Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ?

Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Aƒo Asa Na Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ?

“Ŋutsuvi aɖe si le míaƒe suku la fa nyɔnuvi aɖe si ɖe amama la ƒe foto ɖe eƒe tsitrenuɖaka ƒe ʋɔtrua ŋu le emekpa dzi. Eƒe tsitrenuɖakaa te ɖe tɔnye ŋu.”—Robert. *

“Menɔ numekuku wɔm tso sukudɔdeasi aɖe ŋu le Internet dzi, kaka makpɔa, amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe nyatakakadzraɖoƒe aɖe ʋu le vo me.”—Annette.

ESIME dziwòlawo nɔ abe wò ene la, ɖe ame siwo di be yewoakpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo la dzea agbagba ʋuu hafi kena ɖe wo ŋu. Gake egbea la, edze abe ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋutɔ boŋue le diwòm ene. Abe ale si wònɔ le Robert si ŋu míeƒo nu tso le etame gome ene la, wò ŋku ate ŋu akli amamaɖeɖefoto aɖe si nye wò sukuhati aɖe tɔ. Alo abe ale si wòdzɔ ɖe Annette dzi ene la, àte ŋu ake ɖe eŋu le Internet dzi le vo me. Ðetugbui aɖe si xɔ ƒe 19 gblɔ be, “Ɣeaɖewoɣi menɔa Internet dzi tsam alo nɔa nu siwo mate ŋu aƒle dim le edzi, alo nɔa gadzraɖoƒe ŋuti nyatakakawo dim ko kasia, amamaɖeɖenuwɔnawo va dona le vo me!” *

Nu sia dzɔna ɖe ame geɖe dzi. Le numekuku aɖe me la, sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 8 va se ɖe ƒe 16 dometɔ 90 le alafa me gblɔ be yewoke ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu le Internet dzi le vo me—edzɔna zi geɖe ne yewole sukudɔdeasiwo wɔm! Nya lae nye be, esi Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe geɖewo va yɔ fũu kple gbɔdɔnuwɔna miliɔn alafa geɖewo ɖeɖe fia gaglã ta la, woate ŋu ake ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu bɔbɔe fifia wu tsã. Woate ŋu ake ɖe wo ŋu le asitelefon aɖewo kura gɔ̃ hã dzi. Denise, si xɔ ƒe 16, gblɔ be: “Ebɔ ɖe míaƒe sukukpodzi ale gbegbe. Dzeɖoɖo siwo yia edzi le Dzoɖa ŋdiwoe nye, ‘Foto kawoe nèlé ɖe wò asitelefon dzi le kwasiɖanuwuwua?’”

Esi wònye be ame geɖewo kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo ta la, ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe wònye nu si gblẽ nenema gbegbea?’ Ŋuɖoɖoae nye ɛ̃, le susu geɖewo ta. Bu wo dometɔ etɔ̃ pɛ ko ŋu kpɔ:

Amamaɖeɖenuwɔnawo ɖia gbɔ ewɔlawo kple ekpɔlawo siaa.—1 Tesalonikatɔwo 4:3-5.

▪ Vividodo ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu egbea sɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃, si nu sẽ, si ɖo gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siwo nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me la me la tɔ.—1 Mose 6:2; Yuda 6, 7.

Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ nye nu si kplɔa ame dea gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me zi geɖe.—Yakobo 1:14, 15.

Amamaɖeɖenuwɔnawo gblẽa nu le ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe wo kpɔkpɔ me ŋu vevie. Bu kpɔɖeŋu eve ko ŋu kpɔ:

“Mete amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ esime menye ɖevi dzaa ko, eye avu kple kɔe wònye nam hafi medzudzɔ wo kpɔkpɔ. Ƒe geɖewoe nye esia, gake nuwɔna mawo ƒe fotowo tsi susu me nam ɖikaa. Edze abe nukpɔkpɔ mawo gbea ɖeɖeɖa le susu me na ame ene, eye wonaa ame sena le eɖokui me be dzitsinya dzadzɛ megale ye si o. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ naa wobua ame ɖokui ɖekememanɔlae, eye ate ŋu ana nànɔ sesem le ɖokuiwò me be yemedza o, eye be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Seselelãme sia yia edzi ɖea fu na ame ɣeawokatãɣi.”—Erica.

“Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu nu mame nam hena ƒe 10 sɔŋ, eye medzudzɔ wo kpɔkpɔ ƒe 14 enye esia. Gake fifia gɔ̃ hã la, megawɔa avu kplii gbe sia gbe. Togbɔ be dzodzroa dzi ɖe kpɔtɔ hã la, enu metsi keŋkeŋ o. Wokpɔkpɔ gadzroam kokoko. Nuwɔna mawo ƒe fotowo gakpɔtɔ le susu me nam. Evem ŋutɔ be meƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna ɖigbɔ ma me. Ewɔ nam le gɔmedzedzea me be magblẽ naneke le ŋunye o. Gake fifia, mekpɔe be mele nenema kura o. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa nu le ame ŋu, edzi ŋɔ, eye eɖia gbɔ ewɔlawo kple ekpɔlawo siaa. Nya ka kee ame siwo doa vivi ɖe eŋu ɖagblɔ o, naneke—naneke kura—menyo le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu o.”—Jeff.

Ame Ðokui Me Dzodzro

Aleke nàwɔ aƒo asa na gododo amamaɖeɖenuwɔnawo le vo me? Gbã, dzro nɔnɔmeawo me kpɔ.

Aleke gbegbee nèdoa go amamaɖeɖenuwɔnawo le vo me?

Kura o Ɣeaɖewoɣi

Kwasiɖa sia kwasiɖa Gbe sia gbe

Afi kae esia dzɔna le zi geɖe wu?

Internet dzi Suku

Television dzi Teƒe bubu

Ðe gododoe le vo me toa mɔ aɖe koŋ nu zi geɖea?

Bu kpɔɖeŋu siwo gbɔna ŋu kpɔ:

Ðe wò sukuhati aɖewo ate ŋu aɖo amamaɖeɖenuwɔnawo ɖe wò to e-mail alo asitelefon dzia? Esia nyanya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtutu nu siwo ame mawo aɖo ɖe wò la ɖa enumake wo maʋumaʋui.

Ne èle Internet dzi tsam la, ɖe nyatakakadzraɖoƒe bubuwo ʋuna ne èŋlɔ nya aɖewo koŋ ɖe nyadiƒea? Esia nyanya akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nyuie le nya siwo ƒomevi nàŋlɔ ɖe afi ma ŋu.

Ŋlɔ nɔnɔme siwo kplɔ wò de gododo amamaɖeɖenuwɔnawo me la ɖe ete.

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Le nu siawo siwo nèŋlɔ nu la, nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe zi gbɔ zi ale si nèdoa go amamaɖeɖenuwɔnawo le vo me dzi akpɔtɔ? (Ŋlɔ nu siwo nàwɔ la ɖe afi sia.)

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Nu kae nèwɔna ne èdo go amamaɖeɖenuwɔnawo le vo me?

Meɖea ŋku ɖa enumake.

Didi be manya nu siwo wòlɔ ɖe eme nana mekpɔnɛ vie.

Meyia ekpɔkpɔ dzi, eye megadina bubu geɖe kpee.

Ne wò ŋuɖoɖoe nye evelia alo etɔ̃lia la, nu kae nàɖo kplikpaa be yeawɔ?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Asiɖeɖe Le Nu Mamea Ŋu

Ame siwo kli amamaɖeɖenuwɔnawo le vo me la dometɔ aɖewo dina be yewoagakpɔ geɖe, eye vivivi la eva zu nu mame na wo. Asiɖeɖe le nu mame sia ŋu mele bɔbɔe o. Jeff si ŋu míeƒo nu tso do ŋgɔ la gblɔ be: “Hafi mava srɔ̃ Biblia la, meƒo ɖokuinye ɖe atike vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe kloe zazã me vevie. Gake le nye nu mame gbegblẽawo katã dome la, amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔe nye esi ŋu asiɖeɖe le menɔ bɔbɔe nam kura o wu.”

Ne amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va zu nu mame na wò la, dzi megaɖe le ƒowò o. Àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu. Alekee?

Nu si tututu amamaɖeɖenuwɔnawo nye gɔmesese. Menye nu bubu aɖekee wònye tsɔ wu Satan ƒe agbagbadzedze be yeaɖi gbɔ nane si Yehowa wɔ be wòanye nu si ŋu bubu le o. Amamaɖeɖenuwɔnawo gɔmesese le mɔ sia nu akpe ɖe ŋuwò be ‘nàlé fu vɔ̃.’—Psalmo 97:10.

