Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Afia Mí Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La?

Ame Kae Afia Mí Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La?

Ame Kae Afia Mí Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La?

YESU na eme kɔ nyuie be subɔsubɔ aɖewo ƒomevi medzea Mawu ŋu o. Eƒo nu tso ‘aʋatsonyagblɔɖilawo’ ŋu hetsɔ wo sɔ kple ati si tsea ku manyomanyo, si “[wolãna], eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me.” Egblɔ hã be: “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.”—Mateo 7:15-22.

Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ tso ame aɖewo siwo agblɔ be yewonye eyomedzelawo la ŋu be: “Maʋu eme na wo be: Nyemenya mi kpɔ o! Mite ɖa le gbɔnye, mi sedzimawɔlawo.” (Mateo 7:23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime Yesu nɔ nu ƒom na subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la, eyɔ nya siwo Mawu gblɔ tso Israel vi xɔsegbelawo ŋu la tɔ ɖe wo ŋu be: “Dzodzroe woyi edzi le subɔyem, elabena nufiafia siwo nye amegbetɔwo ƒe sededewo ye wofiana.”—Marko 7:6, 7.

Eme kɔ ƒãa be menye subɔsubɔhawo katã dzie Mawu, alo Via, da asi ɖo o. Eya ta menye subɔsubɔha ɖe sia ɖee nye nyateƒetɔ o. Ðe esia fia be subɔsubɔha ɖeka aɖe koe fiaa nyateƒea? Ðe wòanye be Mawu daa asi ɖe subɔsubɔha geɖewo dzi hegbea nu le bubu aɖewo ko gbɔa? Alo ɖe wòanye be Mawu daa asi ɖe ame ɖekaɖeka siwo le subɔsubɔha vovovoawo me la dometɔ aɖewo ƒe subɔsubɔ dzi hegbea nu le wo dometɔ aɖewo tɔ gbɔ, metsɔ le nu ka kee woƒe subɔsubɔhawo fiana me oa?

Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Azɔ mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye be mamawo naganɔ mia dome o, ke boŋ be miawɔ ɖeka nyuie le susu ɖeka kple tamesusu ɖeka me.” (1 Korintotɔwo 1:10) Azɔ hã, Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Susu ɖeka kple lɔlɔ̃ ɖeka nanɔ mia si, miawɔ ɖeka le luʋɔ me, mialé tamesusu ɖeka me ɖe asi.”—Filipitɔwo 2:2.

Le nyateƒe me la, afi si ɖekawɔwɔ ma tɔgbi anɔ la, subɔsubɔha ɖeka koe anɔ anyi. Esia tae Biblia gblɔ be, “Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka” ye li ɖo.—Efesotɔwo 4:4, 5.

Nu Si Biblia Ðe Fia

Biblia me nuŋlɔɖiwo na wòdze ƒãa be Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe nyataƒoƒo ma dzi. Nuŋlɔɖi mawo me dzodzro ana nàkpɔe be Mawu wɔ nu kple eƒe amewo le blema to tadeagumɔnu ɖeka ko dzi. Le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Mawu zã blemafofowo alo ƒome ƒe tawo wonye eteƒenɔlawo. Ame siawo dometɔ vevi aɖewoe nye Noa, Abram (Abraham), Isak, kple Yakob.—1 Mose 8:18-20; 12:1-3; 26:1-4; 28:10-15.

Yakob ƒe dzidzimeviwo va zu kluviwo le Egipte. Wowɔ fu wo vevie le afi ma, ke hã, wodzi ɖe edzi va zu ame miliɔn geɖe. Mawu ɖe wo tso kluvinyenye me, eye wòna wotso Ƒu Dzĩa nukutɔe. Emegbe ena wozu eƒe dukɔ, eye wòna sewo woamawo to Mose, ame si nye domenɔla na woa kple dukɔa, la dzi. Wova zu Israel dukɔ si nɔ anyi le blema, si nye Mawu ŋutɔ ƒe dukɔ.—2 Mose 14:21-28; 19:1-6; 20:1-17.

