Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒewuiviwo Hehe—Akpa Si Nugɔmesese Wɔna

Ƒewuiviwo Hehe—Akpa Si Nugɔmesese Wɔna

Ƒewuiviwo Hehe—Akpa Si Nugɔmesese Wɔna

Tsɔe be yeɖi tsa yi dzronyigba aɖe dzi eye mèse afi ma tɔwo ƒe gbe o. Ðikeke mele eme o be dzeɖoɖo kple amewo asesẽ na wò—gake mefia be màte ŋu awɔ naneke le eŋu o. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽwo akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nya bɔbɔewo gbɔgblɔ le gbea me. Alo ame aɖe anɔ gbea gɔme ɖem na wò ale be nàte ŋu ase amewo ƒe nyagbɔgblɔwo gɔme—eye woawo hã nase tɔwòwo gɔme.

AWƆ na dzila siwo le ƒewuiviwo hem la ɣeaɖewoɣi abe nɔnɔme ma tɔgbi mee wole ene. Abe ale si wòle le gbe si womese o gome ene la, ƒewuiviwo ƒe nuwɔnawo gɔme sese ate ŋu asesẽ, gake woate ŋu ase wo gɔme. Kuxi sia gbɔ kpɔnu vevitɔe nye be dzilawo nadze agbagba ase nu si koŋ le dzɔdzɔm le ɣeyiɣi sia si doa dzidzɔ na dzilawo kple wo viwo siaa, evɔ wòganaa wotɔtɔna me la gɔme.

Nɔnɔme Si Woɖena Fiana Gɔme Sese

Menye aglãdzedze ƒe dzesi kokokoe ƒewuiviwo ƒe didi be yewoawɔ nu le yewo ɖokui si la nyena o. Ðo ŋku edzi be Biblia gblɔ be va ɖo ɣeyiɣi aɖe la, “ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi.” (1 Mose 2:24) Bene sɔhɛwo nate ŋu adzra ɖo ɖe agbanɔamedzi geɖewo tsɔtsɔ le woƒe tsitsime ŋu la, ele be nuteƒekpɔkpɔ aɖe ya teti nasu wo si le nyametsotsowo wɔwɔ me.

Bu nu siwo gbɔ nɔnɔme siwo dzilawo de dzesi le wo viwo ŋu, siwo ŋu míeƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ me la, ate ŋu atso la ŋu kpɔ.

Lia, si le Britain, fa konyi be: ‘Vinyeŋutsua va te tɔtete ɖe eƒe nukpɔsusuwo dzi hetsia tsitre ɖe míaƒe sededewo ŋu.’

Abe ɖevi suewo ke ene la, ƒewuiviwo hã biana zi geɖe be, “Nu ka tae?” Gake le woawo gome la, ŋuɖoɖo kpui si le bɔbɔe nana wo masu na wo o. Nu ka tae? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Esime menye vidzĩ la, . . . mesea nu gɔme abe vidzĩ ene.” (1 Korintotɔwo 13:11) Esi wònye be nuŋububu ƒe ŋutete geɖe wu va sua sɔhɛwo si ne wole tsitsim ta la, wohiã na numeɖeɖe geɖe wu bena woƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo” naganyo ɖe edzi.—Hebritɔwo 5:14.

John, si le Ghana, gblɔ be: “Mía vinyɔnuawo va tsia dzi ɖe wo ɖokuiwo ŋu vevie, eye nu si ŋu wotsia dzi ɖo wue nye woƒe dzedzeme.”

Tsitsi ƒe tɔtrɔ kpata siwo kplɔa sɔhɛwo ƒe liɔliɔ ɖo ɖadze egɔme kaba, alo tsi megbe, alo va ɖe game dzi o, wonana sɔhɛawo va tsia dzi fũu akpa ɖe woƒe dzedzeme ŋu. Ale si nyɔnuviwo ƒe ameti bliboa nɔa tɔtrɔmee la ate ŋu ado dzidzɔ na wo loo, alo ado ŋɔdzi na wo—alo evea siaa. Ne wova kpɔe be nyatsuwo te dodo ɖe mo na yewo, alo woƒe ŋku va ʋu ɖe ŋkumetsyɔ̃ɖonuwo zazã ŋu la, ele bɔbɔe be miakpɔ wo woanɔ ɣeyiɣi geɖe zãm le ahũhɔ̃e ŋgɔ wu ɖe sukunusɔsrɔ̃ ŋu.

Daniel, si le Philippines, ɖe nu me be: “Mía viawo va te adzamenuwɔwɔ, wodi be nu geɖe nanye yewo ŋutɔ yewo ɖeɖe ko ƒe nya. Zi geɖe la, wolɔ̃a wo xɔlɔ̃wo dome nɔnɔ wu mía gbɔ nɔnɔ.”

Afɔku le adzamenuwɔwɔ me. (Efesotɔwo 5:12) Gake be ame nadi be nanewo ya nanye ye ŋutɔ ye ɖeɖe ko ƒe nya ya le vovo. Yesu kura gɔ̃ hã kpɔe ɣeaɖeɣi be ehiã be yeayi “teƒe aɖe si ame aɖeke mele o.” (Mateo 14:13) Ne sɔhɛwo le tsitsim la, eva hiãna be liƒo aɖe nanɔ woawo ŋutɔ hã si, si mele be ame tsitsiwo nafla o. Liƒo aɖewo ɖeɖe ɖi na sɔhɛwo alea nana wosrɔ̃a ale si woabu nuwo ŋu nyuie, si nye ŋutete si ava ɖe vi na wo geɖe le woƒe tsitsime.

Nenema kee ale si woadze xɔlɔ̃e sɔsrɔ̃ hã nye tsitsi ƒe akpa aɖe. Enye nyateƒe be “hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo” ya. (1 Korintotɔwo 15:33) Gake abe ale si Biblia gblɔe ene la: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Ale si woawɔ adze xɔlɔ̃ nyui siwo anɔ anyi ɖaa sɔsrɔ̃ nye ŋutete vevi aɖe si tsia ame si yi ɖe eƒe tsitsime.

Ne dzilawo va le dzesi dem tɔtrɔ siawo siwo ŋu míeƒo nu tso la dometɔ aɖewo le wo viwo ŋu la, ehiã be woawɔ nugɔmesese ŋu dɔ be woagase wo vi ƒewuiviawo ƒe nuwɔnawo gɔme bubui o. Ke hã, tsɔ kpe ɖe nugɔmesese ŋu la, ehiã be dzilawo nawɔ nunya, si nye nɔnɔmewo gbɔ kpɔkpɔ le mɔ si aɖe vi wu nu ƒe ŋutete, hã ŋu dɔ. Aleke ƒewuiviwo dzilawo ate ŋu awɔ esiae?—g08 06-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]

Esi wònye be nuŋububu ƒe ŋutete geɖe wu va sua sɔhɛwo si ne wole tsitsim ta la, wohiã ƒomea ƒe sewo ŋuti numeɖeɖe geɖe wu