Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Ahe Etsɔme Si Me Dzidzɔ Anɔ Avaea?

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Ahe Etsɔme Si Me Dzidzɔ Anɔ Avaea?

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Ahe Etsɔme Si Me Dzidzɔ Anɔ Avaea?

Ðeko nèʋu yi aƒe yeye aɖe si wotsɔ anyikpe meme tui, si ŋu wòdze be ŋusẽ le, eye wònya kpɔ la me tetie nye ema. Nu ma tututu dim nènɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Èkpɔe be nuwo ayi edzi na ye nyuie azɔ! Gake ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, gliawo fe ɖe teƒeteƒewo, si na wòva hiã be woagbã xɔa. Wò dzi gbã. Gake menye wò ɖeka dzie nu sia dzɔ ɖo o. Nu sia tɔgbi dzɔ ɖe aƒe bubu siwo le míaƒe nutoa me la hã dzi. Numekukuwo ɖee fia be nu si gbɔ kuxia tsoe nye xɔtuɖaŋu maɖɔʋu kple kpe meme maɖɔʋuwo zazã le xɔawo tutu me.

ABE aƒe ma ene la, xexea ɖo kuxi gã aɖe me. Togbɔ be wote hadomenuwɔna kple dziɖuɖu mɔnu vovovowo kpɔ, eye wowɔ ŋgɔyiyi wɔnukuwo le dzɔdzɔme kple mɔɖaŋu ŋuti nunya me hã la, ɖeko wòdze abe nu vevi siwo lé ameƒomea ɖe te la dome le gbegblẽm ene. Le dukɔ geɖewo me la, sedzimawɔmawɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ va zu gbe sia gbe nudzɔdzɔwo. Ðe mɔkpɔkpɔbuɖeame aƒoe ɖe amegbetɔwo nu be woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔ ahaɖo dziɖuɖu nyui anyi mlɔeba? Bu nya siwo ame xɔŋkɔ aɖewo gblɔ ku ɖe mɔnu vovovo siwo ameƒomea te kpɔ le ŋutinya katã me ŋu la ŋu kpɔ.

“Míete Mɔnu Ðe Sia Ðe Kpɔ”

Agbalẽnyala gãwo, tso Hela xexemenunyala Plato dzi va ɖo Germanytɔ dunyahehe kple hadome ŋuti nunyala Karl Marx dzi, do dukplɔɖaŋu vovovowo ɖa tsɔ dze agbagba be yewoana xexea nanyo ɖe edzi. Nu kawoe do tso eme? Nyati aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye New Statesman me gblɔ be: “Míete ŋu ɖe ahedada ɖa alo he ŋutifafa va xexea me o. Ke boŋ, edze abe nu si tsi tsitre ɖe ema ŋue míewɔ ene. Gake menye ɖe míedze agbagba aɖeke o. Míete mɔnu ɖe sia ɖe kpɔ, tso dziɖuɖu si me nu sia nu nye dziɖuɖua tɔ dzi va ɖo esi me dziɖuɖua mekpɔa ŋusẽ boo aɖeke ɖe asitsanyawo dzi le o la dzi; tso Dukɔwo Ƒe Nubabla ɖoɖo anyi be woatsɔ ana ŋutifafa nanɔ xexea me dzi va ɖo kɔlili nukliaʋawɔnuwo be ŋɔdzi nanɔ dukɔwo dome ɖe aʋahoho ɖe wo nɔewo ŋu dzi. Míewɔ ‘aʋa gbogbo aɖewo be míatsɔ atsi aʋawɔwɔ nu’ atsɔ aɖee afia be míenya ale si míatsi aʋawɔwɔ nu, eye eva dze abe ɖee asrafowo kpɔtɔ le aʋawɔwɔ dzi le míaƒe dugãwo me ene.” Nyatia yi edzi be: “Míedze ƒe alafaa [20 lia] gɔme kple dzidzɔ hexɔe se be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo axɔ na mí, gake míeva le woƒe nyaa aɖeke dzi xɔm le sesem le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu o.”

Akɔntabubu kple hadomeŋutinunya ŋuti Nufialagã Eric Hobsbawm, si nɔ London Yunivɛsiti, si xɔ gbɔɖeme la ŋlɔ le ƒe 2001 me be ameƒomea ƒe dunyahenuɖoanyia “va ɖo ɣeyiɣi aɖe si me amegbetɔwo ƒe nuwɔna va le ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe dzɔdzɔmenuwo kple anyigba la ŋutɔ dzi la me.” Kuxiawo gbɔ kpɔnu alo wo nu léle “ahiã afɔɖeɖe aɖewo, siwo dzi kakaɖedzitɔe la, ame akpa gãtɔ mada asi ɖo o. Esia menye nya nyui aɖeke na nu si ava dzɔ ɖe demokrasi loo, alo anyigba la ŋutɔ dzi o.”

