Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Tsɔa Nu Vɔ̃ Gãwo Kena?

Ðe Mawu Tsɔa Nu Vɔ̃ Gãwo Kena?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Mawu Tsɔa Nu Vɔ̃ Gãwo Kena?

NUBLANUIKPƆKPƆ nye Mawu ƒe nɔnɔme veviwo dometɔ ɖeka. (Psalmo 86:15) Aleke gbegbee Mawu kpɔa nublanui? Hakpala aɖe ŋlɔ bena: ‘Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ame ka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke vavãtɔ le, ne woavɔ̃ wò.’ (Psalmo 130:3, 4) Míexlẽ le teƒe bubu hã be: ‘Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe. Ale si fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.’—Psalmo 103:12-14.

Eme kɔ ƒãa be nublanuikpɔkpɔ yɔ Yehowa fũu, metea eƒe nublanuikpɔkpɔ ame o, eye ebua afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo kple míaƒe blibomademadewo ŋu—eɖoa ŋui be “kewɔ” míenye. Bu Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo siwo ɖe ale si gbegbe Mawu kpɔa nublanuie fia ŋu kpɔ.

Apostolo Petro gbe nu le Kristo gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. (Marko 14:66-72) Esime apostolo Paulo nye dzimaxɔsetɔ la, eti Kristo yome dzelawo yome vevie. Ne wole kufia tsom na wo dometɔ aɖewo la, Paulo hã lɔ̃na ɖe edzi. Eda asi ɖe wo dometɔ ɖeka wuwu dzi gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 8:1, 3; 9:1, 2, 11; 26:10, 11; Galatiatɔwo 1:13) Hafi Korinto hamea me tɔwo dometɔ aɖewo nava zu Kristotɔwo la, wonye ahamulawo, adzodalawo, kple fiafitɔwo. (1 Korintotɔwo 6:9-11) Ke hã, Mawu va kpɔ ŋudzedze ɖe ame siawo katã ŋu. Nu ka tae Mawu tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo?

Afɔɖeɖe Etɔ̃ Siwo Naa Mawu Kpɔa Nublanui Na Ame

Paulo ŋlɔ bena: “Wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me, le dzimaxɔse me.” (1 Timoteo 1:13, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Nyateƒenya sia si wògblɔ la kpe ɖe mía ŋu míekpɔ afɔ gbãtɔ si wòle be ame naɖe hafi Mawu natsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee la dze sii, eyae nye vovo tso numanyamanya si me, to Yehowa kple eƒe dzidzenuwo ŋuti sidzedze xɔxɔ abe ale si wòdze le Biblia mee ene me. (2 Timoteo 3:16, 17) Kakaɖedzitɔe la, ne míenya mía Wɔlaa nyuie o la, míate ŋu adze eŋu o. Yesu gblɔ le gbe aɖe si wòdo ɖa na Fofoa me be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.

Ne sidzedze ma va su dzi anukwaretɔwo si la, wosea veve ɖe agbe baɖa si wonɔ va yi la ta vevie eye esia ʋãa wo woɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fiana. Emae nye afɔɖeɖe evelia si naa Mawu tsɔa nu vɔ̃ kea ame. Dɔwɔwɔwo 3:19 gblɔ be: “Mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa.”

Mawunyakpukpui ma kee tɔ asi afɔɖeɖe etɔ̃lia dzi esi wògblɔ be “migbugbɔ.” Be ame nagbugbɔ fia be wòaɖe asi le agbenɔnɔ kple nɔnɔme gbegblẽ siwo nɔ esi tsã la ŋu eye wòanɔ agbe nɔm ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu ahanɔ nuwo ŋu bum abe ale si Mawu bua woe ene. (Dɔwɔwɔwo 26:20) Kpuie ko la, amea ɖenɛ fiana to eƒe agbenɔnɔ dzi azɔ be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ esime wògblɔ na Mawu be, “Meɖe kuku, tsɔe kem.”

