Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Sia Nu Ƒe Nuwuwue Ku Nye Ŋutɔŋutɔa?

Nu Sia Nu Ƒe Nuwuwue Ku Nye Ŋutɔŋutɔa?

Nu Sia Nu Ƒe Nuwuwue Ku Nye Ŋutɔŋutɔa?

ÐEWOHĨ naneke ŋu bubu metɔtɔa ame, si womete ŋu le ta kpɔm na va se ɖe fifia o, de didi be woanya nu si dzɔna le ku megbe nu o. Ƒe akpe geɖewoe nye esia la, tagbɔ ɖaɖɛtɔ geɖewo bu nya sia ŋu le dzidzime vovovowo me. Ke hã, nufiafia kple nyakpakpa gbogbo aɖewo koe xexemenunyalawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo to vae.

Ke Biblia ƒe nufiafiawo ya ɖe? Ðewohĩ ame aɖewo ahe nya be le ku kple agbenɔnɔ le ku megbe ƒe nyawo gome la, ɖeko Biblia ƒe nufiafiawo hã tɔtɔa ame nenema ke. Gake ne míagblɔe tututu la, subɔsubɔha gbogbo siwo tsɔ amebeble kple xotutuwo de ba mo na Biblia ƒe nufiafia nyuiawo lae he tɔtɔ siawo vae. Ne ègbe nu le kɔnyinyiwo kple nyakpakpawo gbɔ eye nèlé ɖe nu si tututu Biblia gblɔ ŋu la, àke ɖe nufiafia siwo me kɔ eye wonaa mɔkpɔkpɔ ame la ŋu.

Hafi Nàva Dzɔ

Le kpɔɖeŋu me, bu Fia Salomo ƒe nya eve siwo míeyɔ tso Nyagblɔla ƒe agbalẽa me le nyati si do ŋgɔ me ŋu kpɔ. Mawunyakpukpui mawo na eme kɔ ƒãa be kukuawo—amegbetɔwo kple lãwo siaa—meganya naneke kura o. Eya ta le Biblia ƒe nya nu la, nuwɔwɔ, seselelãme, alo tamebubu aɖeke meyia edzi le ku me o.—Nyagblɔla 9:5, 6, 10.

Ðe nya sia dzi xɔxɔse sesẽa? Bu eŋu kpɔ ko: Nɔnɔme ka mee amegbetɔ nɔ hafi va dzɔ? Afi kae nènɔ do ŋgɔ hafi dziwòlawo ƒe lãmenugbagbevi nyaŋuiawo va wɔ ɖeka hetsi va zu amegbetɔ, si nye wò? Ne ɖe nu makpɔmakpɔ aɖe le amegbetɔ me si yia edzi nɔa agbe le ku megbe ɖe, afi kae nenem nu ma nɔna hafi wofɔa ame ƒe fu? Nyateƒeae nye be, màɖo ŋku edzi gbeɖe be yenɔ agbe le afi aɖe kpɔ hafi wova dzi ye o. Mènɔ afi aɖeke kpɔ hafi wova fɔ wò fu o. Nya la katã koe nye ema.

Eya ta esɔ nyuie be míaƒo nya ta be ne míeku la, míeganɔa afi aɖeke o, abe ale si ko míenɔ afi aɖeke hafi wodzi mí o ene. Ðeko wòle abe ale si Mawu gblɔ na Adam le eƒe tomaɖomaɖo megbe ene be: ‘Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!’ (1 Mose 3:19) Le go sia me la, amegbetɔwo meto vovo na lãwo o. Nɔnɔme si me ame kukuwo le la sɔ kple nɔnɔme si me lã siwo ku la hã le, abe ale si ko Biblia gblɔe be, “Amegbetɔ mexɔ asi wu lã o” ene.—Nyagblɔla 3:19, 20.

