Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkeke Mamlɛawo—Ɣekaɣie?

Ŋkeke Mamlɛawo—Ɣekaɣie?

Ŋkeke Mamlɛawo—Ɣekaɣie?

MAGAZINE si nye Sky & Telescope ƒe tata aɖe si do nyitsɔ laa la gblɔ be: “Le ƒe miliɔn akpe ɖeka kple edzivɔ aɖewo megbe la, míaƒe Anyigba la ava zu gbegbe si dzi aƒu kplakplakpla. Manya wɔ be lãwo kple nu miemiewo natsi agbe o.” Nu ka tae? Magazine si nye Astronomy gblɔ be: “Ɣea ƒe keklẽ nu ava sẽ ale gbegbe be atsiaƒuwo katã amie eye anyigba la dzi aƒu kplakplakpla.” Magazinea yi edzi gblɔ be: “Menye nyateƒenya si doa ŋɔdzi na ame koe nu dziŋɔ sia nye o, ke enye nu si nu míate ŋu asi le o, adzɔ godoo.”

Gake Biblia ya gblɔ be: “[Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.” (Psalmo 104:5) Kakaɖedzitɔe la, ŋutete le anyigba la Wɔla la si be wòalée ɖe te hã. Le nyateƒe me la, “ɖe wòwɔe, . . . be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Gake menye ɖee wòɖoe be amegbetɔ vɔ̃ɖi siwo kuna nanɔ edzi o. Mawu ɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi si me wòagbugbɔ aɖo eƒe dziɖuɖu anyi to Fiaɖuƒe si ŋu woƒo nu tso le Daniel 2:44 la dzi.

Yesu ɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒe la ŋu. Eƒo nu tso ɣeyiɣi si me woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo kple amegbetɔwo katã la ŋu. Exlɔ̃ nu tso xaxa aɖe si nu asẽ wu xaxa ɖe sia ɖe si va amegbetɔwo dzi kpɔ la ŋu. Eye wòƒo nu tso nu siwo aƒo kpli anye dzesi si aɖee afia be xexe sia ƒe nuwuwu tu aƒe la hã ŋu.—Mateo 9:35; Marko 13:19; Luka 21:7-11; Yohanes 12:31.

Nyateƒe si wònye be ame ŋkuta abe Yesu ene ye gblɔ nya mawo la na ame geɖewo bua tame le nudzɔdzɔ siwo ŋu nya wògblɔ ɖi la ŋu vevie. Ɣekaɣie nu siawo adzɔ? Ame aɖewo to nyagblɔɖi kple ɣeyiɣi kɔntabubu siwo le Biblia me la me dzodzro dzi tee kpɔ be yewoanya ɣeyiɣi si tututu nuwuwua ava. Ame siawo dometɔ aɖe si wɔ numekuku tso nya sia ŋu ye nye ƒe alafa 17 lia me akɔntanyalagã Aƒetɔ Isaac Newton, si ke ɖe dzɔdzɔmenuheŋusẽ si kpɔa ŋusẽ ɖe nuwo katã dzi le xexea me la ŋu heganye ame si to akɔntabumɔnu deŋgɔ si woyɔna be calculus alo calcul intégral la vɛ.

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Menye miaƒe nyae wònye be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu la o.” (Dɔwɔwɔwo 1:7) Eye esime Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe “anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la” ƒe dzesi ŋu la, egblɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.” (Mateo 24:3, 36) Emegbe esi Yesu tsɔ xexe vɔ̃ɖi si nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me la ƒe tsɔtsrɔ̃ sɔ kple tsɔtsrɔ̃ si ava le “Amegbetɔvi la ƒe [anyinɔɣi]” vɔ la, egblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.”—Mateo 24:39, 42.

Eya ta togbɔ be womeɖe ɣeyiɣi si tututu “nuɖoanyi” sia ƒe nuwuwua ava la fia mí o hã la, “dzesi” si Yesu gblɔ ɖi la akpe ɖe mía ŋu míanya ne míeva ɖo ɣeyiɣi si woyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la me. (2 Timoteo 3:1) Anye ɣeyiɣi si me wòahiã be ‘míanɔ ŋudzɔ’ le bene ‘míate ŋu asi le nu siawo katã siwo adzɔ la nu.’—Luka 21:36.

Hafi Yesu naƒo nu tso dzesia ŋu la, exlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie be woagakplɔ mi atrae o; elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ dzi agblɔ be: ‘Nyee nye ame ma,’ eye be: ‘Ɣeyiɣi la gogo.’ Migadze wo yome o. Eye ne miese aʋawɔwɔwo kple zitɔtɔwo ŋu nya la, dzika negatso mia ƒo o. Elabena ele be nu siawo nava eme gbã, gake nuwuwu la maɖo enumake o.”—Luka 21:8, 9.

