Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wolɔ̃nɛ Wu Fefenu Ðe Sia Ðe

Wolɔ̃nɛ Wu Fefenu Ðe Sia Ðe

Wolɔ̃nɛ Wu Fefenu Ðe Sia Ðe

Ðe agbalẽ ate ŋu ado dzidzɔ na ɖevi suewo wu fefenuwoa? Ɛ̃, nenye be dzilawo te nuxexlẽ na wo tso woƒe vidzĩme ke. Srɔ̃tɔ siwo nye Mebrahtu kple Angela, siwo le California, United States (États-Unis) la, te agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ xexlẽ na wo vinyɔnuvi vidzĩ la, esi dadaa dzii hegbɔ tso kɔdzi teti ko.

Dzilaawo ŋlɔ bena: “Nu si do tso emee nye be, eva lɔ̃ Nufiala gbalẽa ale gbegbe. Esi wòxɔ ɣleti 12 pɛ ko la, ete biabia be míaxlẽ agbalẽ sia si eya ŋutɔ yɔna be Yesu gbalẽ la na ye. Julianna xɔ ƒe etɔ̃ fifia, eye ekpɔa mɔ na woa kple Dadaa kpakple Fofoa ƒe nusrɔ̃ɣi si doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ la vevie gbe sia gbe. Menye amiɖeɖe ɖe nyae wònye esi míegblɔ be mía vinyɔnuvi suea lɔ̃a agbalẽ wu fefenu ɖe sia ɖe o. Fotoawo kple kpɔɖeŋu siwo le agbalẽa me la nye nufiafiamɔnu nyui aɖe ŋutɔ le wo ɖokui si. Nufiafia geɖe le eme na mí dzilaawo ŋutɔ hã.”

Àte ŋu adɔ axa 256 gbalẽ dzeani sia si le amadede vovovo me, si ƒe lolome le abe magazine sia tɔ ene, la ƒe ɖeka. Nu si ko nàwɔe nye be nàkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo, eye nàɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo nàɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g08-E 01.

❑ Medi be miaɖo agbalẽ si dze le afi sia la ɖeka ɖem.

Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si nèdi.

❑ Taflatse, miva wɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.