Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawu Kple Kristo Bua Nyɔnuwoe?

Aleke Mawu Kple Kristo Bua Nyɔnuwoe?

Aleke Mawu Kple Kristo Bua Nyɔnuwoe?

NU KAE ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase ale si Yehowa Mawu bua nyɔnuwoe la gɔme bliboe? Mɔ ɖekae nye to ŋkuléle ɖe Yesu Kristo, ame si nye “Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme” kple ame si ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu fia bliboe la, ƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ ŋu me. (Kolosetɔwo 1:15) Ale si Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu esime wònɔ anyigba dzi la ɖe ale si eya kple Yehowa siaa dea bubu nyɔnuwo ŋui fia, eye eɖo kpe edzi hã be womedaa asi ɖe nyɔnuwo tete ɖe anyi kple ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu, si le edzi yim le dukɔ geɖe me egbea la, dzi o.

Le kpɔɖeŋu me, bu ɣeyiɣi si me Yesu ɖo dze kple nyɔnu aɖe le vudo aɖe to ŋu kpɔ. Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ka nya ta be: “Samaria nyɔnu aɖe va tsi ku ge. Yesu gblɔ nɛ be: ‘Na tsi vi aɖem mano.’” Togbɔ be Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o hã la, Yesu ya di be yeaɖo dze kple Samaria nyɔnua le gaglãgbe. Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, Yudatɔwo bua “dzeɖoɖo kple nyɔnu le dutoƒo be enye ŋukpenanu gã aɖe.” (International Standard Bible Encyclopedia) Gake Yesu ya de bubu nyɔnuwo ŋu hewɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe, eye metsri to bubu me tɔwo loo, alo bu nazã ɖe nyɔnuwo ŋu o. Ðe ema teƒe la, Samaria nyɔnu lae Yesu gblɔ na zi gbãtɔ tẽe be yee nye Mesia la.—Yohanes 4:7-9, 25, 26.

Ɣebubuɣi la, nyɔnu aɖe si ŋu ʋu nɔ sisim le atraɖii hena ƒe 12 sɔŋ la te ɖe Yesu ŋu. Esi wòka asi Yesu ŋu la, ehaya enumake. “Yesu trɔ, eye esi wòkpɔe la, egblɔ nɛ be: ‘Vinyenyɔnu, wò dzi nedze eme, wò xɔse na nèhaya.’” (Mateo 9:22) Le Mose ƒe Sea nu la, ne nyɔnu le nɔnɔme ma tɔgbi me la, mele be wòado ɖe amewo dome, ʋuu keke ahayi asi ka ge ame ŋu o. Ke hã, Yesu medo dziku ɖe eŋu o. Ke boŋ efa akɔ nɛ veveseɖeamenutɔe heyɔe be “vinyenyɔnu.” Aleke nya ma anya na eƒe dzi nadze emee nye esi! Eye aleke gbegbe dzi anya dzɔ Yesu hã be yeda dɔ nɛ enye esi!

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre megbe la, Maria Magdalatɔ kpakple eƒe nusrɔ̃la bubu aɖe si Biblia yɔ be “Maria kemɛ” lae wòɖe eɖokui fia zi gbãtɔ. Yesu ate ŋu aɖe eɖokui afia Petro, Yohanes, alo eƒe nusrɔ̃la bubu siwo nye ŋutsuwo dometɔ ɖeka gbã hafi. Gake ede bubu nyɔnuwo ŋu esi wòna be wonye ame gbãtɔ siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsia megbe. Mawudɔla aɖe gblɔ na nyɔnuawo be woaɖaka nukunu sia ta na Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nye ŋutsuwo. Yesu hã gblɔ na wo be: “Miyi ɖaka eta na [nɔvinye ŋutsuwo].” (Mateo 28:1, 5-10) Edze ƒãa be nazãbubu siwo bɔ ɖe Yudatɔwo dome, siwo ƒe ɖee nye be nyɔnuwo medze aɖi ɖase le ʋɔnu o, la mekpɔ ŋusẽ ɖe Yesu dzi o.

Eya ta eme kɔ be Yesu mebua nazã ɖe nyɔnuwo ŋu alo ɖia gbɔ wo le mɔ aɖeke nu o, ke ɖee wòdea bubu wo ŋu hedea asixɔxɔ wo ŋu boŋ. Yesu ƒe nufiafiawo tsi tsitre ɖe ŋutasesẽ le nyɔnuwo ŋu ŋuti, eye míate ŋu aka ɖe edzi be, ale si wòwɔ nu ɖe wo ŋu la ɖe ale si Fofoa, Yehowa, bua nuwo ŋui la fia bliboe.

