Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Mawu Di Tso Asiwò?

Nu Kae Mawu Di Tso Asiwò?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Kae Mawu Di Tso Asiwò?

NU GEÐE siwo wòle be míawɔ le agbe me la nana be vovo menɔa mía ŋu kura o. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu anye avu kple kɔ gɔ̃ hã hafi míate ŋu awɔ nu siwo katã wòhiã be míawɔ. Ke hã, ehiã be míaɖo ŋku edzi be nunanae agbe si míele ŋutɔ gɔ̃ hã nye tso Mawu gbɔ. (Psalmo 36:10) Ɣeyiɣi kple ŋusẽ agbɔsɔsɔme kae Mawu di be míazã ɖe ye ŋu? Ede dzi ƒo ŋutɔ be Biblia na míenya be Mawu media nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si o.

Yesu nya nu si Fofoa di tso amegbetɔwo si la nyuie wu ame sia ame. (Mateo 11:27) Esi wobia Yesu be se kae nye gãtɔ wu hã la, egblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Nya ma gɔme ɖe? Ðe se sia dzi wɔwɔ sesẽ akpa?

Nu Si Wòfia Be Woalɔ̃ Mawu Kple Luʋɔ Blibo

Míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu me asẽ ɖe edzi ne míedea ŋugble tso nu nyui gbogbo manyaxlẽ siwo wòwɔna na mí ŋu. Ne míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu tso luʋɔ blibo me la, aʋã mí míatsɔ nu ɖe sia ɖe si le mía si ƒe nyuitɔ kekeake anae. Míase le mía ɖokui me abe ale si Biblia ŋlɔla aɖe se le eɖokui me ene esime wòbia be: “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?” (Psalmo 116:12) Ne lɔlɔ̃ sia ƒomevi le mía si na Mawu la, aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míezãa míaƒe ɣeyiɣiwoe dzi?

Biblia megblɔ gaƒoƒo agbɔsɔsɔme aɖe koŋ si wòle be míazã kwasiɖa ɖe sia ɖe ɖe mawusɔbɔsubɔ ŋu o. Ke hã, ena míenya dɔwɔna aɖewo siwo wòle be woanɔ vevie na mí wu nu ɖe sia ɖe le agbe me, eye wòɖe nu si tae wòle be wòanɔ nenema la me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia nu be Mawu ŋuti sidzedze xɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi aɖe si kplɔa ame yia “agbe mavɔ” me. (Yohanes 17:3) Egblɔ hã be ele be ye yome dzelawo nakpe ɖe ame siwo menya Mawu o ŋu be sidzedze ma nasu woawo hã si bene woakpɔ agbe. (Mateo 28:19, 20) Biblia de se be míanɔ ƒu ƒom kple haxɔsetɔwo edziedzi bene míaxɔ gbɔgbɔmeŋusẽdodo eye míade dzi ƒo na mía nɔewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Dɔwɔna siawo katã xɔa ɣeyiɣi.

Ðe Mawu di tso mía si be míagakpɔ gome le dɔ bubu aɖeke wɔwɔ me tsɔ wu dɔwɔna siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu oa? Menye nenemae kura o! Ehiã be míalé fɔ ɖe gbe sia gbe gbenɔnɔ me nuwɔna vevi aɖewo hã ŋu. Biblia de se na ƒomewo ƒe tawo be woakpɔ woƒe ƒomea me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo esime wògblɔ be: “Le nyateƒe me la, ne ame aɖe mekpɔa ye ŋutɔ tɔwo ƒe nu hiahiãwo gbɔ, vevietɔ ye ŋutɔ ƒemetɔwo tɔwo gbɔ o la, . . . [evɔ̃ɖi] wu dzimaxɔsetɔ.”—1 Timoteo 5:8.

Mawu wɔ amegbetɔ hena ŋutetee be wòase agbe ƒe vivi. Eya ta esɔ be mía kple míaƒe ƒomea kpakple xɔlɔ̃wo míaɖu nu nyuiwo ahaɖe modzaka ɣeaɖewoɣi. Fia Salomo ŋlɔ bena: “Medze sii bena, nu nyui aɖeke meli na wo wu be, woakpɔ dzidzɔ, eye woaɖu agbe le woƒe agbenɔɣi o. Ke be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.”—Nyagblɔla 3:12, 13.

Yehowa Mawu sea amegbetɔwo ƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe hã gɔme, “eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:14) Biblia lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be míaɖi ɖe eme nyuie. Le dɔwɔwɔ veviedodotɔe hena ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo be, mina “míayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o, ne míaɖi ɖe eme vie.”—Marko 6:31.