Ðe esia fia be ɖeko wowɔ amegbetɔ be wòanɔ agbe hena ƒe ʋɛ aɖewo ko emegbe wòava nɔ agbemanɔmanɔ ƒe nɔnɔme me tegbeea? Alo ɖe mɔkpɔkpɔ aɖe li na kukuawoa? Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Agbenɔnɔ Ðaa Ƒe Didi Si Le Mía Me

Ku ƒe nya la ɖea fu na ame sia ame kloe. Edze abe ame akpa gãtɔ medina be yewoaƒo nu tso yewo ŋutɔ yewoƒe ku ŋu alo abu eŋu kura o ene. Le go bubu me la, wokpɔa mɔ vovovo siwo nu amewo kuna le la le television dzi kple sinimawo me, eye wosea amewo ƒe kuku ŋuti nyawo alo kpɔa woƒe ku teƒe ŋutɔŋutɔ le nyakakamɔnuwo dzi atraɖii.

Esia wɔe be ame manyamanya aɖe ƒe ku te ŋu dzena na ame abe agbe me nudzɔdzɔ dzro aɖe si dzɔna ɖaa ko ene. Ke hã, ne míaƒe ame vevi aɖe ku alo ne míawo ŋutɔwo míeɖo kudo nu la, mewɔna na mí be enye nu si dzɔna ɖaa kura o. Nu si tae nye be, enye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmedidi vevi be yeanɔ agbe. Azɔ hã, le dzɔdzɔme nu la, míedea dzesii ne ɣeyiɣiwo va le yiyim eye míete ŋu bua etsɔme ʋĩi si seɖoƒe meli na o ŋu. Fia Salomo ŋlɔ be Mawu ‘de mavɔmavɔ dzi me na amegbetɔwo.’ (Nyagblɔla 3:11) Le dzɔdzɔme nu la, míedina be míayi edzi anɔ agbe tegbetegbe, si fia be míedina be nuwuwu nanɔ míaƒe agbe ŋu o. Naneke meɖee fia be didi vevi ma le lãwo hã me o. Womebua etsɔme ŋu kura o.

Ŋutete Deŋgɔ Si Le Amegbetɔ Si

Menye ɖeko amegbetɔwo dina be yewoanɔ agbe tegbee o, ŋutete le wo si hã be woayi edzi anɔ nu vovovo siwo ɖea vi la wɔm tegbee. Edze abe seɖoƒe meli na ame ƒe nusɔsrɔ̃ŋutete o ene. Numekukuwo ɖee fia be naneke mele xexea me si ƒe wɔwɔme goglo, si te ŋu ɖɔa eɖokui ɖo ɣesiaɣi, de amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ nu o. To vovo na lãwo la, nu vovovowo wɔwɔ ƒe ŋutete le míaƒe ahɔhɔ̃a si, si nana míete ŋu bua tame hesea nu siwo womekpɔna kple ŋku o la gɔme. Nu siwo gbegbe míaƒe ahɔhɔ̃ ate ŋu awɔ la ƒe kakɛ aɖe ko ŋue dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo.

Ŋutete sia ƒe akpa gãtɔ kpɔtɔ nɔa mía si ne míele amegã kum. Ahɔhɔ̃ŋutinunyalawo va kpɔe nyitsɔ laa be amegãkuku megblẽa naneke le ahɔhɔ̃a ƒe dɔwɔŋutete ƒe akpa gãtɔ ŋu o. Numekula siwo wɔa dɔ le Franklin Dzɔdzɔmeŋutinunya Ƒe Mɔnu Yeyewo Sɔsrɔ̃ Numekuƒe la ɖe nu me be: “Amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ tea ŋu nɔa tɔtrɔm ɖe nɔnɔmewo ŋu henɔa eɖokui ɖɔm ɖo ɖaa. Le amegãkuɣi gɔ̃ hã la, ahɔhɔ̃a ate ŋu agawɔ ahɔhɔ̃menugbagbevi yeyewo. Zi geɖe la, dɔléle gbɔe ahɔhɔ̃ ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie tsona, eye dɔmawɔmawɔ kple susua mazãmazã gbɔe ŋkuɖoɖo nu dzi kple mɔfiafia ŋutilãa ƒe ŋutetewo ƒe toyiyi le tsitsime hã tsona.”

