Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

“[Arktik] tsikpe agbɔsɔsɔme si nyi le ƒe sia [2007] me la wɔ nuku na mí wu gbɔgblɔ, elabena menye ɖeko wòƒo esiwo dzɔ kpɔ la ta o, ke enye esi wɔ nuku wu.”—MARK SERREZE, DUKƆA ƑE SNO KPLE TSIKPE ŊU NYATAKAKADƆWƆƑE, U.S.A.

Gaŋutinunyalawo bu akɔnta be ne xexea me nɔla ɖe sia ɖe azã gã kple nunɔamesi siwo gbegbe United States (États-Unis) nɔla ɖe sia ɖe zãna la, ahiã be míaƒe anyigbaa nalolo ɖe edzi zi gbɔ zi 5.3 hafi edzinuwo asu na wo . . . Nenema kee wòahiã be anyigbaa nalolo zi gbɔ zi 3.1 le France kple Britain gome, zi gbɔ zi 3 le Spain gome, zi gbɔ zi 2.5 le Germany gome, kple zi gbɔ zi 2.4 le Japan gome.”—REUTERS NYATAKAHA, BRITAIN.

‘Ðe Wògblẽa Nu Wu Nyui Si Wòwɔna’?

Numekuku aɖe si wowɔ le Duke Yunivɛsiti Atikeŋutinusrɔ̃ƒe, le Durham, North Carolina, U.S.A. la ɖee fia be: “Amegbetɔ ƒe ʋu si woɖe hedzraɖo ɖi dodo na ame ate ŋu agblẽ nu le dɔnɔ akpa gãtɔ ŋu wu nyui si wòawɔ na wo.” Numekukuwo ɖee fia be “dzidɔ, dzi ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie, gbagbadɔ, kple ku kpata dzɔna edziedzi” ɖe dɔnɔ siwo wodo ʋu na dzi wu esiwo womedo ʋu na o. Nu ka tae? “Nitric oxide si nye ʋumeya aɖe si nɔa ʋumenugbagbevi dzĩwo me la tea gbegblẽ ne wonya ɖe ʋua le ame me teti ko.” Ʋumeya sia wɔa akpa vevi aɖe le nana be ʋukawo me nanɔ ʋuʋu ɖi bene ʋumenugbagbevi dzĩwo nate ŋu atsɔ ya si míegbɔna, si nye ɔksidzin, ayi teƒeteƒewo le ame ƒe ŋutilã me. Nyatakakaa gblɔ be: “Anɔ eme kokoko be ʋu manyomanyo siwo mate ŋu atsɔ ya si nye ɔksidzin ayi teƒeteƒewo le ame ƒe ŋutilã me o la dom wole na dɔnɔ miliɔn geɖe.”

Televisionkpɔkpɔ Atraɖii Le Bhutan

Ƒe bla nanewoe nye esi va yi la, Bhutan fiaɖuƒe nyaŋui, si le Himalaya nuto me la, meɖe mɔ be woazã television le dukɔa me o. Gake esi dukɔa me tɔ geɖewo fa konyi be yewomete ŋu kpɔ Ƒe 1998 Xexea Me Katã Ƒe Dziɖuɖukplu Bɔlƒohoʋiʋli wɔnawo o ta la, dziɖuɖua va ɖe mɔ le ƒe 1999 me be woate ŋu azã television le dukɔa me. Nyatakaka aɖe si tso Bhutan ɖee fia be, fifia dukɔa me tɔwo ate ŋu aʋu televisiondɔwɔƒe vovovo 40 ahakpɔ wɔna vovovowo, eye Hollywood sinimawo kple Indiatɔwo ƒe television dzi wɔna siwo woɖena tsiana ɖe enu kpɔkpɔ va zu numame na wo dometɔ geɖe xoxo. Le esi ƒomewo anɔ anyi ɖekae anɔ ha dzim ahanɔ dze ɖom abe ale si wowɔnɛ tsã ene teƒe la, ɖee woƒoa ƒu nɔa television kpɔm boŋ. Nyɔnu aɖe fa konyi be yemegakpɔa ɣeyiɣi ɖe nu bubu aɖeke ŋu o—gbedodoɖa gɔ̃ hã. Qatar nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Peninsula gblɔ le nyɔnu la ŋu be egblɔ be: “Togbɔ be medzea agbagba be mado gbe ɖa hã la, television ŋu koe nye susu nɔna ɣesiaɣi. Gake nu si koŋ ŋu ame geɖe tsi dzi ɖoe nye ale si amewo ava vu ɖe nu siwo mehiã wo hafi o la ƒeƒle ŋu abe ale si amewo wɔna le xexea me ƒe akpa bubuwo ene. ‘Television dzi wɔnawo kple boblododowo nana amewo ʋlina vevie be yewoaƒle nu siwo woƒe ganyawo mede wo dzi be woaƒle hafi o.’”

Ɔfisdɔwɔla Siwo Susuhenuwo Ðea Fu Na

Magazine si nye New Scientist gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, dɔwɔwɔ le ɔfis te ŋu va nyea kaƒoƒowo ŋu ɖoɖo, toklãnadzesiwo kple susuhenu bubuwo gbɔ kpɔkpɔ atraɖii.” Numekulawo de dzesii le nyatakakadɔwɔlawo ŋu be kaka woawɔ dɔ miniti etɔ̃ pɛ ko la, susuhenu aɖe va tsoa dɔ si wɔm wole la me. Esi wònye susuhenuwo ate ŋu axɔ ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe dɔwɔɣi ƒe gaƒoƒo eve ta la, ɔfisdɔwɔla aɖewo siwo ŋu vovo menɔna o la zãa kɔmpiuta tsɔ dea vovo susuhenuawo dometɔ siwo gbɔ wòhiã be woakpɔ kpata kple esiwo mehiã kpata o la dome. Aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu dɔ ame sia ame ate ŋu awɔ la ƒe ɖewoe nye: “Gblɔ ale si tututu nɔnɔmea le la na amewo, . . . ne vovo mele ŋuwò o la, gblɔ na wo be vovo mele ye ŋu yeaƒo nu kpli wo fifia o,” eye zi ɖokuiwò dzi “be màʋu e-mail si woɖo ɖe wò la o, be màɖo telefon kple nyatakaka si woɖo ɖe wò to Internet dzi la ŋu o va se ɖe esime nèwu dɔa nu.”—g08 07-E.