Bu emetsonuawo ŋu. Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa srɔ̃ɖeɖe me. Eɖia gbɔ nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa. Ekloa bubu le ekpɔla ŋu. Eya ta esɔ nyuie be Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Ŋlɔ afɔku siwo ate ŋu ava dziwò ne amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va zu nu mame na wò la ɖe ete.

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Ðo tame kplikpaa. Nuteƒewɔla Hiob gblɔ be: ‘Mebla nu kple nye ŋku, be nyematsɔ dzodzro vɔ̃ alé ŋku ɖe ɖetugbui ŋu o.’ (Hiob 31:1) Tameɖoɖo kplikpaa siwo nàte ŋu awɔ la dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

Nyemazã Internet ne nye ɖeka mele xɔ me o.

Matsi gbɔdɔnuwɔnawo ŋuti nyatakakadzraɖoƒe ɖe sia ɖe si aʋu le vo me la enumake.

Ne megaɖe ŋu ɖi kpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo ake la, magblɔe na ame tsitsi aɖe.

Tameɖoɖo kplikpaa bubu kawoe nàte ŋu awɔ siwo akpe ɖe ŋuwò le avuwɔwɔ kple amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me? Ŋlɔ wo ɖe ete.

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Do gbe ɖa tso kuxia ŋu. Hakpalaa do gbe ɖa na Yehowa be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.” (Psalmo 119:37) Nyateƒee, mele bɔbɔe be woagbe nu le nu si dzroa míaƒe nu vɔ̃ ŋutilã vevie la gbɔ o. Gake Yehowa Mawu di be nàkpɔ dzidzedze, eye ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wò bene nàte ŋu awɔ nu dzɔdzɔe!—2 Korintotɔwo 4:7.

Ƒo nu tso eŋu na ame aɖe. Akpe ŋu na wòa? Anɔ eme godoo! Gake bu gbɔdzɔe si gbegbe nàkpɔ ne èɖe agba kpekpe ma ɖa le ɖokuiwò dzi ŋu kpɔ. Ame si nàgblɔ wò nya ɣaɣla sia na ate ŋu anɔ abe “ame nɔvi le hiã me” ene. (Lododowo 17:17) Ne èkpɔ ame aɖe si nàgblɔ wò dzimenyawo na la, esia anye afɔɖeɖe vevi si akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ nu mame gbegblẽ ma!

Ne amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ zu nu mame na wò la, ŋlɔ ame aɖe si tsi le susu me nyuie, si nàte ŋu aɖe nyaa dzi na le dziɖeɖi me, la ƒe ŋkɔ ɖe ete.

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Ka ɖe edzi be yeate ŋu aɖu aʋa si nèho be yeaɖe asi le amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu la dzi. Le nyateƒe me la, ɣesiaɣi si nète ŋu ƒo asa nɛ la, efia be nèɖu dzi le go ma me. Gblɔ dziɖuɖu ma ŋu nya na Yehowa, eye nàda akpe nɛ ɖe ale si wòdo ŋusẽ wò la ta. Ðo ŋku edzi be ɣesiaɣi si nèƒo asa na amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋuwo kpɔkpɔ la, èdoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!—Lododowo 27:11.—g07-E 12.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Aleke amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ɖia gbɔ nane si ŋu bubu le?

▪ Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe ŋutɔŋutɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ me?

▪ Aleke nàte ŋu akpe ɖe nɔviwò aɖe si kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo la ŋu?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 5 Amamaɖeɖenuwɔnawo lɔ amamaɖeɖe alo gbɔdɔnuwɔnawo ɖeɖe fia gaglã, alo nuŋɔŋlɔ alo nuƒoƒo tso nuwɔna mawo ŋu tsitotsito, le mɔ si nyɔa dzodzro ɖe ekpɔla, exlẽla, alo esela me madzemadzee nu ɖe eme. Ate ŋu anye fotowo alo nuŋɔŋlɔ loo, alo nya siwo wolé ɖe agba dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ðe wò sukuhati aɖewo ate ŋu aɖo amamaɖeɖenuwɔnawo ɖe wò to asitelefon dzia?