Esi ɣletinyigbawo ŋuti nunyala xɔŋkɔ Stephen Hawking, si ŋlɔ agbalẽ woƒle le xexea me godoo la, kpɔ afɔku si dze ŋgɔ ameƒomea la, ebia be: “Le xexe sia si me dunyahehe, hadomenuwɔnawo, kple nutowo ƒe dedienɔnɔ ɖo afɔku me me la, alekee míate ŋu akpɔ mɔ be amegbetɔƒomea nakpɔtɔ anɔ anyi atso ƒe 100 bubu ɖo?”

Nu Ka Tae Ameƒomea Do Kpo Nu?

Biblia koe te ŋu ɖe nu si tae ameƒomea do kpo nu le eɖokui dzi ɖuɖu ƒe nya sia me ɖo la me wòde edeƒe. Nu si ta wòle aleae nye be Biblia koe te ŋu gblɔ ŋutete si tututu le amegbetɔ si. Le kpɔɖeŋu me, bu nyateƒe matrɔmatrɔ ene siwo me míadzro azɔ la ŋu kpɔ.

Mí katã míenye ame madeblibowo. “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Romatɔwo 3:23) Abe ale si ko gli ƒe fefe ate ŋu ana ŋusẽ manɔ xɔ aɖe ŋu o eye wòava mu ene la, blibomademade kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi le mɔ si ate ŋu ana wɔna navɔ le ameƒomea ŋu nu. Esiawo dometɔ aɖewoe nye nu fitifiti wɔwɔ, anukwaremaɖimaɖi, ŋukeklẽ, kple ŋusẽ ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu. Nu siawo le edzi yim tso blema ke. Ƒe akpe etɔ̃ aɖewoe nye esi va yi si nunyala aɖe si kpɔ gome le Biblia ŋɔŋlɔ me la gblɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

Dukplɔlawo kple senyalawo kpɔ míaƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo dze sii, eye wodzea agbagba be yewoalé wo nu to se gbogbo aɖewo dede me. Gake le esia wɔwɔ me la, wonyae nyuie be ame aɖeke mate ŋu ade se atsɔ azi amewo dzi be woalɔ̃ wo haviwo alo anye sedziwɔlawo o.

Míate ŋu asi le ku nu o. “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ [alo agbeŋusẽ] nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Psalmo 146:3, 4) Blema Israel Fia Salomo, si wobu be enye nunyala gãtɔwo kekeake dometɔ ɖeka le eƒe ŋkekeawo me la kpɔ ale si gbegbe eƒe dɔ sesẽ siwo wòwɔ la ate ŋu ava zu dagbadagba ɖe yame la dze sii. Eŋlɔ bena: “Melé fu agbagba, siwo katã medze le ɣea te la, le esi mele wo gblẽ ge ɖi na yonyemedzela ta. Eye ame kae nyae be, nunyala loo, alo bometsila nye ge wògbɔna? Hafi eyae le ŋusẽ kpɔ ge ɖe nye agbagba, siwo katã [medze la dzi]. Esia hã toflokoe!”—Nyagblɔla 2:18, 19.

Ŋutete mele mía si be míaɖu mía ɖokui dzi o. “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremiya 10:23) Ne míeɖe asi le blibomademade ƒe nyaa ŋu la, Biblia fiaa nu be le Mawu ƒe tameɖoɖo nu la, mena ŋusẽ amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi alo na ŋutete wo be woawɔ esia dzidzedzetɔe o. Le kpɔɖeŋu me, nu ka tae dzi kua amewo ne ame bubu alo ameha aɖe di be yeaɖo nu si wòle be woawɔ na wo, alo aɖo agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu na wo? Ŋuɖoɖoae nye: Ðe wowɔ mí be míakpɔ ŋusẽtɔ aɖe si de ŋgɔ boo wu mí la si nu hena mɔfiafia le agbe me. Ŋusẽtɔ mae nye Mawu.—Yesaya 33:22; Dɔwɔwɔwo 4:19; 5:29.

Dziɖula makpɔmakpɔ aɖe le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi. “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la [Satana Abosam] ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Ne dɔwɔƒe aɖe ƒe amegã zu nu fitifiti wɔla—eye ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o—la, nu kae dɔwɔvi ate ŋu awɔ atsɔ aɖɔ nuwo ɖo? Mate ŋu awɔ nu boo aɖeke o. Nenema ke koe wòle le kuxi siwo, le nyateƒe me la, wotso xexemedziɖula siwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi siwo wɔa woƒe aƒetɔ Satana ƒe gbe dzi gbɔ, la gbɔ kpɔkpɔ gome. Biblia ɖɔ dziɖula mawo be wonye “dziɖuɖuwo,” “ŋusẽwo,” “viviti sia ƒe xexemedziɖulawo,” kple “gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.”—Efesotɔwo 6:12.