Nu Kae Nye Dzesi La?

Yesu yi edzi ƒo nu tso nu siwo ade dzesi ŋkeke mamlɛawo la ŋu gblɔ be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo, eye ŋɔdzidonuwo kple dzesi gãwo latso dziƒo.” (Luka 21:10, 11, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Yesu gblɔ hã be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Menye nu madzɔkpɔwoe aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu, dɔvɔ̃, kple nuɖuɖu ƒe veve, siwo Yesu gblɔ be woava dzɔ la nye o. Wonye nu siwo dzɔna tso keke amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke. Gake nu si to vovoe nye be nu siawo katã anɔ dzɔdzɔm le ɣeyiɣi aɖe koŋ me.

Bia ɖokuiwò be, ‘Ɣekaɣie nudzɔdzɔ siawo siwo katã ŋu woƒo nu tso le Nya Nyui Gbalẽawo me la va eme le ɣeyiɣi ɖeka aɖe me?’ Tso ƒe 1914 me ke la, amegbetɔwo kpɔ xexemeʋa dziŋɔwo teƒe; anyigbaʋuʋu gãwo, abe tsunami ene, dzɔ hegblẽ nu ale gbegbe; dɔvɔ̃wo abe asrãdɔ, wɔɖi, ɖikanaku (AIDS alo SIDA) ene gblẽ nu yi teƒeteƒewo; ame miliɔn geɖe le kukum le dɔwuame ta; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ va xɔ aƒe ɖe ameƒomea me le nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze ŋɔdzitɔe kple aʋawɔnu siwo tsrɔ̃a ame gbogbowo ɖa zi ɖeka ƒe dzidziɖedzi ta; eye Yehowa Ðasefowo hã le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe la ŋuti nya nyuia le xexea me katã. Nu siawo va eme abe ale si tututu Yesu gblɔe ɖi ene.

Ðo ŋku edzi hã be apostolo Paulo ŋlɔ ɖi bena: “Nya esia be, le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu, ame siwo si ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme le, gake womenɔa agbe ɖe eƒe ŋusẽ nu o.” (2 Timoteo 3:1-5) Ɛ̃, “ɣeyiɣi sesẽ,” siwo me sedzimawɔmawɔ, mawumavɔ̃mavɔ̃, ŋutasesẽ, kple ɖokuitɔdidi nuwɔnawo anɔ agbogbo dom la aɖe dzesi ƒãa le anyigbaa katã dzi. *

Gake ɖe wòanye be “ŋkeke mamlɛawo,” siwo ŋu nya wogblɔ ɖi, siwo ado ŋgɔ na nuwuwua la le etsɔ me ʋĩa? Ðe kpeɖodzi bubu aɖewo li siwo de dzesi woƒe gɔmedzedzea?

Ɣekaɣie Wòle Be “Nuwuɣi” La Nadze Egɔme?

Esime woɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le etsɔ me ʋĩ ƒe ŋutega fia Daniel vɔ megbe la, wogblɔ nɛ be: ‘Le ɣemaɣi [si nye le “nuwuɣi,” si ŋuti woƒo nu tso le Daniel 11:40] la, amegãwo ƒe tatɔ Mixael [Yesu Kristo], ame si le mia deviwo nu la, ado.’ (Daniel 12:1) Nu kae Mixael awɔ?

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Mixael ado abe Fia ene la ŋu. Egblɔ be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, gake meɖu dzi o, eye womegakpɔ teƒe aɖeke hã na wo le dziƒo o. Eya ta wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu. Esia ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo le wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.”—Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12.

Biblia ɖee fia be aʋa sia si wowɔ tsɔ ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒowo la, ahe fukpekpe gãwo ava anyigba dzi, elabena dzi le Abosam kum vevie le esi wònyae be ɣeyiɣi si susɔ be yeaɖu anyigbaa dzi la le ʋɛ ŋutɔ ta. Eƒe dzikua nu anɔ sesẽm ɖe edzi le ŋkeke mamlɛawo me va se ɖe esime woaɖu edzi keŋkeŋ le Harmagedonʋa la me.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:11, 15; 20:1-3.

Esi apostolo Yohanes ƒo nu tso nu siwo ado tso aʋa ma si wowɔ le dziƒo me ŋu vɔ megbe la, egblɔ be: “Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, ‘Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kpakple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo; elabena wotsɔ mía nɔviawo nutsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la, ƒu gbe.’” (Nyaɖeɖefia 12:10, Agbenya La) Ède dzesii be mawunyakpukpui sia ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe si nu Kristo anɔ la ɖoɖo anyia? Ɛ̃, woɖo Dziƒofiaɖuƒe ma anyi le ƒe 1914 me. * Gake abe ale si Psalmo 110:2 ɖee fia ene la, Yesu aɖu fia “le [eƒe] futɔwo titina” va se ɖe esime Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu nakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba blibo la dzi abe ale si wòwɔe le dziƒo ene.—Mateo 6:10.