Ale Si Mawu Wɔa Nu Ðe Nyɔnuwo Ŋu

“Ablɔɖe si su nyɔnuwo si egbea le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la mesu nyɔnu siwo nɔ Titina Ɣedzeƒe nutowo me la si le blemaɣeyiɣiwo me o. Nɔnɔme si bɔ ɣemaɣie nye be wobua nyɔnuwo be wole ŋutsuwo te abe ale si kluvi bɔbɔna ɖe eƒe aƒetɔ te, kple ɖeviwo ɖe ame tsitsiwo te, ene. . . . Wodea asixɔxɔ ŋutsuviwo ŋu wu nyɔnuviwo, eye wogblẽa vidzĩ siwo nye nyɔnuviwo ɖi bemalémalé na woe wokuna.” Nenemae Biblia ŋuti nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒo nu tso ale si ame akpa gãtɔ wɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu le blemaɣeyiɣiwo me ŋu. Le go geɖe me la, wobua nyɔnuwo abe ale si wobua kluviwoe ene.

Ɣeyiɣi mawo siwo me nɔnɔme mawo xɔ aƒe ɖe dukɔwo ƒe kɔnyinyiwo me la mee woŋlɔ Biblia la. Togbɔ be enɔ nenema hã la, wode asixɔxɔ nyɔnuwo ŋu le Mawu ƒe se siwo le Biblia me la me, si to vovo na nɔnɔme siwo xɔ aƒe ɖe blemadukɔwo ƒe kɔnyinyiwo me la kura.

Ale si Yehowa tsɔa ɖe le nyɔnuwo ƒe dedienɔnɔ me la dze ƒãa le mɔ vovovo siwo nu wòkpɔ esubɔla nyɔnuwo ta le la me. Ekpɔ Abraham srɔ̃ Sara dzetugbe la ta zi eve sɔŋ be ŋutsuwo mede asi eŋu o. (1 Mose 12:14-20; 20:1-7) Mawu ve Yakob srɔ̃, Lea, si womelɔ̃ tututu o la nu to ‘eƒe vidzidɔ ʋuʋu’ me, ale be wòdzi ŋutsuvi. (1 Mose 29:31, 32) Esime Israel nyɔnu mawuvɔ̃la vixela eve de woƒe agbe afɔku me kpɔ Hebritɔwo ƒe vidzĩwo ƒe agbe ta tso wo wuwu le Egipte me la, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye “wòna vi geɖe wo.” (2 Mose 1:17, 20, 21) Eɖo gbe si Xana do ɖa tso dzi blibo me la hã ŋu. (1 Samuel 1:10, 20) Eye esime nyagblɔɖila aɖe srɔ̃, si zu ahosi la, ƒe fetɔ di be yeawɔ viawo kluviwoe le fe si wònyi le eŋu ta la, Yehowa megblẽe ɖe ya me o. Lɔlɔ̃tɔe la, Mawu zã nyagblɔɖila Elisa wòna eƒe ami dzi ɖe edzi be wòate ŋu adzrae atsɔ axe fea bene ɖe nasusɔ, si asu na woa kple eƒe ƒomea. Esia wɔe be meɖu ŋukpe o eye wòkpɔ eƒe ƒomea ta.—2 Mose 22:22, 23; 2 Fiawo 4:1-7.

Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒo nu tsi tsitre ɖe nyɔnuwo tafatafa alo ŋutasesẽ le wo ŋu ŋuti enuenu. Nyagblɔɖila Yeremya gblɔ na Israel viwo le Yehowa ƒe ŋkɔ me be: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye miwɔ nu dzɔdzɔe, mixɔ ame si woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me; migate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, migawɔ funyafunya wo o, eye migakɔ ʋu maɖifɔ ɖe teƒe sia o.’ (Yeremiya 22:2, 3) Do ŋgɔ la, wobu fɔ kesinɔtɔwo kple ame ŋkuta siwo nɔ Israel la le esi woxɔ nyɔnuwo ƒe aƒewo le wo si, hewɔ funyafunya wo viwo ta. (Mixa 2:9) Dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu la kpɔa funyafunya siawo siwo wowɔna ɖe nyɔnuwo kple wo viwo ŋu la, hebua wo be wonye nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe wo ŋu.

“Nyɔnu Zazɛ̃” La

Blema agbalẽŋlɔla aɖe ŋlɔ nu tso nyɔnu zazɛ̃ ŋuti nukpɔsusu si sɔ ŋu ɖe Lododowo ƒe agbalẽa me. Esi wònye be woŋlɔ dɔ siwo srɔ̃nyɔnu wɔna kple eƒe ɖoƒe ŋuti nya nyui sia ɖe Yehowa ƒe Nya la me ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu da asi ɖe nya mawo dzi. Womeɖia gbɔ nyɔnu siawo ƒomevi alo tea wo ɖe anyi kura o, ke ɖee wokpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu, dea bubu ŋu wo, hekana ɖe wo dzi boŋ.