Eya ta agbenɔnɔ le mɔ si dzea Mawu ŋu nu bia be ame nada asɔ togbɔ be ate ŋu akpɔ gome le dɔwɔna vovovowo me hã. Ke hã, ele be nu sia nu si míewɔna—woɖado ƒome kple mawusubɔsubɔ tẽe alo womeɖado ƒome kplii o—naɖee afia be míelɔ̃ Mawu kple míaƒe luʋɔ blibo. Biblia ɖo aɖaŋu be: “Miele nu ɖum alo le nu nom, alo ɖale nu bubu aɖe wɔm o, miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 Korintotɔwo 10:31.

Dzidzedzekpɔkpɔ Le Nu Siwo Le Vevie Wu La Ðoɖo Nɔƒe Gbãtɔ Me

Ðe mawusubɔsubɔ ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me dze nu si sesẽ akpa alo gbɔ wò ŋutete ŋua? Enye nyateƒe be nu si Mawu di tso mía si la wɔwɔ abia be míawɔ tɔtrɔ geɖewo—be míatsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã—le míaƒe ɣeyiɣiwo zazã me. Gake kakaɖedzitɔe la, mía Wɔla lɔ̃ame la mebia nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si o. Le nyateƒe me la, enaa kpekpeɖeŋu geɖe mí be míate ŋu awɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Míate ŋu akpɔ dzidzedze ne míelɔ̃na faa xɔa “ŋusẽ si Mawu nana la.”—1 Petro 4:11.

Ðewohĩ mawusubɔsubɔ me dɔwɔnawo dede wò ɖoɖowɔɖiwo me asesẽ na wò le gɔmedzedzea me. Di ɣeyiɣi nàƒo nu na Yehowa Mawu, ‘Gbedodoɖasela’ la, edziedzi. (Psalmo 65:3) Àte ŋu aɖe wò dzimaɖitsitsiwo katã agblɔ nɛ le gbedodoɖa me, elabena ‘eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Fia David do gbe ɖa be: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.” (Psalmo 143:10) Nenema kee wò hã àte ŋu abia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ siwo hiã le wò agbe me.

Biblia kpe mí katã dzideƒonametɔe be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ne ète gomekpɔkpɔ le dɔwɔna siwo dzea Mawu ŋu, abe Biblia sɔsrɔ̃ kple Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒewo dede ene, me la, àva kpɔe be yele tetem ɖe eyama ŋu. Eye eya hã ado ŋusẽ wò be nàwɔ ŋgɔyiyi geɖe.

Jelena, si Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kpli la gblɔ le agbagba si wòdze te ŋu tsɔ nu siwo le vevie wu ɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu be: “Menɔ bɔbɔe nam kura o.” Gake egblɔ kpee be: “Esi menya te Ðasefowo ƒe kpekpewo dede ko la, edo ŋusẽm mete ŋu le agbe nɔm ɖe nu si Biblia gblɔ nu. Wo dometɔ ɖekaɖekawo ƒe kpekpeɖeŋu nanam lɔlɔ̃tɔe hã kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Viɖe siwo dona tso mawusubɔsubɔ me kpɔkpɔ hã gadoa ŋusẽ ame. (Efesotɔwo 6:10) Jelena gblɔ be, “Mía kple srɔ̃nye dome va le kplikplikpli wu, eye meda sɔ le tohehe na vinyewo me.”

Togbɔ be hloloetsotso geɖe le egbexexea me hã la, Yehowa ƒe ŋusẽ triakɔ si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la ate ŋu ado ŋusẽ wò; aʋã wò nàgbugbɔ alé ŋku ɖe nu siwo le vevie wu le agbe me ŋu eye ‘nàƒle ɣeyiɣi’ atsɔ asubɔ Mawu. (Efesotɔwo 3:16; 5:15-17) Yesu gblɔ be: “Nu siwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔ wo le Mawu ya gbɔ.”—Luka 18:27.—g08 04-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Nu ka tae wòle be nàtsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me? —Psalmo 116:12; Marko 12:30.

▪ Dɔwɔna kawo mee Mawu di be nàkpɔ gome le?—Mateo 28:19, 20; Yohanes 17:3; Hebritɔwo 10:24, 25.

▪ Aleke nàwɔ ate ŋu atsɔ nu siwo le vevie wu aɖo nɔƒe gbãtɔ bene Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò?—Efesotɔwo 5:15-17; Yakobo 4:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ebia dadasɔ hafi ame nadze Mawu ŋu