Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Wòfia Be Srɔ̃ŋutsue Nye Ta?

Nu Kae Wòfia Be Srɔ̃ŋutsue Nye Ta?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Kae Wòfia Be Srɔ̃ŋutsue Nye Ta?

LE DUKƆ geɖe me la, enye nu si bɔ be ŋutsu kple nyɔnu kaa atam na wo nɔewo le woƒe srɔ̃ɖegbe, esime nyɔnua kaa atam be yeade bubu yesrɔ̃ ŋu. Ke hã, nyateƒenya si nye be srɔ̃ŋutsu nanye ta na srɔ̃nyɔnu la ŋububu kua dzi na nyɔnu geɖe. Na míakpɔ nu si Biblia fia ku ɖe nya sia ŋu ɖa. Àkpɔe be nu si Biblia gblɔ tso tanyenye ŋu dɔ wɔwɔ ŋu la da sɔ eye wòɖea vi hã.

Ale Si Mawu Ðoe Be Woawɔ Tanyenyea Ŋu Dɔ

Nya vevi si Biblia gblɔ tso tanyenye ŋu dɔ wɔwɔ ŋu la dze le Efesotɔwo 5:22-24, afi si gblɔ be: “Srɔ̃nyɔnuwo nebɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo, abe ale si woabɔbɔ na Aƒetɔ la ene, elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, abe ale si Kristo la hã nye ta na hame la ene . . . Le nyateƒe me la, abe ale si hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la ene la, srɔ̃nyɔnuwo hã nebɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo [nenema ke] le nu sia nu me.” Esi wònye ŋutsue “nye ta na srɔ̃a” ta la, ŋutsuae wòle na be wòaxɔ ŋgɔ le ƒomea me, eye ele na srɔ̃a be wòawɔ ɖe eƒe mɔfiafia dzi ahade bubu eƒe tanyenye ƒe ɖoƒea ŋu.—Efesotɔwo 5:33.

Esi wòle na srɔ̃ŋutsu ŋutɔ hã be wòabɔbɔ ɖe Mawu kple Kristo te ta la, seɖoƒe li na eƒe tanyenyea ŋu dɔ wɔwɔ. Mekpɔ mɔ ana srɔ̃a nada Mawu ƒe sewo dzi alo ana wòawɔ nu si tsi tsitre ɖe eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ŋu o. Togbɔ be seɖoƒe li na ŋutsua le eƒe tanyenyea ŋu dɔ wɔwɔ me hã la, Mawu tsɔ nyametsotso veviwo wɔwɔ le ƒomea me ƒe agba ɖo eyama dzi.—Romatɔwo 7:2; 1 Korintotɔwo 11:3.

Biblia de se na srɔ̃ŋutsu be wòawɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ ɖokuitɔmadimaditɔe to srɔ̃a ƒe nyonyo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me. Efesotɔwo 5:25 gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta la ene.” Srɔ̃ŋutsu si srɔ̃a Kristo ƒe kpɔɖeŋu si ɖeke mesɔ kpli o, le lɔlɔ̃ɖeɖefia me, la mewɔa eƒe tanyenyea ŋu dɔ ɖokuitɔdiditɔe o.

Gakpe ɖe eŋu la, Biblia bia tso ŋutsu si be wòanɔ anyi kple srɔ̃a ‘le nunya me.’ (1 Petro 3:7) Esia lɔ nu geɖe ɖe eme wu dzesidede vovototo siwo le ŋutsu kple nyɔnu dome le ŋutilã kple seselelãme gome ko. Ele be wòase srɔ̃a ƒe nuhiahiãwo gɔme.