Ne míagblɔe bubui la, ne míate ŋu ayi edzi anɔ ahɔhɔ̃a ŋu dɔ wɔm ahakpɔ eta tso dɔlélewo me la, ate ŋu ayi edzi anɔ dɔ wɔm ɖaa. Lãmenu suesuewo kple woƒe dɔwɔwɔ ŋuti nunyala, James Watson, si nɔ ame siwo ke ɖe ale si domenyiŋusẽfianu (DNA alo ADN) ƒe wɔwɔme le tututu ŋu, gblɔ be: “‘Ahɔhɔ̃ lae nye nu si ƒe wɔwɔme deŋgɔ wu nu sia nu si ŋu míeke ɖo le míaƒe xexea me.’” Agbalẽ aɖe si ahɔhɔ̃ŋutinunyala, Gerald Edelman, ŋlɔ la ɖe nu me be, míaƒe ahɔhɔ̃a ƒe akpa sue aɖe si ƒe lolome anɔ abe matsesiti ƒe ta goɖoea ko ene la “me yɔ fũu kple ahɔhɔ̃mekadodo biliɔn akpe manyaxlẽwo.”

Ðe susu le eme be ŋutete siawo gbegbe nanɔ amegbetɔ si evɔ wòanɔ agbe hena ƒe ʋɛ aɖewo koa? Ðeko wòle abe ale si susu manɔ eme be woatsɔ ke kui ɖeka ade keteke legbee aɖe si te ŋu sia du sesĩe la me be wòatsɔe aɖe zɔ sentimeta ʋɛ aɖewo ko aɖee da ɖi o ene! Ke, nu ka tae nuwɔwɔ kple nusɔsrɔ̃ ŋutete deŋgɔ ma gbegbe le amegbetɔ si ɖo? Ðe wòanye be, to vovo na lãwo la, womewɔ amegbetɔwo be woaku hafi o, ke boŋ be woanɔ agbe tegbeea?

Mɔkpɔkpɔ Si Tso Mawu Agbenalaa Gbɔ

Nyateƒe si wònye be míedina le dzɔdzɔme nu be míanɔ agbe, kple be nusɔsrɔ̃ŋutete deŋgɔ le mía si la na míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be: Ðe wowɔ amegbetɔ be wòanɔ agbe woadidi sãsãsã wu ƒe 70 alo ƒe 80 ko. Esia kplɔ mí va nyataƒoƒo bubu gbɔ, be: Aɖaŋuwɔla aɖe, Wɔla aɖe, alo Mawu aɖe li kokoko. Dzɔdzɔmese matrɔmatrɔ siwo li kple nu gbagbe vovovo siwo ƒomevi gbegbe le anyigba dzi la ɖo kpe edzi kɔte be Wɔla aɖe li.

Ne nyateƒee wònye be ɖe Mawu wɔ mí be míanɔ agbe tegbee la, ke nu ka tae míekuna ɖo? Eye nu kae dzɔna le ku megbe? Ðe Mawu ɖoe be yeagbɔ agbe ame kukuwoa? Susu anɔ eme be Mawu ŋusẽtɔ kple nunyala naɖo biabia mawo ŋu na mí, eye eɖo wo ŋu na mí hã. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:

Mawu meɖoe tso gɔmedzedzea me be amegbetɔ naku o. Ale si woƒo nu tso ku ŋu le Biblia me zi gbãtɔ la ɖee fia be Mawu meɖoe le gɔmedzedzea me be míaku hafi o. Biblia me nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me ɖee fia be, bene Mawu nana mɔnukpɔkpɔ atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, be woaɖe woƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ afia la, ewɔ dodokpɔ bɔbɔe aɖe na wo. Ebia tso wo si be woagaɖu ati ɖeka aɖe ƒe kutsetse o. Mawu gblɔ be: ‘Gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku ke nàku.’ (1 Mose 2:17) Ne Adam kple Xawa mewɔ nuteƒe le dodokpɔa me o ko hafi woaku. Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be womewɔ nuteƒe na Mawu o, eye esia ta woku. Ale wɔ wohe blibomademade kple ku va amegbetɔƒomea dzi.

