Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkeke Mamlɛawo—Nu Kae Adzɔ Ðe Wo Yome?

Ŋkeke Mamlɛawo—Nu Kae Adzɔ Ðe Wo Yome?

Ŋkeke Mamlɛawo—Nu Kae Adzɔ Ðe Wo Yome?

“ŊKEKE MAMLƐAWO” ŋu bubu ɖeɖe dzaa doa ŋɔdzi na ame aɖewo. (2 Timoteo 3:1) Ɣeyiɣi sesẽwo koe vaa susu me na wo ne wose wo ŋu nya. Ke nu ka tae ame geɖe siwo nɔ anyi le dzidzime vovovowo me ya kpɔ mɔ na ɣeyiɣi sia ɖo? Nu si tae nye be ne ŋkeke mamlɛawo wu enu la, ɣeyiɣi nyuiwo ava ɖe wo yome.

Le kpɔɖeŋu me, Aƒetɔ Isaac Newton ka ɖe edzi be ne ŋkeke mamlɛawo wu enu la, ŋutifafa kple nudzedziname axɔ aƒe ɖe anyigba katã dzi le Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua te. Egblɔ be nyagblɔɖi siwo le Mixa 4:3 kple Yesaya 2:4 la ava eme ɣemaɣi be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.”

Esime Yesu ƒo nu tso ŋkeke mamlɛawo ŋu la, ede dzi ƒo na eyomedzelawo be woanɔ dzidzɔmɔkpɔkpɔ me. Esi wòƒo nu tso nɔnɔme sesẽ, dzimaɖitsitsi, kple vɔvɔ̃ si anɔ anyi le xaxa gã la me ŋu vɔ la, egblɔ be: ‘Ne nu siawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.’ (Luka 21:28, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Ðeɖe tso nu ka me?

Nu Si Ƒe Ŋugbe Mawu Do

Aʋawɔwɔwo, dukɔmeviʋawo, nu vlo wɔwɔwo, hlɔ̃dodowo, kple dɔwuame nye nu siwo le fu wɔm ameƒomea egbea la dometɔ ʋɛ aɖewo ko, siwo na ŋɔdzi lé ame miliɔn geɖewo. Ðe nu siawo dometɔ aɖe gblẽ nu le ŋuwòa? Ekema kpɔ ŋugbe siwo Mawu do la ɖa:

“Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

“Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.”—Yesaya 32:18.

‘Yehowa tsia aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!’—Psalmo 46:10.

‘Wo dome ame sia ame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.’—Mixa 4:4.

“Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.”—Psalmo 72:16.

‘Ke ame si ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.’—Lododowo 1:33.

Ne tomefafa kple dziɖeɖi le afi si mía dometɔ aɖewo le gɔ̃ hã la, enye nyateƒe be dɔléle kple ku ava dze ŋgɔ mí godoo. Nu siawo hã maganɔ anyi le Mawu ƒe xexe yeyea me o. Eya ta míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be míagava kpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ake. Kpɔ ŋugbedodo siawo hã ɖa:

“Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

“[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

“Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.”—1 Korintotɔwo 15:26.

“Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29.

Apostolo Petro ƒo ƒu ŋugbedodo siawo katã gblɔ kpuie be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (2 Petro 3:13) Bene dzɔdzɔenyenye naxɔ aƒe ɖe anyigba katã dzi la, ahiã be woaɖe ame sia ame si agblẽ ɖoɖo sia me la ɖa. Nenema kee wòanɔ na dukɔ siwo le aʋa wɔm kple wo nɔewo, siwo le gome kpɔm le ʋukɔkɔɖi me le woawo ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta egbea la hã. Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo si me la ava xɔ ɖe anyigba dzi dziɖuɖuwo katã teƒe. Wona kakaɖedzi mí ku ɖe dziɖuɖu ma ŋu be: ‘Ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖa se ɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.’—Yesaya 9:6.

Etsɔmemɔkpɔkpɔ sia ate ŋu asu asiwò, elabena Biblia ka ɖe edzi na mí be: “[Mawu] ƒe lɔlɔ̃nue nye be woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Timoteo 2:4) Ekema mègahe ɖe megbe o. Na sidzedze si ana nàkpɔ agbe mavɔ la nasu asiwò. (Yohanes 17:3) Afɔ gbãtɔ si nàɖee nye be nàte ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo abia be woava srɔ̃ Biblia kpli wò le wò aƒe me femaxee.—g08 04-E.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Àte ŋu akpɔ mɔ be yeava nɔ agbe mavɔ le ŋutifafa kple lãmesẽ blibo me le Paradiso si gbɔna me le anyigba sia dzi