Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Esi wowɔ numekuku aɖe le Amerika la, wokpɔe be, “ŋutsu 29 le alafa me gblɔ be yewodɔ nyɔnu vovovo 15 alo esiwo wu nenema gbɔ le yewoƒe agbe me, eye nyɔnu 9 le alafa me hã gblɔ be yewodɔ kple ŋutsu vovovo 15 alo esiwo wu nenema le yewoƒe agbe me.”—DƆLÉLENUTSITSI KPLE MƆXEXE ÐE ENU DƆWƆƑE, U.S.A.

Le Greece dukɔa me la, “ɖevi siwo xɔ va ɖo ƒe 16 la dometɔ 62 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be yewolé gbɔdɔnuwɔnawo tso Internet dzi ɖe yewoƒe asitelefon dzi.”—ELEFTHEROTYPIA, GREECE.

Numekuku aɖe si wowɔ le Britain la ɖee fia be ame 82 le alafa me kpɔe be “subɔsubɔhawo nye nu siwo hea mama kple dzre dea amewo dome la dometɔ ɖeka.”—THE GUARDIAN, BRITAIN.

Taɖui Ðe Fu Na Ame Hena Ƒe 64 Sɔŋ

Nyɔnu aɖe si nye Chinatɔ la va de dzesi nu si na “ta ɖunɛ enuenu” hena ƒe 60 kple edzivɔwo la mlɔeba esime ɖɔktawo ɖe tukpe si didi sentimita etɔ̃ tso eƒe tago me. Nyɔnu la xɔ abi ɖe ta esime wòxɔ ƒe 13, le esime Japantɔwo ho aʋa va dze kɔƒedu aɖe si le Xinyi County nuto me dzi, le September 1943 me. Meva susu me na ame aɖeke kpɔ be tukpee ge ɖe tago me nɛ o. Nyakakadɔwɔƒe si nye Xinhua News Agency gblɔ be esime ta va nɔ eɖum geɖe wu la, wodoe kpɔ hekpɔe be tukpee le tago me nɛ. Nyɔnua xɔ ƒe 77 fifia, eye wogblɔ be “ele lãmesẽ nyui me.”

Boso Aɖe Si Nɔ Agbe Didi

Esime Alaskatɔ bosowula aɖewo wu boso aɖe le ƒe 2007 me la, wokpɔ lãwutukpe aɖe, si wotsɔ wua bosowo tsã la, ƒe kakɛwo le eƒe lã me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Boston Globe gblɔ be, wode dzesi tukpe sia “ƒe kakɛawo be wonye lãwutukpe aɖe si wowɔ le New Bedford [Massachusetts, U.S.A.] le ƒe 1800 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo.” Eteƒe medidi o, wova ɖe asi le lãwutukpe ma zazã ŋu, si wɔe be ŋutinyaŋlɔla siwo le New Bedford Whaling Blemanudzraɖoƒe la ƒo nya ta be “anye ƒe 1885 kple 1895 dome lɔƒoe” woda tu ma boso sia. Eya ta anɔ eme be boso sia xɔ ƒe 115 ya teti esime wova wui. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be, boso sia si ŋu woke ɖo la na wogava kpɔ “kpeɖodzi geɖe si wɔ ɖeka kple nukpɔsusu si nye be boso ma ƒomeviwo nye anyigbadzilã siwo naa no vi, siwo nɔa agbe didi wu la dometɔ ɖeka, eye wonɔa agbe hena ƒe 150 sɔŋ.”

Avetsu Kuku Aɖe Le Anyigba Ƒe Tu Me

Anyigbaŋutinunyalawo ke ɖe avetsu kuku aɖe si nye ave dodo aɖe tsã, si keke ale gbegbe, la ŋu le anyigba ƒe tu me, si me woke ɖe ati aɖewo siwo megali egbea o, siwo dometɔ aɖewo kɔ gbɔ meta 40 ŋu, la ŋu le. Avetsu tɔxɛ sia le mɔ siwo ɖo ta tomekakuƒe si le Illinois, U.S.A. la te le anyigba ƒe tu me. Nunyalaawo xɔe se be anyigbaʋuʋu sesẽ aɖee he avenuto sia yi ɖe anyigba ƒe tu me. Aƒetɔ Bill DiMichele, si nye numekuha si ka nya ta tso nu sia si ŋu woke ɖo ŋu la ƒe ŋgɔnɔla, gblɔ be: “Enya kpɔ ŋutɔ. Míate ŋu akpɔ ale si tututu avetsua nɔ tsã la le susu me abe ɖee míele tsa ɖim to eme ene.”

Wain Tsitsitɔ Kple Nyuitɔ Kekeake Didi

Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be tsaɖila gbogbo aɖewo le mɔ zɔm yi ɖe Macedonia, si le Yugoslavia dukɔ si nɔ anyi tsã la me, “be yewoaɖadi wain tsitsitɔ kple nyuitɔ kekeake . . . siwo dukɔ siwo wɔ ɖeka le Xexemeʋa I me la gblẽ ɖi le aʋaa wɔɣi.” (Kathimerini—English Edition) Tsaɖila siawo siwo dometɔ akpa gãtɔ tso France la tsɔa anyigbatatawo ɖe asi ɖatsaa asrafoawo ƒe nudzraɖoƒe siwo wogblẽ ɖi la ƒitsoƒitso beléletɔe. Wain ɖe sia ɖe si ŋu woake ɖo le afi ma egbea la axɔ ƒe 90 ya teti, eye le nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe nya nu la, “woate ŋu adzra wain sia si le atukpa si le dedie me la ɖeka wòaxɔ . . . va ɖo dɔlar 2,675.” Ame siwo le nuto sia si me woke ɖe wain kple ƒudziha si woyɔna be cognac ŋu le me la gblɔ be “míeɖɔ naneke kpɔ si vivi alea gbegbe kpɔ o.”—g08 03-E.