Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔha Nyateƒetɔ Ðeka Koe Lia?

Subɔsubɔha Nyateƒetɔ Ðeka Koe Lia?

Subɔsubɔha Nyateƒetɔ Ðeka Koe Lia?

Biabia sia mesɔa tome na ame aɖewo o. Esi wònye be subɔsubɔha gbogbo aɖewo ŋutɔe le xexea me ta la, ame siawo gblɔna be ame sia ame si agblɔ be yeƒe subɔsubɔha koe nye nyateƒetɔ la anye ame si mebua nu ŋu yia ŋgɔ o, alo nye dadala gɔ̃ hã. Ame aɖewo aka ɖe edzi vevie be woate ŋu akpɔ nu nyui aɖe le subɔsubɔha ɖe sia ɖe ŋu, alo le wo dometɔ akpa gãtɔ ŋu. Nenemae wò hã nèsena le ɖokuiwò mea?

LE NYATEƑE me la, nɔnɔme aɖewo li siwo me wòasɔ le be woaɖe mɔ ɖe nukpɔsusu vovovowo ŋu le. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe anya be nanewo ɖuɖu ana yeanɔ lãmesẽ nyui me. Gake ɖe wòasɔ be wòabia tso ame ɖe sia ɖe si be wòaɖu nu mawo kokoko, abe ɖee nuɖuɖu mawo ɖeɖe koe ana ame sia ame nanɔ lãmesẽ nyui me enea? Nunya anɔ eme eye wòasɔ hã le eyama gome be wòalɔ̃ ɖe edzi be nuɖuɖu si doa dzidzɔ na ame bubu aɖe ate ŋu ana lãmesẽ ame ma abe etɔawo ke ene, alo ade ame bubuwo alo ame ma ya teti dzi wu etɔawo gɔ̃ hã.

Nenemae wòle le mawusubɔsubɔ hã gomea? Ðe subɔsubɔha ɖɔʋu geɖewo li, siwo dome ame ate ŋu atia esi sɔ nɛ le, le afi si wonyii le alo ale si wòbua nuwo ŋui ta? Alo subɔsubɔha ɖeka aɖe koe nye nyateƒetɔ si ŋu wòle be amewo katã natrɔ ɖoa? Na míakpɔ nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu ɖa. Gbã la, míakpɔe ɖa be ɖe nyateƒe aɖe koŋ li si ŋu woate ŋu ake ɖo hã. Nya lae nye be, ema manɔmee la, mahiã kura be ame nate kpɔ be yeakpɔe ɖa be subɔsubɔha kae nye nyateƒetɔ hã o.

Ðe Míate Ŋu Anya Subɔsubɔdzixɔse Siwo Nye Nyateƒea?

Esi wòsusɔ vie woawu Yesu Kristo la, egblɔ na Roma Mɔ̃mefia Pontio Pilato, si bia gbee la be: “Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la, ɖoa to nye gbe.” Anɔ eme be esi Pilato bia be, “Nu kae nye nyateƒe?” hã la, ɖikekee na wòbia nya ma vlododotɔe. (Yohanes 18:37, 38) Ke hã, Yesu ya ƒo nu tso nyateƒe ŋu dzinɔameƒotɔe. Meke ɖi nyateƒe ƒe anyinɔnɔ o. Bu nya ene siwo gbɔna, siwo Yesu gblɔ na ame vovovowo la ŋu kpɔ.

“Elabena nu si tae wodzim ɖo, si tae meva xexea me ɖo ye nye esi: be maɖi ɖase na nyateƒe la.”—Yohanes 18:37.

“Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.”—Yohanes 14:6.

‘Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’—Yohanes 4:23, 24, Agbenya La.

“Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”—Yohanes 8:31, 32.

Esi wònye be Yesu ƒo nu tso nyateƒe ŋu kakaɖedzitɔe alea, eye be woate ŋu adze sii ta la, ɖe manyo be míakpɔe ɖa ne mawusubɔsubɔ ŋuti nyateƒe aɖe koŋ li, eye be míate ŋu ake ɖe eŋu, hã oa?

Ðe Nyateƒe Matrɔmatrɔ Aɖe Li Ŋutɔŋutɔa?

Ðikeke mele eme o be nanewo li siwo ƒe anyinɔnɔ dzi nàte ŋu aka ɖo bliboe. Èka ɖe edzi be ye ŋutɔ yenye ame ŋutɔŋutɔ si li, eye be nu siwo ƒo xlã ye la nye nu ŋutɔŋutɔ siwo li. Atiwo, towo, alilikpowo, ɣe, kple ɣleti—nu sia nu si le míaƒe xexe sia me—menye nu siwo nèsusuna be woli ko o, ke woli ŋutɔŋutɔ hã. Ele eme be ɖewohĩ ame ʋɛ aɖewo li siwo ahe nya ɖe nu mawo ƒe nu ŋutɔŋutɔnyenye ŋu. Gake ɖewohĩ màlɔ̃ ɖe woƒe nukpɔsusu gbɔme ma dzi o.

Dzɔdzɔmesewo hã li. Àte ŋu aka ɖe woawo hã dzi bliboe. Le kpɔɖeŋu me, ne èdzo tso to kɔkɔ aɖe dzi la, màtsi ya me gbeɖe o, àge godoo; eye ne ègbe nuɖuɖu la, dɔ awu wò godoo; nenema kee ne ègbe nuɖuɖu hena ɣeyiɣi didi la, àku. Mèbua eŋu be ɖe dzɔdzɔmese siawo kpɔa ŋusẽ ɖe ame aɖewo ko dzi, evɔ womekpɔnɛ ɖe ame aɖewo ya dzi o gbeɖe o. Wokpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔ ɖe sia ɖe dzi, si tae woyɔa wo be dzɔdzɔmesewo ɖo.