Eɖe dzesi ŋutɔ be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe mɔ siwo ƒomevi nu dukɔ siwo ƒo xlã Israel dea ta agu le ŋu o. Le nyateƒe me la, ehea to na eƒe dukɔa ne wogblẽ eƒe sewo ɖi ɖalé mɔ mawo siwo nu dukɔwo dea ta agu le la me ɖe asi.—3 Mose 18:21-30; 5 Mose 18:9-12.

Ke ame ɖekaɖeka siwo nye dukɔwo me tɔwo siwo di be yewoasubɔ Mawu vavã la ya ɖe? Gbã la, ele na wo be woaɖe asi le woƒe subɔsubɔ tsãtɔ si nye alakpatɔ la ŋu, eye emegbe woawɔ ɖeka kple Israel viwo le tadedeagu na Yehowa Mawu me. Mawu va kpɔ ŋudzedze ɖe wo dometɔ geɖe ŋu, eye wova zu eƒe subɔla nyateƒetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye nyɔnu siwo nye Raxab, Kanaantɔ la, kple Rut, Moabitɔ la; ŋutsu siwo nye Uriya, Xititɔ la, kple Ebed-Melex, Etiopiatɔ la; kpakple ameha blibowo, abe Gibeontɔwo ene. Israel Fia Salomo do gbe aɖe ɖa ɖe ame siwo katã wɔ ɖeka kpli wo dea ta agu na Mawu le mɔ si nu eƒe amewo wɔnɛ le la ta. *2 Kronika 6:32, 33.

Esi Yesu Va Anyigba Dzi Megbe

Emegbe esi wodɔ Yesu ɖo ɖe anyigba dzi la, eƒe nufiafiawo dzie wova tu subɔsubɔ vavãtɔ ɖo, eye esia na Mawu ƒe tameɖoɖowo me gava kɔ ɖe edzi wu. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wova yɔa nyateƒetadeagulawo be “Kristotɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 11:26) Eya ta enɔ na Yudatɔ siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la be woaɖe asi le mɔ tsãtɔ si nu wodea ta agu le la ŋu. Womebia tso wo si be woawɔ tiatia le subɔsubɔ ƒe mɔnu eve me alo be wo dometɔ ɖe sia ɖe natiae be yeasubɔ le ye ɖokui si o. Abe ale si míekpɔe le Mawu ƒe Nya la me ene la, nyateƒetadeagulawo wɔ ɖeka le “xɔse ɖeka” me.—Efesotɔwo 4:4, 5.

Egbea la, ame aɖewo abu susu si nye be subɔsubɔha ɖeka ko dzie Mawu to le mɔ fiam ameƒomea be enye nukpɔsusu gbɔme si dzi xɔxɔ se sesẽ. Ke hã, nyataƒoƒo ma gbɔe Biblia kplɔ mí va. Ame ɖekaɖeka siwo subɔ le wo ɖokui si le blema la va de dzesi nyateƒenya sia eye wowɔ ɖe edzi. Wowɔ ɖeka kple Yehowa subɔla vavãwo, eye ɖikeke ɖe sia ɖe si nɔ wo me le gɔmedzedzea me la va zu dzidzɔ kple yayra geɖe na wo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be esi Etiopia ŋutsu aɖe trɔ dzi me va zu Kristotɔ megbe la, “eyi eƒe mɔ la zɔzɔ dzi kple dzidzɔ.”—Dɔwɔwɔwo 8:39.

Yayra mawo kee sua ame sia ame si trɔa dzi me hewɔa ɖeka kple subɔsubɔha nyateƒetɔ la hã si egbea. Gake esi subɔsubɔhawo sɔ gbɔ ale gbegbe ta la, aleke nàwɔ ate ŋu akpɔ nyateƒetɔ la adze sii?—g08 03-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 11 Àte ŋu axlẽ nu tso ame siawo ŋu le mawunyakpukpui siwo gbɔna me: Yosua 2:1-7; 6:22-25; Rut 1:4, 14-17; 2 Samuel 11:3-11; Yeremiya 38:7-13; kple Yosua 9:3-9, 16-21.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Nu kae adzɔ ɖe subɔsubɔha aɖe si tsea ku manyomanyo la dzi?