Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ

Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu (April-June 2007) Esi wònye be ƒe 18 mexɔ ta la, mekpɔe be nya geɖe siwo wogblɔ tso asitelefon kple Internet zazã ŋu la ku ɖe ŋunye. Meƒo ɖokuinye ɖe kadodo kple amewo le Internet dzi me. Eteƒe medidi o, kadodo kple ame gblẽku siawo na meva ge ɖe woƒe mɔ̃ me. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi mete dzesidedee be mía kple Mawu dome ƒomedodo ɖo afɔku me o. Melɔ̃ ɖakpe ŋkume kple ŋkume kple ame gblẽku siawo dometɔ geɖe gɔ̃ hã. Nublanuitɔe la, esia kplɔm de agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Mele gbe dom ɖa be nyati sia nakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaƒo asa na vevesese kple nuxaxa siwo me tom mele fifia. Ale si metsia zãdomadɔalɔ̃e kple ŋkuɖoɖo foto aɖewo dzi enuenu la nana nu tea ŋunye gbe sia gbe, gake mele aʋa wɔm kple Satana vevie ŋutɔ.

B. R., United States

Nu Ka Tae Mekua Ƒenyi? (April-June 2007) Nyanya be menye nye ɖekae kua ƒenyi o na dzi gaɖo ƒonye ŋutɔ. Nyati sia xexlẽ na mese le ɖokuinye me abe ɖee Yehowa le gbɔgblɔm nam tẽe be, “Mese nu si me tom nèle la gɔme na wò, eya ta medi be matsɔ nyati sia ade dzi ƒo na wò,” ene.

I. R., Madagascar

Nane Si Anɔ Anyi Ðaa Wu Aɖaŋunuwɔwɔ (April 2007 Eŋlisigbe me Nyɔ!) Nyemate ŋu ada akpe ɖe nyati sia ta wòade edeƒe o. Mewɔ dɔ le fotoɖeƒe eve dzidzedzetɔe hena ƒe ade sɔŋ. Melɔ̃ dɔ sia si naa mete ŋu ɖea nye aɖaŋuwɔwɔ ŋutete fiana la ŋutɔ. Gake meva de dzesii be esi meva nɔ dzidzedze kpɔm le dɔ sia me geɖe wu hete ŋkɔxɔxɔ ko la, agbagba siwo medzena le Yehowa subɔsubɔ me la dzi ɖe kpɔtɔ. Meƒoa ɖokuinye ɖe aɖaŋudɔ sia me ale gbegbe be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe sua asinye na nu bubuwo wɔwɔ. Menya be ele be mawɔ tɔtrɔ aɖewo. Eya ta medzudzɔ dɔ sia wɔwɔ heva lé fɔ ɖe nye mawusubɔsubɔdɔwo ŋu. Dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔ ƒe seselelãme si do tso foto dzeani siwo meɖena me nam la mede dzidzɔ si gbegbe mele kpɔkpɔm le gomekpɔkpɔ le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me nu o.

A. P., United States

Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Ame Sia Sɔ Nama? (July-September 2007) Nyitsɔ laa la, ɖekakpui aɖe ƒe nu te dziléle nam eye mesusu be mía kplii míate ŋu ava ɖe mía nɔewo. Gake le nyati sia xexlẽ vɔ megbe la, meva kpɔe be nɔnɔme siwo dzɔa dzi nam le eŋu la menye esiwo le vevie ŋutɔŋutɔ o. Nyatia na mekpɔe be mawumenɔnɔmewo kple ale si amea wɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui ye le vevie wu. Meda akpe na Yehowa ɖe nyati siawo tɔgbi siwo fiaa mɔ mí sɔhɛwo hekpɔa mía ta la ta.

E. P., United States

Srɔ̃ Nu Tso East Timortɔwo Gbɔ (May 2007 Eŋlisigbe me Nyɔ!) Nyati sia xexlẽ do dzidzɔ nam ŋutɔ. Zi gbãtɔ si mese dukɔ sia ŋkɔe nye esime woka nya ta tso zitɔtɔ siwo yi edzi le afi ma ŋu le nyadzɔdzɔwo me. Tso ɣemaɣi la, medina vevie be manya ale si East Timortɔwo te ŋu le akɔ kpem kple nɔnɔmeawo, kple ale si nɔnɔmeawo le ŋusẽ kpɔm ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ɖaseɖiɖidɔa dzii. Esi mekpɔe le nyati sia me be dukɔa me tɔwo mena ta le fukpekpe sesẽtɔ kekeake me o, ke boŋ wokpɔtɔ le dzi dom heyi edzi le agbe nɔm abe ale si ko wonɔnɛ ɖaa ene la, ewɔ nuku nam ŋutɔ. Nyemaŋlɔ tamanamana ƒe nɔnɔme si le East Timortɔwo si, kple ale si Jacob ƒomea ɖo nukomoe le woƒe foto si dze le magazinea me la me be gbeɖe o.

Y. M., Japan