Enyo ŋutɔ be míade dzesii be mawudɔla si gblɔ nu siwo adzɔ na Daniel la gagblɔ hã be: ‘Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye nàtre agbalẽ la nu va se ɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze vavãtɔ adzi ɖe edzi.’ (Daniel 12:4) Esia ganye kpeɖodzi bubu be “nuwuɣi” la mee míele fifia. Mawu na amewo nya nyagblɔɖi siawo ƒe gɔmesese xoxo eye wòna wole ekakam le xexea me godoo. *

Ɣekaɣie “Ŋkeke Mamlɛawo” Awu Enu?

Biblia megblɔ ɣeyiɣi didi si tututu ŋkeke mamlɛawo axɔ o. Gake nu si adzɔ le ŋkeke mamlɛawo mee nye be, ne Satana ƒe ɣeyiɣia le vɔvɔm la, nuwo anɔ gbegblẽm ɖe edzi le anyigba dzi. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi, woanɔ amewo kplɔm anɔ tatram, eye woanɔ woawo hã kplɔm anɔ tatram.” (2 Timoteo 3:13) Eye esime Yesu nɔ nu ƒom ku ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ŋuti la, egblɔ be: “Ŋkeke mawo anye xaxa, si tɔgbi meva kpɔ tso nuwɔwɔ siwo Mawu wɔ la ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣemaɣi o la, ƒe ŋkeke, eye magava ake o. Le nyateƒe me la, ne Yehowa metso ŋkeke mawo dzi o la, ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o. Gake le ame tiatia siwo wòtia ta la, etso ŋkeke mawo dzi.”—Marko 13:19, 20.

Nudzɔdzɔ siwo le ŋgɔ gbɔna la dometɔ aɖewoe nye “xaxa gã” la, si me Harmagedon ƒe aʋa la hã adzɔ le, kple mɔxexe ɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nu be woagakpɔ ŋusẽ ɖe anyigba la dzi o. (Mateo 24:21) “Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la” ka ɖe edzi na mí be nu siawo ava eme. (Tito 1:2) Harmagedonʋa la kple Satana dede aʋli me anye afɔ si Mawu aɖe la me tsonuwo.

Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ nu si tututu adzɔ do ŋgɔ teti na tsɔtsrɔ̃ si Mawu ahe vae la na mí. Eŋlɔ le “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ŋu be: “Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna abe ale si tututu fiafitɔ vana le zã me ene. Ne wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ la, ekema tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi abe ale si fuɖuame va lilia funɔ ene; eye womate ŋu asi le mɔ aɖeke nu o.” (1 Tesalonikatɔwo 5:1-3) Womegblɔ nu si koŋ ana woado ɣli alakpatɔe be, “ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” o, eye ɖewohĩ míava nya le etsɔ me; gake esia mate ŋu axe mɔ na Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ƒe vava o. *

Ne míeka ɖe edzi be nyagblɔɖi siawo nye nyateƒe la, ele be nyateƒenya siawo nyanya naʋã mí míawɔ afɔɖeɖe. Nu kae míawɔ? Petro ɖo eŋu be: “Esi woalolõ nu siawo katã ta la, ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me, eye mialala, eye miaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu.” (2 Petro 3:11, 12) Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Viɖe kae esia anye nam?’ Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia sia ŋu.—g08 04-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Kpɔ April 2007 ƒe Nyɔ!, Yevugbe me tɔ ƒe axa 8-10, September 15, 2006, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 4-7, kpakple October 1, 2005, tɔ, axa 4-7, hena “ŋkeke mamlɛawo” ŋuti numeɖeɖe bubuwo. Yehowa Ðasefowoe ta wo.

^ mm. 18 Kpɔ numeɖeɖe bubuwo ku ɖe Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe axa 215-18. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 19 Kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!, kpakple agbalẽ si nye 2008 Yearbook of Jehovah’s Witnesses (2008 Annuaire des Témoins de Jéhovah), axa 31-9. Yehowa Ðasefowoe ta wo.

^ mm. 23 Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! (2006 ƒe tataa), axa 250-1, memama 13 kple 14.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

YESU GBLƆ BE MAWU ÐEÐE KOE NYA “ŊKEKE MA KPLE GAƑOƑO MA”

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Aƒetɔ Isaac Newton

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© A. H. C./age fotostock

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Dzesi si Yesu gblɔ ɖi la va dze kɔtɛ tso ƒe 1914 me

[[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Heidi Bradner/Panos Pictures

© Paul Smith/Panos Pictures