Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alekee Mawɔ Akpe Akɔ Kple Dɔmavɔleameŋu?

Alekee Mawɔ Akpe Akɔ Kple Dɔmavɔleameŋu?

Sɔhɛwo Biana Be

Alekee Mawɔ Akpe Akɔ Kple Dɔmavɔleameŋu?

LODODOWO 20:29 gblɔ be: “Ðekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ.” Ne dɔmavɔleameŋu le ŋuwò, alo nènye nuwɔametɔ la, àse le ɖokuiwò me be mawunyakpukpui sia me nyawo menye nyateƒe le ye gome o. Gake menye nenemae kura o! Elabena sɔhɛ geɖe siwo dɔmavɔleameŋu le fu ɖem na kple esiwo nye nuwɔametɔwo la te ŋu ɖu kuxi sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã dzi. Nyɔ! talawo bia gbe sɔhɛ siawo dometɔ ene.

Hiroki, si le Japan, lé ahɔhɔ̃medɔ si naa wozua nuwɔametɔ la tso edziɣi ke. Egblɔ be: “Lãmeka siwo le nye kɔ me mete ŋu léa nye ta ɖe te o, eye ne medi be matsɔ nye asiwo awɔ nane la, nu bubu koe asiawo wɔna. Ame bubuwo koe wɔa nu sia nu nam.”

Natalie kple nɔvia ŋutsu James le South Africa, eye ƒumedɔléle aɖe si naa ame kua te, si tɔgbi mebɔ o, la nɔ wo ŋu tso wo dziɣi ke. Dzimeƒugɔglɔ̃dɔ hã le Natalie ŋu. Egblɔ be: “Wowɔ dɔ nam zi ene sɔŋ, eye ale si nye dzimeƒua glɔ̃e la wɔe be ŋusẽ mele nye dzitodzitowo ŋu tututu o.”

Timothy le Britain, esime wòxɔ ƒe 17 la, wokpɔ ɖeɖiteameŋu atraɖii ƒe dɔléle le eŋu. Egblɔ be: “Mede ɣleti eve hafi nye ame si nɔ lãmesẽ me eye ŋusẽ nɔ ŋunye nyuie la meva gbɔdzɔ belibeli, eye nyemegate ŋu va nɔ tɔtɔm ɖe nye afɔwo dzi o.”

Danielle le Australia, wokpɔ suklidɔ le eŋu esime wòxɔ ƒe 19. Egblɔ be: “Esi wònye be suklidɔ medzena le ame ŋu wokpɔna kple ŋku o ta la, amewo menya ale si gbegbe wòvɔ̃ɖii o. Nyateƒeae nye be dɔ sia ate ŋu awum.”

Ne dɔmavɔleameŋu aɖe le fu ɖem na wò, alo ènye nuwɔametɔ la, Hiroki, Natalie, Timothy, kple Danielle ƒe nya siwo gbɔna ade dzi ƒo na wò godoo. Ne èle lãmesẽ nyui me gɔ̃ hã la, ɖewohĩ woƒe nyawo akpe ɖe ŋuwò nàse ame siwo dɔmavɔleameŋu kple nuwɔametɔnyenye le fu ɖem na la ƒe nɔnɔmewo gɔme nyuie wu.

Nyɔ! talawo: Nu kae nye kuxi sesẽtɔ kekeake le wò nɔnɔmea ŋu?

Natalie: Le gonye me la, ale si amewo wɔa nu ne wokpɔm lae ɖea fu nam wu. Nyemete ŋu ɖea dzi ɖi gbeɖe o. Mesena le ɖokuinye me be amewo fɔa ŋku ɖe dzinye dzoɣlii ɣesiaɣi.

Danielle: Le nye suklidɔlélea gome la, kuxia koŋue nye nu si ƒomevi maɖu, nu agbɔsɔsɔme si maɖu, kple nuɖuɖu siwo wòle be matsri la nyanya. Ne nyemeɖɔ ŋu ɖo le nu siwo maɖu me o la, sukli agbɔsɔsɔme si hiã la mava nɔ nye ʋu me o, si ate ŋu awɔe be mayi ɖi me.

Hiroki: Wowɔ bunɔkeke tɔxɛ aɖe si sɔ ɖe nye nɔnɔmea nu la nam, eye menɔa nɔnɔme ɖeka aɖe me hena gaƒoƒo 15 sɔŋ le ŋkekea me. Nyemete ŋu dɔa alɔ̃ hã nyuie o. Kaka nane naɖi kikli ko la, menyɔna.

Timothy: Gbã la, nu si ɖe fu nam wue nye lɔlɔ̃ ɖe edzi be mezu dɔnɔ. Nɔnɔme si me meva le la tena ɖe dzinye ŋutɔ.

Nyɔ! talawo: Kuxi bubu kawoe ɖea fu na wò?

