Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkeke Mamlɛawo—Nu Ka Ƒe Ŋkeke Mamlɛawo?

Ŋkeke Mamlɛawo—Nu Ka Ƒe Ŋkeke Mamlɛawo?

Ŋkeke Mamlɛawo—Nu Ka Ƒe Ŋkeke Mamlɛawo?

WOŊLƆ klã ɖe fiase aɖe ŋu be: “Ŋkeke Mamlɛawoe Nye Esiawo.” Nu si wòfia gɔme sese mesesẽ o. Ate ŋu afia be ɣeyiɣi siwo me woɖe nuwo ƒe asi dzi kpɔtɔ le fiasea me la le enu wu ge loo, alo be wole fiasea ŋutɔ tu ge. Ke ne ame aɖe gblɔ be, “Ŋkeke mamlɛawo mee míele ya ɖe”? Nu kae wòfia?

Ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔe nye esia tso esime woƒo nu tso “ŋkeke mamlɛawo” alo “nuwuɣi” ŋu le Biblia me. (2 Timoteo 3:1; Daniel 12:4) Ƒe 2,500 kple edzivɔwoe nye esia la, nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega aɖewo siwo me woɖe xexe me dziɖuɖuwo kple hoʋiʋli siwo ayi edzi le wo dome va se ɖe “nuwuɣi” la fiae. Wogblɔ nɛ be nuwuɣia mee woana amewo nase ŋutega siawo gɔme. (Daniel 8:17, 19; 11:35, 40; 12:9) Daniel ŋlɔ ɖi hã be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Yesu Kristo ƒo nu tso “nuwuwu la” ŋu esime wònɔ nya si wobiae ku ɖe eƒe “anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” ŋu la ŋu ɖom. (Mateo 24:3-42) Edze ƒãa be Daniel kple Yesu siaa nɔ nu ƒom tso tɔtrɔ ɖedzesi aɖe si alɔ ame siwo katã le anyigba dzi kple ame siwo nɔ anyigba sia dzi kpɔ la ɖe eme ŋu. Daniel ŋlɔ nu tso anyigba dzi dziɖuɖuwo katã ƒe nuwuwu ŋu. Yesu ƒo nu tso “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la” ŋu.

Ðe wòle be nàtsɔ ɖe le nya sia mea? Ɛ̃. Ele be ameƒomea katã natsɔ ɖe le eme, elabena elɔ mí katã ɖe eme. Ke hã, ame aɖewo mebua nya sia nya vevii o. Biblia gblɔ ɖi be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava kple woƒe fewuɖuɖu, eye woawɔ nu le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, ahanɔ gbɔgblɔm be: ‘Afi ka eƒe anyinɔnɔ sia si ŋugbe wodo la le? Kpɔ ɖa, tso ŋkeke si dzi mía tɔgbuiwo dɔ alɔ̃ le ku me la, nuwo katã le edzi yim abe ale si tututu ko wonɔ tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la ene.’” (2 Petro 3:3, 4) Ɛ̃, ame aɖewo susuna egbea be nu siwo dzɔna tso blema ke la koe gale dzɔdzɔm egbea, eye be nenema koe agbenɔnɔ ayi edzi yi ɖe mavɔmavɔ me.

Ðe kpeɖodzi aɖe li be ŋkeke mamlɛ siwo ŋu Biblia ƒo nu tso la mee míele vavã? Na míakpɔe ɖa.—g08 04-E.