Biblia tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Eƒo nu tso ku ŋu abe ‘alɔ̃meyiyi’ ene. (Psalmowo 13:4) Hafi Yesu nafɔ xɔlɔ̃a Lazaro ɖe tsitre la, egblɔ na eƒe apostoloawo be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le ɖiɖim ɖe eme, gake meyina afi ma, be maɖanyɔe tso alɔ̃ me.” Yesu yi ɖanyɔe hã vavã! Biblia gblɔ be esi wòyɔ Lazaro la, eya “ame si ku la do” tso “ŋkuɖodziyɔdo” la me le lãmesẽ nyui me!—Yohanes 11:11, 38-44.

Nu ka tae Yesu tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ ɖo? Elabena ame si le alɔ̃ dɔm la megawɔa naneke o. Ne ame dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ la, meganyaa naneke tso nu siwo le dzɔdzɔm ƒo xlãe, alo tso ɣeyiɣi ƒe zɔɖeɖe ŋu o. Mesea veve alo kpea fu aɖeke o. Nenema kee le ku me la, míeganyaa naneke alo wɔa naneke o. Gake ku gasɔ kple alɔ̃dɔdɔ le go bubu me. Ne ame dɔ alɔ̃ la, mɔkpɔkpɔ li be ava nyɔ. Mɔkpɔkpɔ ma tututu ŋue Biblia ƒo nu tso ku ɖe ame kukuwo ŋu.

Wɔla la ŋutɔ do ŋugbe be: “Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ̃ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe?” (Hosea 13:14) Biblia ƒe nyagblɔɖi bubu gblɔ be Mawu “ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yesaya 25:8) Woyɔa agbegbɔgbɔ ame kukuwo alea be tsitretsitsi.

Afi kae ame siwo woafɔ ɖe tsitre la anɔ agbe le? Abe ale si míegblɔe va yi ene la, amegbetɔwo dina le dzɔdzɔme nu be yewoanɔ agbe ɖaa. Afi kae nàdi be yeanɔ agbe le tegbee? Ðe wòadzɔ dzi na wò be le wò ku megbe la, nàyi edzi anɔ agbe abe xexea me katã ƒe agbeŋusẽ aɖe si menye ame o ƒe akpa aɖe ene, abe ale si subɔsubɔha aɖewo fiaa nui enea? Ðe nàdi be yeatrɔ azu ame bubu kura, ŋkumaɖomaɖo ame si nènye hafi ku la dzia? Ðe wòado dzidzɔ na wò be yeatrɔ adzɔ anye lã alo ati aɖea? Ðe nàlɔ̃ be yeanɔ agbe le xexe aɖe si me vivisese kple nu dodzidzɔname siwo katã me amegbetɔwo kpɔa gome le la dometɔ aɖeke manɔ o la mea?

Ðe mado dzidzɔ na wò boŋ be yeanɔ agbe le anyigba sia si azu paradiso la dzi oa? Ŋugbe ma tututue Biblia do, be míanɔ agbe le anyigba dzi afi sia tegbee. Tameɖoɖo ma tae Mawu wɔ anyigba la ɖo—be ame siwo lɔ̃a eyama hesubɔnɛ le dzidzɔ me la nanɔ edzi tegbee. Esia tae Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmowo 37:29; Yesaya 45:18; 65:21-24.

Ɣekaɣie woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre? Nyateƒe si wònye be wotsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ la ɖee fia be zi geɖe la, womefɔa ame kukuwo ɖe tsitre ne woku teti o. “Alɔ̃dɔdɔ” ƒe ɣeyiɣi aɖe tsoa amea ƒe ku kple ɣeyiɣi si woava fɔe ɖe tsitre la dome. Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hiob bia nya sia le Biblia me be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” Eya ŋutɔ ɖo eŋu be: “Manɔ asiɖeɖe le ŋunye [tso yɔdo me] lalam. [Mawu ayɔm], eye matɔ.” (Hiob 14:14, 15) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye ne ɣeyiɣia de wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre wogava wɔ ɖeka kple woƒe ame veviwo!