Danielle: Suklidɔlélea nana ɖeɖi tea ŋunye ale gbegbe. Ehiã be madɔ alɔ̃ gaƒoƒo geɖe wu hanyetiwo. Azɔ hã, suklidɔ nye dɔ aɖe si womete ŋu dana o.

Natalie: Ale si gbegbe mele kpuie la wɔe be nyemete ŋu wɔa nanewo o. Nu suesuesue aɖewo, abe asidodo ɖa atsɔ nane si woɖo ɖe ati si kɔ vie dzi le fiase me ene, gɔ̃ hã menya wɔna nam o. Mekpea fu ŋutɔ ne nye ɖeka meyi nane ƒle ge le fiase me.

Timothy: Hekpe ɖe ale si mesea lãmeve atraɖii ŋu la, blanuiléle hã ɖea fu nam enuenu. Hafi mava zu dɔnɔ la, mete ŋu wɔa nu sia nu nyuie. Dɔwɔɖui nɔ asinye, eye mekua ʋu hã. Mewɔa kamedefefewo, abe afɔbɔlƒoƒo ene. Fifia, nyee nye esia va tsi bunɔkeke me.

Hiroki: Nyemete ŋu ƒoa nu nyuie o. Esia ɖea dzi le ƒonye, eye wòna nyemete ŋu doa dzeɖoɖo ɖe amewo gbɔ o. Ɣeaɖewoɣi la, nye asi ʋãna le eɖokui si ɖaƒoa ame aɖe le vo me. Ne edzɔ nenema la, le nye nuƒoƒo ƒe kuxia ta la, nyemete ŋu gblɔna be, “Meɖe kuku,” gɔ̃ hã o.

Nyɔ! talawo: Nu kae kpe ɖe ŋuwò nète ŋu nɔ te ɖe kuxiawo nu?

Danielle: Medzea agbagba tsɔa nye susu ɖoa nu nyui siwo ade dzi ƒo nam la ŋu. Ƒome nyui aɖe mee mele, xɔlɔ̃ lɔ̃amewo le asinye le hamea me, eye ƒo wo katã ta la, Yehowa Mawu nye nye kpeɖeŋutɔ gãtɔ. Medzea agbagba hã nyaa nyatakaka yeye ɖe sia ɖe si ku ɖe ale si suklidɔlélawo awɔ anɔ te ɖe woƒe kuxiwo nui ŋu. Menya be nye ŋutɔe anɔ ŋudzɔ be nye dɔa naganyra ɖe edzi o, eya ta medzea agbagba vevie léa be na ɖokuinye.

Natalie: Gbedodoɖa doa ŋusẽm geɖe ŋutɔ. Medzea agbagba kpɔa nye kuxiwo gbɔ ɖekaɖeka. Medzea agbagba be manɔ nu ɖɔʋu aɖe wɔm ɣesiaɣi, si wɔnɛ be nyemebua nu siwo ana dzi naɖe le ƒonye la ŋu o. Dzila nyui eve hã le asinye, siwo mete ŋu gblɔa nye dzimenyawo na faa.

Timothy: Mewɔa nane si do ƒome kple nye mawusubɔsubɔ gbe sia gbe, ne eɖanye hena ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, medzea ŋkeke ɖe sia ɖe gɔme kple Ŋɔŋlɔawo me dzodzro. Nyemelɔ̃a nu le ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa gbɔ o, vevietɔ le ɣeyiɣi siwo me nu te ɖe dzinye vevie.

Hiroki: Medzea agbagba be magatsi dzi fũu akpa ɖe nu siwo ŋu nyemate ŋu awɔ naneke le o ŋu o. Esia anye fuɖeɖe na ɖokuinye yakatsyɔ. Gake mewɔa nu sia nu si mate ŋui bene mía kple Mawu dome ƒomedodoa me nasẽ ɖe edzi, eye nyemetsɔa nɔnɔme si me mele doa taflatse le Biblia sɔsrɔ̃ gome o. Ne medo kpo alɔ̃dɔdɔ le zã me la, mewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ doa gbe ɖa.—Xlẽ Romatɔwo 12:12.

Nyɔ! talawo: Aleke ame bubuwo de dzi ƒo na wòe?

Hiroki: Hamemetsitsiwo kafuam ɣesiaɣi ɖe agbagba sue si mete ŋu dzena la ta. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me hã naa mekplɔa wo ɖo mieɖasrãa ame siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me la kpɔ hesrɔ̃a Biblia kple ame bubuwo hã.—Xlẽ Romatɔwo 12:10.

Danielle: Magblɔ be, nu si wɔa dɔ ɖe dzinye koŋue nye ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me kafum tso dzi blibo me. Esia nana mekpɔnɛ dzea sii be wolɔ̃m vevie, eye wòdea dzi ƒo nam be mawɔ geɖe wu.

