Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Míevɔ̃na Na Ku?

Nu Ka Tae Míevɔ̃na Na Ku?

Nu Ka Tae Míevɔ̃na Na Ku?

“Kue nye nu dziŋɔtɔ kekeake; elabena eyae nye nuwuwua.”—Aristotle.

EHATIWO bunɛ be enye nyɔnu mawuvɔ̃la, xɔsetɔ adodoe. Ame aɖewo yɔnɛ gɔ̃ hã be “eƒe sɔlemeha ƒe sɔti.” Wofiae be ku menye agbe ƒe nuwuwu o, ke boŋ be enye mɔ si dzi wotona ɖanɔa agbe le xexe bubu aɖe me. Ke hã, esi eya ŋutɔ va ɖo kudo nu la, vɔvɔ̃ na wòtsi dzodzodzoe. Esi ɖikeke na nyɔnua tɔtɔ le eɖokui me ta la, ebia eƒe mawusubɔsubɔ ŋuti ɖaŋuɖola be, “[Dzixɔse] geɖewo li [ku ɖe nu si dzɔna le ku me ŋuti]; aleke míawɔ anya esi nye nyuitɔ?”

Subɔsubɔhawo kple habɔbɔ ɖe sia ɖe kloe xɔ edzi se be amegbetɔwo yia edzi nɔa agbe le ku megbe loo, alo be woagava nɔ agbe godoo. Dzixɔse vovovo siawo dometɔ kae nye nyateƒe? Ame geɖe mexɔ agbenɔnɔ le ku megbe dzi se kura o. Ke wò ya ɖe? Ðe wofia wò be amegbetɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbea? Ðe nèxɔ edzi sea? Ðe nèvɔ̃na na kua?

Vɔvɔ̃ Na Agbemanɔmanɔ Kura

Numekulawo yɔa vɔvɔ̃ na ku be “ku ŋuti dzimaɖitsitsi.” Anɔ abe ƒe blananewoe nye esia la, agbalẽwo kple numekulawo ƒe nyatakaka geɖewo ƒo nu tso nya sia ŋu. Gake ame akpa gãtɔ medina be yewoabu ku ŋu o. Ke hã, esi míenyae be míate ŋu aku ta la, esia ƒonɛ ɖe mía nu be míeva bua ku ŋu godoo. Amegbetɔ ƒe agbe ate ŋu awu enu ɣesiaɣi—ame 160,000 kuna gbe sia gbe le mama dedie nu! Nyateƒe si wònye be amegbetɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aku la doa ŋɔdzi na ame geɖe.

Vɔvɔ̃ na ku ŋuti nunyalawo gblɔ be amewo tsia dzimaɖi ɖe ku ŋu le susu vovovowo ta. Ate ŋu anye vɔvɔ̃ na vevesese, vɔvɔ̃ le nu si tututu ku nye manyamanya ta, vɔvɔ̃ na ale si ku aɖe ame vevi aɖe ƒe agbe ɖa, kple vɔvɔ̃ na nu si ame ŋutɔ ƒe ku agblẽ le ame siwo wòagblẽ ɖe megbe ŋu.

Dzimaɖitsitsi siawo dometɔ si bɔ wue nye vɔvɔ̃ na agbemanɔmanɔ kura. Eŋububu be ku nye agbe ƒe nuwuwu kura doa ŋɔdzi na ame geɖe, metsɔ le subɔsubɔdzixɔse siwo le wo si me o. Nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖo la gaƒlɔa dzo ɖe vɔvɔ̃ sia te. Enye nyateƒe be, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu ɖea míaƒe ŋutinuwo ƒe akpa gãtɔ ƒe dɔwɔwɔ me tsitotsito. Gake nugbagbeŋutinunyala, dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala, alo nuwo ƒe wɔwɔme ŋuti nunyala aɖeke meke ɖe nu makpɔmakpɔ aɖeke ŋu le amegbetɔ ƒe lãme, si yia edzi nɔa agbe le ŋutilãa ƒe ku megbe o. Esia ta dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe gblɔna be, nu gbagbewo ƒe dzɔdzɔmeɖoɖo dzro aɖe koe ku nye.

Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖe siwo ɖenɛ fiana le gaglãgbe be yewoxɔ agbenɔnɔ le ku megbe dzi se vevie gɔ̃ hã ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m le ememe be yewoƒe agbe ava wu enu kura ne yewoku. Eɖe dzesi ŋutɔ be Fia Salomo, si nɔ anyi le blema la, ŋlɔ tso amegbetɔ ƒe ku ŋu be enye agbe ƒe nuwuwu kura; gake nya sia ate ŋu ado ŋɔdzi na ame geɖe.

“Anyi” Koe Míagatrɔ Azu Vavã?

Salomo ŋlɔ ɖe Nyagblɔla ƒe agbalẽa, si wòŋlɔ ƒe 3,000 enye esia la, me be: ‘Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be. Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbe aɖe gbe ke.’ Eŋlɔ yi edzi be: ‘Nu sia nu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afi si yi ge nala o.’—Nyagblɔla 9:5, 6, 10.

