Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawusosroɖa Ŋuti Hehenana Tsea Ku Nyui

Mawusosroɖa Ŋuti Hehenana Tsea Ku Nyui

Mawusosroɖa Ŋuti Hehenana Tsea Ku Nyui

Zi geɖe la, dzila siwo fiaa nu wo viwo tso woƒe vidzĩme ke la kpɔnɛ dzea sii be yewoƒe agbagbadzedzewo tsea ku nyuiwo. Dorian, si nye ɖevi dzaa le Peru, South America la, wɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ esime wòxɔ ƒe ene. Esi wòva te sukudede la, ete ŋu zã Biblia tsɔ ɖe nu si ta meɖua Kristmas o la me na eƒe nufiala kple sukuxɔmehatiwo.

Nyitsɔ laa, esime Dorian xɔ ƒe atɔ̃ la, wobia tso esi be wòaƒo nu tso dzixɔse si le esi ku ɖe vifofowo ƒe azã (Father’s Day [Fête des pères]) ŋu na suku bliboa, le sukuvi 500 ŋkume. Edzra miniti ewo ƒe nuƒo aɖe, si wòtu ɖe Efesotɔwo 6:4 dzi la ɖo, eye wòna tanyae be, “Vifofo Ƒe Agbanɔamedziwo.” Eƒo eƒe nuƒoa ta kple nya siawo be, “le esi míanɔ vifofowo ƒe azã ɖum zi ɖeka le ƒe me teƒe la, ele be mí ɖeviwo míabu mía dzilawo ahaɖo to wo gbe sia gbe.”

Ƒe 1943 mee woɖo Teokrasi Subɔsubɔ Sukua, abe kpekpe siwo Yehowa Ðasefowo wɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la dometɔ ɖeka ene, be woatsɔ akpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu woabi ɖe nuƒoƒo le dutoƒo me. Tso ɣemaɣi la, enye Biblia me hehenana si hã wɔa akpa vevi aɖe le nuxlɔ̃ame si wona dzilawo be woahe wo viwo la me.—Lododowo 22:6.

Le November 2005 me la, Simon, ɖevi si xɔ ƒe ade, le Switzerland (Suisse) la xlẽ Biblia zi gbãtɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Anɔ abe ƒe ɖeka megbe ene la, wobia gbee le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe si ame gbogbo aɖewo de la me. Aleke wòsena le eɖokui me ku ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu?

Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede dzɔa dzi na Simon ŋutɔ, si wɔe be wòdzea agbagba dea kpekpe ɖe sia ɖe, ne ɖeɖi te eŋu hã. Hekpe ɖe eŋu la, ewɔa ɖeka kple eƒe ƒomea me tɔwo le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ɣleti sia ɣleti la, emaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ɖekaɖeka 30 va ɖo 50 na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Gakpe ɖe eŋu la, egblɔa Biblia me nyawo na fofoa si menye Ðasefo o zi geɖe hedea dzi ƒo nɛ be wòawɔ ɖeka kple ƒomea yewoade kpekpeawo.

Ðikeke aɖeke mele eme o be, dzila siwo hea wo viwo “le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me” la kpɔa dzidzɔ geɖe ne wo viwo lɔ̃ xɔ hehe si wona wo hetsea dzɔdzɔenyenye ƒe kuwo.—Efesotɔwo 6:4; Yakobo 3:17, 18.—g07-E 08.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Dorian, le suku

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Simon, le Fiaɖuƒe Akpata me