Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La—Ale Si Nàwɔ Ake Ðe Eŋu

Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La—Ale Si Nàwɔ Ake Ðe Eŋu

Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La—Ale Si Nàwɔ Ake Ðe Eŋu

Ame aɖewo biana be, ‘Ne nyateƒe aɖe li si tso Mawu gbɔ la, nu ka tae wòle be madii ɖo? Ne gbedeasi vevi aɖe le Mawu si na ameƒomea ɖe, ɖe magblɔe eme nakɔ nyuie be amewo nase egɔme enumake, ale be mahiã be woawɔ numekuku aɖeke hafi ake ɖe eŋu oa?’

KAKAÐEDZITƆE la, ŋutete le Mawu si be wòawɔe nenema. Gake ɖe wòtiae be yeana míanya nyateƒe la to mɔ ma dzia?

Ale Si Mawu Naa Wonyaa Nyateƒe La

Le nyateƒe me la, Mawu gblɔa eƒe gbedeasiwo le mɔ si naa mɔnukpɔkpɔ nyateƒedila anukwaretɔwo be woadii ahake ɖe eŋu la nu. (Psalmo 14:2) De ŋugble tso gbedeasi si Mawu gblɔ to eƒe nyagblɔɖila Yeremiya dzi, ƒe alafa geɖe do ŋgɔ, la ŋu kpɔ. Mawu ƒe dukɔa me tɔ siwo tra mɔ lae gbedeasia yi na ku ɖe Babilontɔwo ƒe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ si nɔ aƒe tum la ŋu.—Yeremiya 25:8-11; 52:12-14.

Ke hã, le ɣeyiɣi ma ke me la, nyagblɔɖila bubuwo hã gblɔ be yewo hã yewole nya gblɔm ɖi le Mawu ƒe ŋkɔ me. Xananya gblɔ nya ɖi be ŋutifafa anɔ Yerusalem. Gbedeasi ma to vovo kura na esi Yeremiya gblɔ. Ke ame ka dzie ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la axɔ ase—Yeremiya ye loo, alo ame siwo gblɔ nya siwo tsi tsitre ɖe etɔa ŋu yea?—Yeremiya 23:16, 17; 28:1, 2, 10-17.

Be Yudatɔ siwo si dzi nyui le nanya ame si le nyateƒe tom la, ehiã be woanya ame si ƒomevi Yehowa nye. Ehiã be woase eƒe sewo kple gɔmeɖosewo gɔme eye woanya ale si wòbua nu gbegblẽ wɔwɔe. To esia wɔwɔ me la, woava lɔ̃ ɖe nya si Mawu gblɔ to Yeremiya dzi be ‘ame aɖeke meli, si ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ venɛ o’ la dzi. (Yeremiya 8:5-7) Gakpe ɖe eŋu la, woate ŋu ade dzesii be nɔnɔme wɔnublanui sia made Yerusalem dua kple emenɔlawo dzi o.—5 Mose 28:15-68; Yeremiya 52:4-14.

Nya siwo Yeremiya gblɔ ɖi ku ɖe Yerusalem ŋu la va eme pɛpɛpɛ. Babilontɔwo va tsrɔ̃ dua keŋkeŋ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me.

Eya ta togbɔ be wogblɔ nu siwo ado tso tomaɖomaɖo me la ɖi ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hã la, ehiã agbagbadzedze hafi ame nakpɔe adze sii be ɣeyiɣi si Mawu ahe to na wo la ɖo.

Ke Nyateƒe Si Ku Ðe Kristotɔnyenye Ŋu Ya Ðe?

Nu kae míagblɔ tso nyateƒe si Yesu Kristo ɖe gbeƒãe ŋu? Ðe ame sia ame lɔ̃ ɖe edzi be enye gbedeasi si tso Mawu gbɔa? Ao. Togbɔ be Yesu ŋutɔ nɔ Israel viwo dome nɔ nu fiam henɔ nukunu geɖewo wɔm hã la, ame siwo se eƒe nyawo la dometɔ akpa gãtɔ mede dzesii be eyae nye Mesia—Kristo, alo Amesiamina—si ŋu nya wogblɔ ɖi la o.

