Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒewuiviwo Hehe—Akpa Si Nunya Wɔna

Ƒewuiviwo Hehe—Akpa Si Nunya Wɔna

Ƒewuiviwo Hehe—Akpa Si Nunya Wɔna

“Míedze agbagba vevie be míanɔ mɔfiamewo nam mía viŋutsua kple mía vinyɔnua, gake ewɔ abe ɖeko míenɔa bublum ɖe wo ta ɣesiaɣi ene. Ɣeaɖewoɣi la, míebiaa mía ɖokuiwo be ɖe míele wo mlãm le mɔ si ana woakpɔ kakaɖedzi le nu si sɔ ŋu nu loo, alo ɖe míenana wotɔtɔna le wo ɖokui me hã. Dadasɔ le go sia me sesẽ ŋutɔ.”—George kple Lauren, Australia.

ƑEWUIVIWO hehe mele bɔbɔe kura o. Hekpe ɖe akɔkpekpe kple tɔtrɔ siwo le edzi yim le ɖeviawo ƒe agbe me ŋu la, ɖewohĩ ele be dzilawo nawɔ avu kple nyateƒe si wònye be wo viŋutsua alo wo vinyɔnua le ame tsitsi zum la hã. Vifofo aɖe si le Australia, si ŋkɔe nye Frank, lɔ̃ ɖe edzi be: “Nyanya be mía viawo ava dzo le mía gbɔ gbe ɖeka ŋu bubu ɖeɖe dzaa nana míeléa blanui. Menɔa bɔbɔe be nàlɔ̃ ɖe edzi be wole dodom le yeƒe ŋusẽ te o.”

Lia, si ŋuti míeƒo nu tso va yi la lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Esesẽna nam be mawɔ nu ɖe vinyeŋutsua ŋu abe ɖekakpui si le ŋutsume ɖom ene, elabena megakpɔnɛ abe ɖevi dzaa aɖe ko ene. Ðeko wòwɔna nam abe etsɔ si va yi koe wòte sukudede ene!”

Togbɔ be lɔlɔ̃ ɖe edzi asesẽ hã la, ƒewuiviwo meganye ɖevi suewo o. ‘Vi siwo le hehe xɔm yi ɖe tsitsime’ ye wonye, eye wo dzilawoe nye woƒe nufialawo kple kpeɖeŋutɔwo. Ke hã, abe ale si George kple Lauren de dzesii le nyati sia ƒe ŋgɔdonya mee ene la, ŋutete le dzilawo si be woamlã wo viwo le mɔ si ana woakpɔ kakaɖedzi le nu si sɔ ŋu nu loo, alo ana woatɔtɔ le wo ɖokuiwo me. Aleke dzilawo ate ŋu awɔ ada asɔ le go sia me? Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le Biblia me. (Yesaya 48:17, 18) Mina míalé ŋku ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Dzeɖoɖo Nyuie Le Vevie

Biblia ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be ‘woaɖe abla le nusese me’ eye ‘woanɔ blewu le nuƒoƒo me.’ (Yakobo 1:19) Togbɔ be aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ le vevie le nuwɔwɔ kple ƒe ɖe sia ɖe me viwo me hã la, nusese—alo toɖoɖo—gale vevie wu le nuwɔwɔ kple ƒewuiviwo me. Eye esia ate ŋu abia agbagbadzedze geɖe.

Peter, si nye vifofo aɖe le Britain la, gblɔ be: “Esime vinyeŋutsuviawo va zu ƒewuiviwo la, eva hiã be mana nye dzeɖoɖo ƒe ŋutete naganyo ɖe edzi. Esime wonye ɖeviwo la, mía kple srɔ̃nyee gblɔa nu si wòle be woawɔ na wo, eye woɖoa to. Gake fifia si wova zu ƒewuiviwo la, ehiã be míadzro nyawo me kpli wo, aɖe nuwo me na wo, ahaɖe mɔ na wo be woawɔ woawo ŋutɔwo ƒe tamebubu ŋutete ŋu dɔ le nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Kpui ko la, ele be míaɖo woƒe dzi gbɔ.”—2 Timoteo 3:14.

Toɖoɖo ɖeviawo le vevie ŋutɔ ne masɔmasɔwo do mo ɖa. (Lododowo 17:27) Danielle, si nye vidada dzilaɖekɛ le Britain la, kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Egblɔ be: “Masɔmasɔ ɖo mía kple vinyenyɔnuawo dometɔ ɖeka dome le ale si wòɖoa nya ŋu nam ne mebia tso si be wòawɔ nane la ta. Gake egblɔ nam be ɖeko menɔa ɣli dom ɖe ye ta henɔa gbe ɖem na ye ɣesiaɣi. Míebɔbɔ nɔ anyi heɖo to mía nɔewo ŋutɔŋutɔ hafi te ŋu kpɔ masɔmasɔ sia gbɔ. Eɖɔ ale si meƒoa nu nɛ kple ale si esia nana wòsena le eɖokui me la nam, eye nye hã meɖe ale si mebua nuwo ŋui kple nye seselelãmewo me nɛ.”