Timothy: Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe dzea agbagba etɔxɛe ɖoa dze kplim ɣesiaɣi si míeyi kpekpewo. Hamemetsitsiwo kple wo srɔ̃wo hã dea dzi ƒo nam heɖoa aɖaŋu nyuiwo nam. Hamemetsitsi aɖe si xɔ ƒe 84 la kpe ɖe ŋunye meɖo taɖodzinu siwo gbɔ mate ŋu aɖo la na ɖokuinye. Subɔsubɔdɔwɔla aɖe si le míaƒe hamea me la kpem be makpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kpli ye, eye ena míeɖawɔ dɔ le nuto siwo me nye bunɔkekea ate ŋu azɔ le bɔbɔe la me.—Xlẽ Psalmo 55:23.

Natalie: Ne menya ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me ko la, hamea me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo doa gbe nam vividoɖeameŋutɔe. Ame tsitsiwo gblɔa dzideƒonamenyawo nam ɣesiaɣi, togbɔ be kuxiwo ɖea fu na woawo ŋutɔwo hã gɔ̃ hã.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:16, 17.

Nyɔ! talawo: Nu kawoe kpe ɖe ŋuwò nègakpɔtɔ kpɔa dzidzɔ?

Hiroki: Abe Yehowa Ðasefo ene la, menyae be habɔbɔ si me tɔwo si mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe le la me tɔe menye. Nyanya be habɔbɔ sia mee mele nana mekpɔa dzidzɔ.—Xlẽ 2 Kronika 15:7.

Danielle: Medea ŋugble tso mɔnukpɔkpɔ si su asinye be mese Mawu ƒe tameɖoɖowo gɔme la ŋu. Ame aɖewo li siwo le lãmesẽ nyui me, gake womekpɔa dzidzɔ le agbe me abe ale si mele dzidzɔ kpɔm ene o.—Xlẽ Lododowo 15:15.

Natalie: Medina vevie be manɔ ame siwo kpɔa dzidzɔ la dome ɣesiaɣi. Ame siwo kua kutri le Yehowa subɔsubɔ me togbɔ be wotoa nɔnɔme sesẽwo me la ƒe agbemeŋutinyawo xexlẽ hã dea dzi ƒo nam ŋutɔ. Eye ɣesiaɣi si meyi Fiaɖuƒe Akpata me la, menyae be maxɔ ŋusẽdodo kple ŋkuɖodzinya geɖe ku ɖe mɔnukpɔkpɔ gã si wònye be ame nanye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka la ŋu.—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.

Timothy: Le 1 Korintotɔwo 10:13 ƒe nya nu la, Yehowa meɖea mɔ be nɔnɔme sesẽ siwo me míate ŋu ato o la nava mía dzi o. Megblɔna na ɖokuinye be ne Wɔnyela la ka ɖe edzi be mate ŋu ato nɔnɔme sesẽ sia me la, ame kae menye be mato nyatoƒoe le eŋu?—g08 02-E.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Hiroki kple Timothy siaa tsi bunɔkeke me. Ne nɔnɔme ma tɔgbi mee nèle la, alekee nya siwo wogblɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔtɔ anye dzidzɔme?

▪ Danielle gblɔ be “esi wònye be suklidɔ medzena le ame ŋu wokpɔna kple ŋku o ta la, amewo menya ale si gbegbe wòvɔ̃ɖii o.” Ðe dɔléle aɖe si medzena le ame ŋu wokpɔna o la le fu ɖem na wò hã? Ne nenemae la, nu kawoe nàte ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Danielle gblɔ me?

▪ Natalie gblɔ be nu siwo ɖea fu na ye wu dometɔ ɖekae nye ale si amewo wɔa nui ne wokpɔ ye. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ana be ame aɖe si le nɔnɔme si ɖi Natalie tɔa me la naɖe dzi ɖi? Ne ènye nuwɔametɔ alo dɔléle aɖe na nèsena le ɖokuiwò me abe Natalie ene la, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si wòte ŋu kpɔtɔ nye dzidzɔme la me?

▪ Ŋlɔ ame siwo nènya, siwo nye nuwɔametɔwo, alo siwo ŋu dɔmavɔleameŋu le, la ƒe ŋkɔwo ɖe ete.

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

▪ Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe?

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

[Aɖaka si le axa 15]

Akɔfafa Si Biblia Nana

Yesu ɖe dɔmetɔtrɔ vavã fia ame siwo nɔ dɔ lém.—Marko 1:41.

Yesu to “dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kpakple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi” dada na amewo dzi ɖe ale si woayɔ dɔ na dɔnɔwo ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea te anyigbaa dzi ɖuɖu la fia.—Mateo 4:23.

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, “[ame] aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o,” eye vevesese hã maganɔ anyi o.—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

‘Woaɖe ku gɔ̃ hã ɖa kura.’—1 Korintotɔwo 15:25, 26.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Hiroki, le Japan, exɔ ƒe 23

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Natalie, le South Africa, exɔ ƒe 20

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Timothy, le Britain, exɔ ƒe 20

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Danielle, le Australia, exɔ ƒe 24