Yesu ŋutɔ gblɔ na Farisitɔwo, siwo biae ɣeyiɣi si Mawu Fiaɖuƒea ava la, be: “Mawu fiaɖuƒe la mava gaglãa ame sia ame nakpɔ o.” Egblɔ kpee be: “Mawu fiaɖuƒe la le mia dome.” (Luka 17:20, 21) Nya lae nye be, Yesu, si nye Dziɖula si Mawu ŋutɔ ɖo la nɔ wo dome! Gake Farisitɔ mawo gbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be eyama dzie nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ŋu la nɔ eme vam ɖo, eye be eyae nye “Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi” la o.—Mateo 16:16.

Nenema kee amewo wɔ nu ɖe nyateƒe si Kristo yome dzela siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖe gbeƒãe la hã ŋu. Togbɔ be nukunu geɖe siwo wɔm nusrɔ̃laawo nɔ akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe adze sii be Mawu le megbe na wo hã la, ameawo dometɔ geɖe mekpɔ nyateƒea dze sii o. (Dɔwɔwɔwo 8:1-8; 9:32-41) Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be woawɔ amewo “woanye nusrɔ̃lawo” to nufiafia woamawo me. Esi nyateƒedila anukwaretɔwo ɖo to woƒe gbedeasia hesrɔ̃ nyateƒenya siwo le Ŋɔŋlɔawo me la, wova zu xɔsetɔwo.—Mateo 28:19; Dɔwɔwɔwo 5:42; 17:2-4, 32-34.

Nenema kee wòle egbea hã. ‘Wole gbeƒã ɖem’ “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui [la] le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Menye mɔ si adze “gaglã”—mɔ si ana anyigbadzinɔla ɖe sia ɖe akpɔe adze sii be gbedeasi si tso Mawu gbɔe wole gbeƒã ɖemee—kokoko dzi tom wole le esia wɔm o. Ke hã, amewo ate ŋu akpɔ nyateƒe si tso Mawu gbɔ la adze sii bɔbɔe, eye eʋãa dzi anukwaretɔ ɖe sia ɖe si di be yeasubɔ Mawu le mɔ si dzea eŋu nu la wòwɔa afɔɖeɖe.—Yohanes 10:4, 27.

Nyateƒe si wònye be èle magazine sia si me Biblia me nyawo le xlẽm la ɖee fia be anɔ eme kokoko be nyateƒedila anukwaretɔe nènye. Aleke nàwɔ ake ɖe subɔsubɔha si le nyateƒea fiam la ŋu?

Afɔɖeɖe Siwo Akpe Ðe Ŋuwò

Apostolo Paulo kafu Beroiatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ aɖewo le ale si wowɔ nu ɖe nu siwo wòfia wo ŋui la ta. Womelɔ̃ ɖe edzi enumake be nu siwo Paulo fia la nye nyateƒe o; ke hã, woɖo to bubutɔe. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Beroiatɔwo wɔ nu esime wose gbedeasia la me.

De dzesii be Biblia ɖe nu me be: “Ke [Beroiatɔwo] ɖɔ ʋu wu ame siwo le Tesalonika, elabena wotso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la [kple didi vevie], eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe be nya siawo le nenema hã. Eya ta wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 17:10-12) Edze ƒãa be womenɔ numekukua wɔm kple dzi afãafã o. Womenɔ mɔ kpɔm be yewoakpɔ ta na numekukua le numedzodzro ʋɛ aɖewo wɔwɔ kple Paulo vɔ megbe o.

De dzesii hã be Beroiatɔwo ‘tso dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la kple didi vevie.’ Esia ɖe nɔnɔme si woɖe fia le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ me la fia mí. Womexɔ nya sia nya si Paulo gblɔ na wo la dzi se nya aɖeke mabiamabia o, eye womewɔ nu ɖekematsɔlemetɔe hã o. Womehe nya kple Paulo, si nye Mawu teƒenɔlawo dometɔ ɖeka la, le nya siwo wògblɔ na wo la ŋuti o.

De ŋugble tso nya sia hã ŋu: Zi gbãtɔe nye ema Beroiatɔwo nɔ Kristotɔnyenye ŋuti nya sem. Enya se na wo, ɖewohĩ enya se na wo ale gbegbe be esesẽ na wo be woaxɔ edzi ase gɔ̃ hã. Gake womeɖe kɔ le eŋu o, ke boŋ wodzro Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito, ‘henɔ nya sia nya si Paulo gblɔ la me kum kpɔ be nya mawo le eme hã.’ De dzesii hã be, ame siwo nɔ Beroia kple Tesalonika siaa, siwo ku kutri le numekuku me nenema la va zu xɔsetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 17:4, 12) Womena ta heƒo nya ta be womate ŋu ake ɖe nyateƒe ŋu o. Wokpɔ subɔsubɔha nyateƒetɔ la dze sii.

