Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tenɔnɔ Ðe Ƒewuime Blanuiléle Nu

Tenɔnɔ Ðe Ƒewuime Blanuiléle Nu

Tenɔnɔ Ðe Ƒewuime Blanuiléle Nu

WOBIA tso sukuvi aɖewo siwo nɔ Eŋlisigbe srɔ̃m le Mexico la si be wodzra nuƒo aɖe ɖo tso nyati aɖe si woawo ŋutɔwo atia ŋu. Maritza ɖe nu me be: “Menɔ blanuiléle ƒe ɣeyiɣiwo me tom eye nyati si nye ‘Kpekpeɖeŋu na Ƒewuivi Siwo Lé Blanui,’ si dze le September 8, 2001 ƒe Nyɔ! me, la kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Eya ta mezã numeɖeɖe siwo le magazine sia me tsɔ dzra nye nuƒoa ɖo, eye wona nye nuƒoa dzeside nyui aɖe ŋutɔ. Emegbe la, mena nyati sia ƒe kɔpi ɖekaɖeka sukuviawo kple nufialaawo.”

Ƒe eve megbe, esime Maritza nɔ Biblia me nya nyuia gblɔm na amewo la, eɖake ɖe sukuvi aɖe, si hã le Eŋlisigbe srɔ̃m la, ŋu. Maritza ƒe nu ku esime sukuvia tsɔ Nyɔ! ma ƒe nyati siwo ku ɖe ƒewuiviwo ƒe blanuiléle ŋu ƒe kɔpi fiae. Edze abe nufialaa de asixɔxɔ eŋu ale gbegbe be wòwɔa eƒe kɔpi na eƒe sukuviawo dometɔ ɖe sia ɖe ene!

Àte ŋu agakpɔ nyatakaka geɖe ku ɖe ƒewuiviwo ƒe blanuiléle ŋu le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques) me. Àkpɔ nyati siwo nye “Nu Ka Tae Nyamekpɔa Dzidzɔ Ðe Ðokuinye Ŋu O?,” “Nu Ka Tae Meléa Blanui Alea Gbegbe Ðo?,” kple “Aleke Mawɔ Aɖu Akogotsitsi Ƒe Seselelãme Dzi?” hã le agbalẽa me. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ, le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g08 04-E.

□ Medi be miaɖo agbalẽ sia ƒe tata ɖeka ɖem femaxee.

Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si me nèdii le.

□ Taflatsɛ miva wɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.