Gbɔgbɔ ʋã Salomo wògblɔ be, ‘nya ɖeka tɔgbie dzɔna ɖe amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; ale si esiawo kunae la, nenema kee ekemɛawo hã kunae . . . Amegbetɔ mexɔ asi wu lã o . . . Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.’—Nyagblɔla 3:19, 20.

Togbɔ be Fia Salomo ye ŋlɔ nya mawo hã la, Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋãe wòŋlɔ wo, eye wonye Mawu ƒe Nya, Biblia la, ƒe akpa aɖe. Mawunyakpukpui mawo kple bubu geɖe siwo le Biblia me la mewɔ ɖeka kple dzixɔse si bɔ be, nane le mía me yia edzi nɔa agbe le nɔnɔme bubu me le míaƒe ku megbe o. (1 Mose 2:7; 3:19; Xezekiel 18:4) Ke ɖe Mawu le gbɔgblɔm na mí be, “anyi,” alo agbemanɔmanɔ kura, ye nye amegbetɔwo katã ƒe nuwuwu keŋkeŋ eye mɔkpɔkpɔ aɖeke megali oa? Gbeɖe!

Biblia mefia nu be amegbetɔ ƒe akpa aɖe gakpɔtɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbe o. Ke hã, eƒo nu tso mɔkpɔkpɔ si li na ame siwo ku la ŋu eme kɔ nyuie. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nu si tae mele be nànɔ vɔvɔ̃m na nyateƒe si wònye be ku nye amegbetɔ ƒe agbe ƒe nuwuwu kura o la me.—g07-E 12.

[Aɖaka si le axa 13]

Futɔ Si Nu Ame Aɖeke Mate Ŋu Asi le O

Woyɔa ku be enye amegbetɔ ƒe futɔ. Futɔe wònye vavã, abe ale si nu siwo le dzɔdzɔm ƒo xlã mí ɖo kpe edzii ene. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be ame miliɔn 59 kloe kuna ƒe sia ƒe, si fia be ame 2 kuna le sɛkɛnd ɖe sia ɖe me. Gake aleke gbegbee ku le nu gblẽmee?

▪ Aʋawɔwɔ wɔnɛ be ame ɖeka kuna le sɛkɛnd 102 ɖe sia ɖe me.

▪ Wowua ame ɖeka le sɛkɛnd 61 ɖe sia ɖe me.

▪ Ame ɖeka wua eɖokui le sɛkɛnd 39 ɖe sia ɖe me.

▪ Ame ɖeka kuna le ʋufɔku me le sɛkɛnd 26 ɖe sia ɖe me.

▪ Ame ɖeka kuna le dɔwuame me tsonuwo ta le sɛkɛnd etɔ̃ ɖe sia ɖe me.

▪ Ðevi siwo mekpɔ xɔ ƒe atɔ̃ haɖe o dometɔ ɖeka kuna le sɛkɛnd etɔ̃ ɖe sia ɖe me.

[Aɖaka si le axa 14]

Dagbadagba Ðe Ya Me

Le November 9, 1949, dzi la, James Kidd, si nye akɔblikula si xɔ ƒe 70 eye wònɔ Arizona tonutowo me, le United States (États-Unis) la, bu eye womegakpɔe o. Le ƒe geɖe, esi setɔwo ɖo kpe edzi be ɖe wòku, megbe la, wova ke ɖe eƒe domenyinumaɖoɖo si wòŋlɔ ɖi, kple ga home si nye dɔlar alafa akpe geɖe si wòdzra ɖo la ŋuti ɖaseɖigbalẽwo ŋu. Eŋlɔ ɖe domenyinumaɖoɖo gbalẽa me be woazã ga la atsɔ “awɔ numekuku le dzɔdzɔmeŋutinunya me hena kpeɖoɖo edzi be luʋɔ aɖe li si dona le amegbetɔ me le ku megbe.”

Emegbe kpuie la, ame 100 kple edzivɔ siwo be yewonye numekulawo kpakple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va do be yewoaxɔ ga la atsɔ awɔ numekukuae. Wodzro nya sia me le setɔwo gbɔ hena ɣleti geɖe, eye amewo do susu akpe geɖewo ɖa be yewoatsɔ aɖo kpe edzi be luʋɔ makpɔmakpɔ aɖe li. Mlɔeba la, senyawo gbɔ kpɔlaa ɖe mɔ be woatsɔ ga la ana numekuha xɔŋkɔ eve aɖewo. Le ƒe 50 kple edzivɔ megbe gɔ̃ hã la, numekuha mawo mekpɔ ke ɖe naneke ŋu ‘le dzɔdzɔmeŋutinunya me si aɖo kpe edzi be luʋɔ aɖe li si dona le amegbetɔ me le ku megbe o.’