Dɔ Si Nyateƒe La Wɔna Ðe Amewo Dzi

Ne ame aɖe kpɔ nyateƒea dze sii abe ale si Beroiatɔwo wɔe ene la, eʋãnae wòtsɔa dzidzɔ ƒoa nu tso eŋu na ame bubuwo. Ame aɖewo malɔ̃ ɖe esia dzi o, kple susu be anye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia be woalɔ̃ ɖe edzi boŋ be subɔsubɔha bubuwo hã ate ŋu anɔ nyateƒe tom. Gake ne ame aɖe nya ke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu ko la, enaa kakaɖedzi sẽŋu aɖee. Menaa amea nɔa eɖokui biam nenye be woate ŋu ake ɖe nyateƒe ŋu loo, alo nenye be woate ŋu akpɔ xɔxɔ le subɔsubɔhawo katã me hã o. Gake keke ɖe nyateƒea ŋu dzea egɔme kple numekukuwɔwɔ kutrikukutɔe, eye esia bia ame ɖokui bɔbɔ ɖe anyi.

Yehowa Ðasefowo wɔ numekuku ma. Esia tae woka ɖe edzi be yewoke ɖe subɔsubɔha nyateƒetɔa ŋu ɖo. Eye wole kpewòm be nàwɔ numekuku le Ŋɔŋlɔawo me be nàte ŋu ade dzesi subɔsubɔha nyateƒetɔ si li egbea. Togbɔ be esia wɔwɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu nya vevi ʋɛ aɖewo me dzodzro ko hã la, numeɖeɖe siwo ku ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu, si dze le aɖaka si le axa sia me la akpe ɖe ŋuwò nàdze egɔme.

Ne èlɔ̃ Yehowa Ðasefowo wɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wò femaxee la, akpe ɖe ŋuwò nàku nu si tututu Biblia fia la me tsitotsito. Esia ana nàte ŋu akpɔ subɔsubɔha nyateƒetɔ la adze sii.—g08 03-E.

[Aɖaka si le axa 23]

Subɔsubɔha Nyateƒetɔ La Ŋuti Nya Vevi Aɖewo

De Ŋugble Tso Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Kristotɔwo Ƒe Nufiafiawo Ŋu Kpɔ:

Mawu ƒe Nya ƒe mɔfiafia dzie wozɔna ɖo.—2 Timoteo 3:16; 2 Petro 1:21.

Wofia nu be Mawu ƒe Vie Yesu nye, be menye eyae nye Mawu ŋutɔ o, eye be ele Mawu ƒe ŋusẽ te.—1 Korintotɔwo 11:3; 1 Petro 1:3.

Wofia nu be woava gbɔ agbe ame kukuwo le etsɔ si gbɔna me to tsitretsitsi dzi.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Wonya wo nyuie ɖe ale si gbegbe wolɔ̃ wo nɔewoe ta.—Yohanes 13:34, 35.

Womede ta agu le wo ɖokui si ɖekaɖeka o, ke boŋ woƒo ƒu ɖe hame vovovowo me eye wo katã wowɔ ɖeka le hamemetsitsiwo ƒe ha aɖe, si de bubu Yesu ŋu abe woƒe Tatɔ ene la ƒe dzikpɔkpɔ kple kpɔkplɔ te.—Dɔwɔwɔwo 14:21-23; 15:1-31; Efesotɔwo 1:22; 1 Timoteo 3:1-13.

Wodo vevie nu le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me, be eyae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Mateo 24:14; 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Aleke woawɔ anya be Yeremiya ye nye nyagblɔɖila vavãtɔ esi ame bubuwo hã nɔ nya siwo to vovo gblɔm ɖi?

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Ƒe alafa gbãtɔ me Beroiatɔwo ɖo to Paulo, eye wodzro Ŋɔŋlɔawo me be yewoaka ɖe edzi be nya siwo wògblɔ la nye nyateƒe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Biblia sɔsrɔ̃ veviedodotɔe akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ subɔsubɔha nyateƒetɔ la adze sii