Seɖoƒe Li Na Mawu Ƒe Tsɔtsɔke

Mawu metsɔa ame aɖewo ƒe nu vɔ̃wo kea wo o. Paulo ŋlɔ bena: “Ne nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ su mía si, hafi míegaɖoa nu vɔ̃ nɔa wɔwɔm la, ekema vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na [fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃] aɖe li.” (Hebritɔwo 10:26, 27) Nyagbɔgblɔ ‘gaɖoa nu vɔ̃ nɔa wɔwɔm’ ɖee fia be vɔ̃ɖinyenye ƒo ke ɖe to ɖe amea me, eye be dzi vɔ̃ɖi le esi.

Dzi vɔ̃ɖi ma ƒomevie va nɔ Yuda Iskariot si. Yesu gblɔ be: “Anyo nɛ wu ne ɖe womegaxae dzi o.” (Mateo 26:24, 25) Yesu gblɔ tso subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me dometɔ aɖewo ŋu be: “Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me . . . Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.” (Yohanes 8:44) Vɔ̃ɖinyenye ƒo ke ɖe to ɖe ame mawo me abe Satana ke ene. Womese veve ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la ta o, ke boŋ woƒe dzi me gasẽ ɖe edzi ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu. * Ele eme be amegbetɔ ƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔ wɔnɛ be Kristotɔ vavãwo gɔ̃ hã wɔa nu vɔ̃, eye ɖewo nyea ŋkubiãnya ɣeaɖewoɣi hã. Gake woƒe vodadawo mefia be dzi vɔ̃ɖi le wo si o.—Galatiatɔwo 6:1.

Enye Nublanuikpɔla Yi Ðase Ðe Ku Me

Menye nu vɔ̃ si ƒomevi ame wɔ ŋu koe Yehowa léa ŋku ɖo o, ke eléa ŋku ɖe nɔnɔme si nu vɔ̃ wɔlaa ɖe fia hã ŋu. (Yesaya 1:16-19) De ŋugble tso nu vɔ̃ wɔla eve siwo woklã ɖe ati ŋu le Yesu xa la ŋu kpɔ. Anɔ eme be woa kple evea siaa wɔ nu vlo dziŋɔ geɖewo, elabena wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Míele nu siwo míedze na le nu siwo míewɔ ta la xɔm bliboe; gake ame sia [Yesu] ya mewɔ nu tovo aɖeke o.” Nu vɔ̃ wɔlaa ƒe nya siawo ɖee fia be enya nanewo tso Yesu ŋu. Eye esia kpe ɖe eŋu wòwɔ tɔtrɔ ɖedzesi le eƒe nɔnɔme ŋu. Esia dze le nya siwo wògblɔ kplɔe ɖo la me esime wòƒo koko na Yesu be: “Ðo ŋku dzinye ne èɖo wò fiaɖuƒe la me.” Aleke Kristo wɔ nu ɖe kokoƒoƒo nɛ tso dzi blibo me alea ŋu? Egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be: Ànɔ Paradiso me kplim.”—Luka 23:41-43.

Bu eŋu kpɔ: Nublanuikpɔkpɔ dze le nya mamlɛtɔ mawo siwo Yesu gblɔ le eƒe agbenɔnɔ abe amegbetɔ ene, siwo wògblɔ na ŋutsu aɖe si lɔ̃ ɖe edzi be yedze na ku, la me. Aleke gbegbe wòde dzi ƒo na amee nye esi! Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu Kristo kple Fofoa, Yehowa, siaa akpɔ nublanui na ame siwo katã ɖea dzimetɔtrɔ vavãtɔ fiana, nu baɖa ka kee woɖawɔ va yi o.—Romatɔwo 4:7.—g08 02-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Nya kae nàgblɔ tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu?—Psalmo 103:12-14; 130:3, 4.

▪ Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi Mawu nakpɔ nublanui nɛ?—Yohanes 17:3; Dɔwɔwɔwo 3:19.

▪ Ŋugbe kae Yesu do na nu vɔ̃ wɔla aɖe si woklã ɖe ati ŋuti?—Luka 23:43.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Kpɔ nyati si nye “Ðe Nèwɔ Nu Vɔ̃ Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ŋua?” si dze le July 15, 2007 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 16-20.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Yesu ɖee fia be woate ŋu atsɔ nu vɔ̃ gãwo ake