‘Wò Zɔhɛ Wònye’

Ðe srɔ̃nyɔnu ƒe ɖokuibɔbɔ ɖe srɔ̃a te bia be magblɔ eƒe nukpɔsusu oa? Bu Sara, si ŋu Biblia ƒo nu tso be eɖo kpɔɖeŋu nyui na nyɔnuwo le ale si wòbɔbɔ eɖokui na srɔ̃a Abraham ta la ŋu kpɔ. (1 Petro 3:5, 6) Ebɔbɔ eɖokui nɛ le nu gãwo kple nu suewo me, tso dzodzo le aƒe nyui aɖe me aɖazu mɔzɔla siwo nɔa ʋuʋum tso teƒe yi teƒe le agbadɔwo me dzi, va se ɖe biabia tso esi kpata be wòaɖa nu na ame dzrowo dzi. (1 Mose 12:5-9; 18:6) Ke hã, esi ŋkubiãnya aɖe va do mo ɖa la, eɖe eƒe nukpɔsusu si to vovo na Abraham tɔ la gblɔ enuenu. Esia dzɔ esime wònɔ didim be Abraham nanya via ŋutsuvi ŋgɔgbea, Ismael, kple eƒe kosi, Hagai, ɖa le aƒea me. Mawu mebu fɔ Sara o, ke boŋ egblɔ na Abraham be ‘wòaɖo toe.’ Le ɣeyiɣi mawo katã me la, Sara yi edzi bɔbɔ eɖokui ɖe Abraham te to esinukpɔkpɔ be eya ŋutɔ nawɔ nyametsotsoa tsɔ wu be yeanya Hagar kple Ismael do go le ye ɖokui si.—1 Mose 21:8-14.

Sara ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be, le esi srɔ̃ŋutsuwo nanɔ aƒetɔ ɖum ɖe wo srɔ̃wo dzi madzemadzee teƒe la, ɖe wòle boŋ be srɔ̃nyɔnu nanye srɔ̃a ƒe “zɔhɛ,” ɖoƒe si ŋu bubu le. (Maleaxi 2:14) Abe ŋutsua ƒe zɔhɛ ene la, nyɔnua wɔa akpa vevi aɖe le ƒomea ƒe nyametsotsowo wɔwɔ me, eye ŋusẽ aɖe si nu le esi le ƒomea me, si lɔa aƒea me kple ƒomea ƒe ganya aɖewo gɔ̃ hã, gbɔ kpɔkpɔ ɖe eme zi geɖe. Gake esi wònye srɔ̃ŋutsuae nye ƒomea ƒe ta ta la, eƒe agbae wònye be wòawɔ nyametsotso mamlɛa.—Lododowo 31:10-31; 1 Timoteo 5:14.

Bubudede Gɔmeɖoanyila La Ŋu

Yehowa Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu heɖo srɔ̃ɖeɖe anyi abe woƒe ɖekawɔwɔ kadodo kɔkɔe ene. (1 Mose 2:18-24) Egblɔ akpa si wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa nawɔ be woakpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake la na wo.—5 Mose 24:5; Lododowo 5:18.

Esi Yehowae nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila ta la, gome kple ŋutete siaa le esi be wòaɖo dzidzenu siwo dzi woazɔ ɖo le srɔ̃ɖeɖe me la anyi. Srɔ̃tɔ siwo wɔa woƒe akpa dzi, eye wowɔna ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Mawu ɖo anyi la dzi, menye le esi wòɖea vi na wo ɖeɖe ko ta o, ke le esi wodi be yewoade bubu Mawu ŋu ta la, wokpɔa amenuveve kple kpekpeɖeŋu geɖe tso egbɔ.—g08-E 01.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Ame kae ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le tanyenye ŋu dɔ wɔwɔ me?—Efesotɔwo 5:25.

▪ Ðe Mawu ɖo seɖoƒe na srɔ̃ŋutsu ƒe tanyenye ŋu dɔ wɔwɔa?—1 Korintotɔwo 11:3.

▪ Taɖodzinu kae le srɔ̃ɖeɖe kple tanyenye ƒe ɖoɖoa ŋu?—Lododowo 5:18.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Kristo sɔsrɔ̃ le tanyenye ŋu dɔ wɔwɔ me hea dzidzɔ kple dzidzeme vanɛ na ŋutsu kple srɔ̃a siaa