Mehiã Be Míanɔ Vɔvɔ̃m Madzemadzee O

Enye nyateƒe be mɔkpɔkpɔ si Biblia na mí la meɖe vɔvɔ̃ na ku ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa o. Ele dzɔdzɔme nu be vevesese kple nuxaxa siwo doa ŋgɔ na ame ƒe ku ɣeaɖewoɣi la nado ŋɔdzi na ame. Susu le eme be nàvɔ̃ be yeava bu yeƒe ame vevi aɖe le ku me. Azɔ hã, enye nu si le dzɔdzɔme nu be nu siwo gbegbe wò ŋutɔ wò ku ate ŋu agblẽ le wò ame veviwo ŋu la nàdo ŋɔdzi na wò.

Ke hã, ale si Biblia ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le me na mí la kpena ɖe mía ŋu be míaƒo asa na vɔvɔ̃ na ku madzemadzee. Mehiã be nàvɔ̃ be gbɔgbɔ vɔ̃wo awɔ fu ye le dzo mavɔ me le ku megbe o. Mehiã hã be nàvɔ̃ be yeava nɔ ŋɔliwo de doblukɔ tsiɖitsiɖi aɖe, afi si wogblɔna be ame kukuwo ƒe luʋɔwo nɔa tsaglãla tsam le tegbetegbe o. Eye mehiã hã be nàvɔ̃ be agbemanɔmanɔ ƒe nɔnɔme aɖe me nɔnɔ tegbee koe le mía lalam le etsɔ me o. Nu ka tae? Elabena seɖoƒe meli na Mawu ƒe ŋkuɖoɖo nu dzi ƒe ŋutete o, eye edo ŋugbe be yeafɔ ame kuku siwo katã le yeƒe susu me la ɖe tsitre, be woanɔ agbe le anyigba sia dzi. Biblia ɖo kpe esia dzi na mí kple nya siawo be: “Mawu enye míaƒe xɔname ƒe Mawu, eye Yehowa, Aƒetɔ la, nya mɔnu le ku ŋu.”—Psalmo 68:21.—g07-E 12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

‘Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!’—1 Mose 3:19

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

‘Mawu de mavɔmavɔ dzi me na amegbetɔwo.’—Nyagblɔla 3:11

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

Àkpɔ Ŋuɖoɖo Na Biabia Siwo Le Asiwò Ku Ðe Ku Ŋu

Enye nyateƒe be menye nyabiase siwo ku ɖe ku kple tsitretsitsi ŋu la katã mee míedzro le nyati siawo me o. Ame geɖe kpɔ ŋuɖoɖo nyuiwo na biabia bubu mawo le esi wolɔ̃ Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kpli wo ta. Míede dzi ƒo na wò hã be nàwɔ nenema. Nyabiase siwo nàkpɔ ŋuɖoɖo na la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

▪ Nu kae nya ‘dzo mavɔ ʋe’ kple “dzota” siwo dze le Biblia me la fia?

▪ Ne dzo mavɔ aɖeke meli o ɖe, ke tohehe kae li na ame vɔ̃ɖiwo?

▪ Biblia gblɔ be ne ame ku la, eƒe gbɔgbɔ dona le eme. Nu kae nye gbɔgbɔ ma?

▪ Nu ka tae míesea nyatakaka gbogbo aɖewo be amewo ƒo nu kple ame kukuwo?

▪ Gɔmesese kae le nya “luʋɔ” si dze le Biblia me la si?

▪ Ɣekaɣie woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre hena agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi?

▪ Ðe woafɔ ame siwo katã ku la ɖe tsitre, metsɔ le agbe si ƒomevi wonɔ hafi ku me oa?

Taflatse, kpɔ magazine sia ƒe megbekpaa dzi be nànya ale si nàwɔ akpɔ Biblia me ŋuɖoɖo siwo me kɔ na biabia siawo dometɔ ɖe sia ɖe.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Yesu gblɔ be ‘yeanyɔ Lazaro tso alɔ̃ me’

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Kpɔ dzidzɔ si gbegbe wòanye ne wofɔ míaƒe ame vevi siwo ku ɖe tsitre ɖa!