenye Ƒe Ŋusẽa Ŋu Dɔ

Wɔ Dzilanyenye Ƒe Ŋusẽa Ŋu Dɔ

Afɔɖeɖe 3

Wɔ Dzilanyenye Ƒe Ŋusẽa Ŋu Dɔ

Nu ka ta wòle be nàɖe afɔ sia? Numekukuwo ɖee fia be “dzila siwo lɔ̃a wo viwo evɔ womegbea woƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔwɔ o—esiwo kafua wo viwo alo dea dzi ƒo na wo, evɔ wotea afɔ to sesĩe le nu si wòle be wo viawo nawɔ gome—la ƒe viwo wɔa dɔ le suku nyuie, wotua hadomenɔnɔ ŋutete ɖɔʋuwo ɖo, kakaɖedzi sua wo si le agbe me, eye wokpɔa dzidzɔ wu dzila siwo ɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu alo wɔa nu adãtɔe la ƒe viwo.”—Parents magazine.

Nu si ta wòsesẽna: Ðeviawo atsi tsitre ɖe wò ŋusẽzazã ƒe gomenɔamesi ŋu tso woƒe vidzĩme ke va ɖo woƒe ƒewuiwo me. John Rosemond ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Parent Power! (Dzilawo Ƒe Ŋusẽ!) me be: “Ðeviwo te ŋu kpɔa ɣeyiɣi si me dzilawo hena ɖe megbe le woƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔwɔ me kple esi me woate ŋu ana ta le bɔbɔe la dzea sii kaba.” Egblɔ kpee be: “Ne wobia be, ‘Ame kae nye aƒea tɔ hã?’ la, ne dzilawo medo asi ɖe dzi o la, ɖeviawo ado asi ɖe dzi.”

Egbɔkpɔnu: Mègavɔ̃ be ne yewɔ yeƒe ŋusẽa ŋu dɔ la, ana ɖeviawo makpɔ dzidzɔ o alo ate woƒe gbɔgbɔ ɖe to o. Yehowa Mawu, si nye ƒomea Gɔmeɖoanyila, meɖoe be ɖeviwo nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si dzilawo akplɔ ƒomeae dzi o. Ke boŋ, eyae na dzilawo ŋusẽnɔƒe si wole la wo, eye wòde se na ɖeviwo be: “Miɖo to mia dzilawo.”—Efesotɔwo 3:14, 15; 6:1-4.

Àte ŋu awɔ wò ŋusẽa ŋu dɔ akpasesẽmanɔmee. Alekee? To Yehowa ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me. Togbɔ be ŋusẽ le esi be wòazi eƒe lɔlɔ̃nu ɖe via amegbetɔwo dzi hã la, ɖe wòdea dzi ƒo na mí lɔlɔ̃tɔe be míawɔ nu nyui boŋ. Egblɔ le eƒe Nya la me be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:18) Yehowa medi be míavɔ̃ ye o, ke boŋ edi be míaɖo to ye le esi míelɔ̃ ye ta. (Yohanes I, 5:3) Media nu si míate ŋu awɔ o tso mía si o, eye enyae be wɔwɔ ɖe yeƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo dzi aɖe vi na mí.—Psalmo 19:8-12.

Aleke nàwɔ aka ɖe edzi be àte ŋu ada asɔ le dzilanyenye ƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔwɔ me? Gbã la, ele be nàka ɖe edzi be Mawu di tso asiwò be nàwɔ wò ŋusẽa ŋu dɔ. Evelia, ele be nàka ɖe edzi be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenuwo nu aɖe vi na mia kple viwòwo siaa.—Romatɔwo 12:2.

Nu kawo koŋ wòle be nàwɔ be nàte ŋu awɔ dzilanyenye ƒe ŋusẽa ŋu dɔ?—g8/07.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“He to na viwò, ekema . . . ado dzidzɔ na wò dzi.”—Lododowo 29:17, New Revised Standard Version