“Nyɔnu zazɛ̃” si ŋu woƒo nu tso le Lododowo ta 31 lia me la nye nyɔnu bibi si doa vevie dɔ wɔna. Ekua kutri tsɔa “eƒe asiwo wɔa dɔ kple dzidzɔ,” etsaa asi, eye wòƒlea anyigbawo gɔ̃ hã. Ebua tame le agble ŋu, eye wòƒlenɛ kã. Etɔa awutewui hedzrana. Asitsalawo xɔa alidziblanuwo tso egbɔ. Etsɔa ŋusẽ blaa ali dzii, eye wòdoa vevie dɔ wɔna. Hekpe ɖe eŋu la, wokpɔa ŋudzedze ɖe ale si wòkea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo nɔa eƒe aɖe dzi la ŋu ŋutɔ. Esia wɔnɛ be srɔ̃a, viaŋutsuwo, kple vevietɔ, Yehowa, dea asixɔxɔ eŋu vevie.

Mele be ŋutsuwo natafa nyɔnuwo, asẽ ŋuta le wo ŋu, alo awɔ gbɔɖiamenu aɖeke ƒomevi ɖe wo ŋu o. Ke boŋ ele be srɔ̃nyɔnu nanye srɔ̃a ƒe “kpeɖeŋutɔ” zazɛ̃ si dzi dzɔna.—1 Mose 2:18.

Mide Bubu Wo Ŋu

Esime Biblia ŋlɔla Petro, si gbɔgbɔ ʋã la nɔ agbalẽ ŋlɔm na srɔ̃ŋutsu Kristotɔwo ku ɖe ale si wòle be woawɔ nu ɖe wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu ŋuti la, exlɔ̃ nu wo be woasrɔ̃ Yehowa kple Yesu Kristo le go sia me. Eŋlɔ bena: “Mi srɔ̃ŋutsuwo hã, miyi edzi mianɔ . . . asixɔxɔ [dem mía srɔ̃wo] ŋu.” (1 Petro 3:7) Asixɔxɔdede ame ŋu lɔ numalɔ̃malɔ̃ le egbɔ kple bubu deto dede eŋu ɖe eme. Eya ta ŋutsu si dea asixɔxɔ srɔ̃a ŋu la meɖia gbɔe, kloa bubu le eŋu, alo wɔa ŋutasẽnu ɖe eŋu o. Ke boŋ etoa eƒe nyagbɔgblɔ kple ale si wòwɔa nu ɖe eŋui—ne woawo ɖeɖe li alo le dutoƒo—dzi ɖenɛ fiana be yelɔ̃ ye srɔ̃a heléa be nɛ.

Asixɔxɔdede ame srɔ̃ ŋu naa dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me. Bu Carlos kple Cecilia ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le woƒe srɔ̃ɖeɖe hena ɣeyiɣi aɖe megbe la, dzre ko wowɔna ɣesiaɣi, eye womekpɔa ta na woƒe nyahehewo gbeɖe o. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko wodzudzɔa nuƒoƒo na wo nɔewo. Womenya ale si woawɔ akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ o. Carlos nye akpasesẽnuwɔla; Cecilia ya nye ame si mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o henye dadala. Gake esi wote Biblia sɔsrɔ̃ henɔ agbe nɔm ɖe nu si srɔ̃m wonɔ nu la, woƒe nɔnɔmea va nɔ kakam ɖe eme. Cecilia gblɔ be: “Yesu ƒe nufiafiawo kple kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi kpe ɖe mía kple srɔ̃nye ŋu míetrɔ míaƒe nɔnɔme. Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ wɔe be mebɔbɔa ɖokuinye hesea nu gɔme na ame geɖe wu. Mesrɔ̃ ale si matrɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hena eƒe kpekpeɖeŋu abe ale si Yesu wɔe ene. Carlos va srɔ̃ asiɖeɖe le nya ŋu kple ɖokuidziɖuɖu le nuwɔwɔ kplim me—edea asixɔxɔ ŋunye abe ale si Yehowa dii ene.”

Togbɔ be srɔ̃tɔ siawo mevo tso kuxiwo katã me le woƒe srɔ̃ɖeɖea me o hã la, woƒe srɔ̃ɖeɖea li ke. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, woto nɔnɔme sesẽwo me—dɔ va ge le Carlos si, eye kansadɔ ɖe fu nɛ, si na wòva hiã be woawɔ dɔ nɛ. Ke hã, kuxi sesẽ siawo meɖe kè le woƒe srɔ̃ɖeɖea te o, ke ɖe woƒe srɔ̃ɖekadodoa me gasẽ ɖe edzi boŋ.

Tso keke esime amegbetɔƒomea va zu ame madeblibo ke la, amewo ɖia gbɔ nyɔnuwo le dukɔ geɖewo me. Wowɔa nu vevi wo, wogbãa dzi na wo, hewɔa gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu madzemadzee. Gake menye aleae Yehowa di be woawɔ nu ɖe wo ŋu o. Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo na wòdze ƒãa be, ele be woade asixɔxɔ kple bubu nyɔnuwo ŋu, metsɔ le dukɔ alo to si me tɔ wonye me o. Esia nye woƒe gome tso Mawu gbɔ.—g08-E 01.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Nyɔnu dɔnɔ aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Samaria nyɔnu aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Maria Magdalatɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yehowa kpɔ Sara ta zi eve

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Carlos kple Cecilia ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo afɔku me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Carlos kple Cecilia egbea