Gake menye ɖeko Biblia klo nu le nu si gbɔ amegbetɔwo ƒe kpododonu tso kple xexemedziɖula makpɔmakpɔwo ŋu o. Eƒo nu tso nya nyui aɖe si nye kuxiawo katã gbɔ kpɔnu si ŋu kakaɖedzi le ŋu, eye wòto esia dzi na mɔkpɔkpɔ ameƒomea.

Mía Wɔla La Axɔ Na Mí!

Ne wogblẽ kuxiawo gbɔ kpɔkpɔ ɖe mía si me la, míate ŋu awɔ naneke le wo ŋu o. Ŋutete mele amegbetɔ nunyala, ŋusẽtɔ, alo kesinɔtɔ gãtɔ kekeake gɔ̃ hã si be wòatrɔ nyateƒenya ene siwo me míedzro le nyati sia me la dometɔ ɖeka pɛ hã o. Gake abe ale si woɖe eme le nyati si kplɔe ɖo me ene la, mía Wɔla meŋlɔ mí be alo gblẽ mí ɖi o. Le nyateƒe me la, esi wònye eyae nye anyigba la ƒe Dziɖulagã si dze ta la, aɖe nu sia nu si le kplamatsɛ dom míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la ɖa. (1 Yohanes 4:8) Gawu la, aɖe afɔ sia kpuie. Aleke míewɔ nya?

Abe ale si míeɖe eme le magazine sia ƒe tata si nye April-June, 2008 tɔ (alo yevugbe me tɔ, April 2008) me ene la, xexea me nudzudzɔwo kple ale si hadomegbenɔnɔ va le fifia na wòdze ƒãa be míeɖo xexe sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ƒe yɔyrɔe nu. (2 Timoteo 3:1; Mateo 24:3-7) Ke hã, menye nukliaʋa ƒe ametsɔtrɔ̃ alo kpe aɖe ƒe gege tso yamenutowo me ava dze anyigba la dzi alo amegbetɔwo ƒe ametsɔtsrɔ̃ to mɔ bubu aɖe dzi, vovototo mademade ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo dome, ye ahe nuwuwua avae o. Ke boŋ, anye Mawu ƒe nudede nyawo me tẽe esime wòatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo kple ame siwo dina be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu nakpɔtɔ anɔ anyi la ɖa. (Psalmo 37:10; 2 Petro 3:7) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu aɖe fukpekpe siwo katã ame siawo siwo tsi tsitre ɖe Mawu ŋu he vae la ɖa. *2 Tesalonikatɔwo 1:6-9.

Emegbe Wɔla la akpɔ kuxi siwo katã do tso mía ɖokui dzi ɖuɖu me gbɔ to ŋusẽnana dziɖuɖu bubu aɖe, si woyɔ be “Mawu fiaɖuƒe,” be wòaɖu anyigba la dzi me. (Luka 4:43) Abe ale si míele ekpɔ ge le nyati si gbɔna me ene la, dziɖuɖu ma si ava ɖu xexea katã dzi la ana etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui nasu mía si.—g08 05-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Woɖo biabia si nye “Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?” la ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 106 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

AMEGBETƆƑOMEA ƑE “KPE MEME” MAÐƆƲUAWO

▪ Mí katã míenye ame madeblibowo.

▪ Míate ŋu asi le ku nu o.

▪ Ŋutete mele mía si be míaɖu mía ɖokui dzi o.

▪ Dziɖula makpɔmakpɔ aɖe le ŋusẽ kpɔm ɖe amegbetɔwo dzi.

[Aɖaka si le axa 24]

AMEGBETƆWO MATE ŊU AGBLẼ ANYIGBA LA DOME KEŊKEŊ O!

Biblia ɖo kpe Wɔla la ƒe tameɖoɖo be yeana anyigba la nanye Mawu vɔ̃lawo ƒe aƒe si me ŋutifafa anɔ eye wòanɔ dedie la dzi. Bu mawunyakpukpui siwo gbɔna ŋu kpɔ.

“Eɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.”—Psalmo 104:5.

“Èɖo anyigba anyi, eye wòtɔ ɖe tsitrenu.”—Psalmo 119:90.

“Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.

‘Sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu me ene.’—Yesaya 11:9.

‘Yehowae nye ame si mè anyigba, eye wòwɔe; eya ame si ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.’—Yesaya 45:18.