Biblia he susu yi dzɔdzɔmese siawo dometɔ ɖeka dzi esime wòbia be: “Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã?” Le nyateƒe me la, le ɣeyiɣi si me woŋlɔ nya mawo la, ame sia ame nya be le dzɔdzɔme nu la, ne woɖe dzo ɖe avɔ dzi la, afiã godoo. Gake ɖe Biblia me lododo sia nɔ susu hem yi nyateƒe matrɔmatrɔ bubu aɖe si le vevie wu la dzi, si nye be, ‘ame si dɔ ehavisrɔ̃ gbɔ’ la mate ŋu asi le emetsonu vɔ̃wo nu gbeɖe o.—Lododowo 6:27, 29.

Ðe míate ŋu aka ɖe edzi be agbe nyui nɔnɔ ŋuti nya ma nye nyateƒe matrɔmatrɔ vavã? Ame aɖewo aɖo eŋu be ao. Ame siawo gblɔna be ame ŋutɔe anɔ te ɖe hehe si wòxɔ, eƒe dzixɔsewo, kple nɔnɔme siwo me wòle dzi atso nya me le agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenuwo ŋu. Gake na míadzro Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti se siwo le Biblia me la dometɔ ʋɛ aɖewo me kpɔ, bene míakpɔe ɖa be menye nyateƒe matrɔmatrɔwoe se siawo nye o hã?

Biblia gblɔ be ahasiwɔwɔ menyo o. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Gake ame aɖewo mexɔ Biblia ƒe nufiafia sia be enye nyateƒe o, eye wowɔa ahasi. Ke hã, emetsonu vɔ̃wo ɖea fu na wo, siwo ƒe ɖewoe nyea dzitsinya ƒe fuɖename, srɔ̃gbegbe, kple woƒe nuwɔnaa ƒe nugbegblẽ le ame siwo katã wòlɔ ɖe eme la ƒe seselelãme ŋu vevie.

Mawu meda asi ɖe aha tsu nono hã dzi o. (Lododowo 23:20; Efesotɔwo 5:18) Nu kae dzɔna ɖe ame siwo tsɔ aha tsu nono ɖoa dɔe la dzi? Zi geɖe la, dɔ gena le wo si, egblẽa nu le woƒe lãmesẽ kple woƒe ƒomea, si me tɔwo woƒe nuwɔnaa ɖea fu na vevie la, ŋu. (Lododowo 23:29-35) Emetsonu vɔ̃ siawo vaa ame siwo melɔ̃ ɖe edzi be aha tsu nono nye nu gbegblẽ o hã dzi. Ðe míagblɔ be agbe nyui nɔnɔ ŋuti se siawo ƒe nyateƒenyenye nɔ te ɖe ame sia ame ƒe dzixɔse kple nuŋububu dzia?

Biblia de nɔnɔme nyuiwo tutuɖo ƒe dzi ƒo hã, abe sedede be ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a nyɔnu, eye be nyɔnu nalɔ̃ srɔ̃a ŋutsu, kple be míawɔ nyui na ame bubuwo, ene. (Mateo 7:12; Efesotɔwo 5:33) Se siawo dzi wɔwɔ ɖea vi geɖe ŋutɔ. Ðe nàgblɔ be ame aɖewo koe agbe nyui nɔnɔ ŋuti se siawo aɖe vi na eye womaɖe vi na ame bubu aɖewo ya oa?

Ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo dzi la kpɔa emetsɔnu nyuiwo, eye ame siwo mewɔna ɖe wo dzi o la hã kpɔa emetsonu vɔ̃wo. Nyateƒenya sia ɖo kpe edzi be menye amewo ƒe nukpɔsusu ƒe vovototo dzie se siawo nɔ te ɖo o. Ke boŋ nyateƒe matrɔmatrɔwoe wonye.

Eya ta de ŋugble tso biabia siawo ŋu kpɔ: Ne nyateƒe matrɔmatrɔwoe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo nye na amegbetɔwo katã la, ke nu kae míagblɔ tso dzidzenu siwo le Mawu ƒe Nya la me ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu la ŋu? Ke nya siwo wògblɔ tso nu si dzɔna ɖe mía dzi ne míeku kpakple agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔ me ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu ya ɖe? Míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ nyuie be Biblia ƒe nufiafia siawo hã nye nyateƒe matrɔmatrɔwo na ameƒomea katã. Menye ame siwo xɔ wo dzi se la koe woƒe viɖewo kple wo me tsonuwo yina na o.

Míate ŋu ake ɖe nyateƒe ŋu. Yesu gblɔ be Mawu ƒe Nya, Biblia la, nye nyateƒe. (Yohanes 17:17) Ke hã, ate ŋu adze abe ɖee womate ŋu ake ɖe nyateƒe ŋu o ene. Nu ka tae? Elabena subɔsubɔha vovovoawo katã gblɔna be nu si Biblia gblɔ ye yewofiana. Subɔsubɔha kae le nyateƒe si tututu le Mawu ƒe Nya la me fiam? Ðe wòle be míagblɔ be subɔsubɔha ɖeka aɖe koea? Ðe manya wɔ be míake ɖe nyateƒe bliboa, alo nyateƒe aɖewo ya teti ŋu, le subɔsubɔha vovovoawo me oa?—g08 03-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 18]

Alekee nu si adzɔ ne ame lɔ dzo ɖe akɔnu la do ƒome kple nu si adzɔ ne ame mewɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi o?