Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Wona Amewo Nya Mawu Ƒe Ŋkɔ La

Ale Si Wona Amewo Nya Mawu Ƒe Ŋkɔ La

Ale Si Wona Amewo Nya Mawu Ƒe Ŋkɔ La

BIBLIA me hakpala David dzi ha be: “Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ.” David nya Mawu ƒe ŋkɔ la, eye egblɔ le hadzidzi aɖe me be: “Woakafu Yehowa . . . Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.” (Psalmowo 69:31; 72:18, 19) Ale si woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ zi geɖe le Eʋegbe mee nye Yehowa, si gɔme woɖe tso Hebrigbe me nya si nye nuŋɔŋlɔ sia יהוה me, si dze le Biblia me zi gbɔ zi 7,000 sɔŋ.

Le ƒe alafa siwo va yi nyitsɔ laa me la, wote ŋu kpɔa Mawu ƒe ŋkɔ la le teƒe bubu geɖewo to vovo na Biblia. Le kpɔɖeŋu me, Latingbe me nya siawo siwo nye, Benedictus Sit Iehova Deus,  si gɔmee nye, “Woakafu Yehowa Mawu,” la dze le sikagaku siwo wowɔ le Switzerland hena ƒe geɖe la dzi [1]. Le nyateƒe me la, le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ ɖe Hebrigbe kple Latingbe me la dze le kafukafukɔgɛwo kple gaku vovovo ƒomevi akpe geɖewo dzi.

Nu kae na woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa ɖe gakuwo dzi nenema gbegbe ɖo? Àte ŋu akpɔ woƒe kpɔɖeŋu aɖewo le axa sia kple esi kplɔe ɖo.

Nu Ka Tae Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa?

Le ƒe 1500 ƒeawo me la, aʋa siwo yi edzi le Roma Katolikotɔwo kple Protestant Ðɔɖɔɖotaʋlilawo dome la gblẽ nu le Ɣetoɖoƒe Europa nutowo katã me. Spania ƒe nuto geɖe me tɔwo do le Roma Katolikoha, si xɔ ŋkɔ wu ɣemaɣi, la me, hewɔ ɖeka kple Protestant Ðɔɖɔɖoha la. Esiae he subɔsubɔhawo dome ʋa la vae. Nu siwo dukɔ siwo kpe aʋa dometɔ ɖe sia ɖe tana ɖe gakuawo dzi la nyea nyatakaka siwo fia be Mawu le yewoƒe akpa dzi.

Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔ Lae

Ame siwo ŋlɔa nu ɖe gakuwo dzi la ŋlɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔae la ɖe gakuwo dzi. Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi mawo nye YHWH le Eʋegbe me. Gake ame siwo ta nu ɖe gakuawo dzi kple ame bubu geɖewo mete ŋu xlẽa Hebrigbe o. Esia ta esi wogbugbɔ nɔ Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene mawo ŋlɔm ɖe gakuwo dzi zi geɖe la, vovototowo va nɔ eŋɔŋlɔ me.

Swedentɔwo tso gaku aɖe si dzi woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖo la le ƒe 1568 me lɔƒo [2], eye Scotlandtɔwo hã wɔ nenema ke le ƒe 1591 me lɔƒo. Le ƒe 1600 lɔƒo me la, Sweden Fiagã Charles IX na woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ—le mɔ vovovo siwo nye Ihehova, Iehova, kple Iehovah la nu—ɖe gakuwo dzi [3]. Ena wotsɔ sika tso gakuawo dometɔ ɖeka aɖe—enɔ etɔxɛ ale gbegbe eye eƒe home wu apaɖila ƒe ɣleti ene fetu!

Gaku siawo siwo woyɔna be Yehowa gaku la vovovo 60 ƒomevi, nɔ anyi tso Christian IV, si nye Denmark kple Norway fia, si ɖu dzi tso ƒe 1588 va se ɖe ƒe 1648 me, la ŋɔli. Kaka ƒe alafa 17 lia ƒe domedome lɔƒo naɖo la, wowɔ “Yehowa gakuwo” le Poland kple Switzerland hã, eye Germanytɔwo hã va te gaku siawo ƒomevi tsotso emegbe.

Le Europa Ƒe Blaetɔ̃ Ʋa si wowɔ tso ƒe 1618 va se ɖe ƒe 1648 me, si nye subɔsubɔhawo dome ʋa le gɔmedzedzea me la, wɔɣi la, gaku sia ƒomeviwo va bɔ ale gbegbe. Le Breitenfeld Ʋaa dzi ɖuɖu le ƒe 1631 me megbe la, Sweden Fia Gustav II Adolph na wotso gaku siwo dzi Mawu ƒe ŋkɔ, si wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi eneawo ŋlɔ, la nɔ [4]. Wotso gaku siawo le du siwo nye Erfurt, Fürth, Mainz, kple Würzburg me. Le ɣeyiɣi mawo lɔƒo me la, dukɔ siwo wɔ ɖeka kple Sweden hã te gaku siwo dzi Mawu ƒe ŋkɔ nɔ la tsotso.

Le ƒe 150 siwo kplɔ Europa Ƒe Blaetɔ̃ Ʋa la ɖo me la, amewo yi edzi nɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋlɔm ɖe kafukafukɔgɛwo kple gaku vovovo ƒomeviwo dzi. Wotso gaku siawo ƒomevi le Austria, France, Mexico, kple Russia, kpakple le dukɔ bubuwo me. Gake va ɖo ƒe 1700 ƒeawo ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, womegava nɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋlɔm ɖe gakuwo dzi ale o. Mlɔeba la, wova dzudzɔ kura.

Nana Be Amewo Nanya Mawu Ƒe Ŋkɔ La

Togbɔ be ɖewohĩ Mawu ƒe ŋkɔ megale ga vovovo siwo ƒomevi li egbea dzi o hã la, wole gbeƒã ɖemee fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe. Mawu tia ame aɖewo be woasubɔ ye tso gbe aɖe gbe ke, hegblɔ na wo be: “Miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.” (Yesaya 43:12) Gaku aɖeke mate ŋu awɔ dɔ vevi sia o. Le nyateƒe me la, ame siwo ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖe woƒe gakuwo dzi la meɖi ɖase nyui tso eyama ŋu o, elabena wonɔ gbɔgblɔm be ede yewo dzi le ʋukɔkɔɖiʋa mawo me. Gake egbea la, ame aɖewo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe ŋkɔ la le mɔ si dzea eŋu nu.

Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu vavã, Yehowa, kple nu si eƒe ŋkɔa tsi tsitre ɖi na la ŋu. Biblia me hakpala aɖe ŋlɔ tso eyama ŋu be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmowo 83:19) Yehowa ŋuti sidzedze le vevie, abe ale si Via lɔlɔ̃a ɖee fia le gbedodoɖa mee ene, be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.—g07-E 12.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Gaku 1 kple dɔwɔnuwo: Hans-Peter-Marquardt.net; gaku 2: Mit freundlicher Genehmigung Sammlung Julius Hagander

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Dɔwɔnu siwo ame siwo ŋlɔa nu ɖe gakuwo dzi zãna

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 9]

Gaku 3 kple 4: Mit freundlicher Genehmigung Sammlung Julius Hagander