Danielle kpɔe be ‘ablaɖeɖe le nusese me’ kpe ɖe ye ŋu yete ŋu se nu si nɔ fu ɖem na ye via gɔme. Egblɔ be: “Fifia la, medzea agbagba wɔa nu kple vinyenyɔnua le dzigbɔɖi me, eye medzea agbagba be ne dzi mele kuyem o ko hafi maƒo nu nɛ.” Egblɔ kpee be: “Mía kple vinyea dome ƒomedodoa va le nyonyom ɖe edzi.”

Lododowo 18:13 gblɔ be: “Ne ame aɖe mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o la, bometsitsi kple ŋukpe wònye nɛ.” Greg, si nye vifofo aɖe le Australia la, kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, masɔmasɔwo doa mo ɖa ne mía kple srɔ̃nye míete nyagbegbe na mía viawo le esi wòle be míaɖo to wo ahaɖee afia be míese woƒe seselelãmewo gɔme na wo gbã teƒe. Míekpɔe be ne wowɔ nu gbegblẽ aɖe kura gɔ̃ hã la, ele vevie be míaɖe mɔ na wo woaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ hafi ne ehiã la, míaɖɔ wo ɖo alo aɖo aɖaŋu na wo.”

Afi Kae Woana Ablɔɖe Wo Ase Ðo?

Ðewohĩ ablɔɖe ale si nu woana ƒewuiviwo ye nyea nu si hea masɔmasɔ dea woa kple wo dzilawo dome zi geɖe wu. Afi kae wòle be woana ablɔɖe ƒewuivi ase ɖo? Vifofo aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi mesena le ɖokuinye me be ne mena ablɔɖe vi aɖe vinyenyɔnua la, eya dina be yeaxɔ ablɔɖe gbadzaa.”

Le nyateƒe me la, nu gbegblẽwoe ado tso ablɔɖe si ŋu seɖoƒe manɔ o nana sɔhɛwo me. Eya ta Biblia xlɔ̃ nu be “ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa.” (Lododowo 29:15, Agbenya La) Ƒe ka kee sɔhɛwo ɖaxɔ o, wohiã na mɔfiame si me kɔ, eye ele be dzilawo nakpɔ egbɔ be wowɔ ƒomea ƒe sewo dzi ɣesiaɣi, gake dzilawo nawɔ esia le lɔlɔ̃ me. (Efesotɔwo 6:4) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ehiã be woana ablɔɖe aɖe si nu sɔhɛwo bene wòadzra wo ɖo be woasu te hena nyametsotso nyuiwo wɔwɔ emegbe le woƒe agbe me.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso ale si nèsrɔ̃ azɔlizɔzɔe ŋu kpɔ. Gbã la, esime nènye vidzĩe la, ele be woakɔ wò ɖe asi. Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, èva dze tata gɔme, eye èva te zɔzɔ. Le nyateƒe me la, ne ɖevi dze azɔlizɔzɔ gɔme la, ate ŋu adze afɔku bɔbɔe. Esia tae dziwòlawo ƒe ŋkuwo nɔ ŋuwò ɣesiaɣi eye ɖewohĩ wotsɔ nuwo ɖo mɔ me na wò gɔ̃ hã be màzɔ ade afɔkuteƒewo, abe teƒe siwo woɖe do ɖo ene, o ɖo. Ke hã, woɖe mɔ na wò be nànɔ tsatsam le ɖokuiwò si, togbɔ be ànɔ anyi dzem anɔ fɔfɔm hã, bene le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nàva nya azɔlizɔzɔ nyuie.

Alea tɔgbie ablɔɖenana sɔhɛwo hã le. Gbã la, ɖeko wònɔna abe ɖee dzilawo kɔa wo ɖe asi ene. Wowɔa esia to nyametsotsowo wɔwɔ na wo me. Emegbe, ne wo viawo va ɖee fia be woate ŋu aka ɖe yewo dzi la, dzilaawo ɖea mɔ na wo wowɔa nanewo le wo ɖokui si, si míate ŋu atsɔ asɔ kple ale si ɖevi tea tatae. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, wotsɔa nuwo ɖoa mɔ me na wo alo dea sewo na wo, eye esia kpɔa wo ta tso afɔkuwo me. Ne ɖeviawo va tsi ɖe edzi la, dzilawo va ɖea mɔ na wo be “woazɔ” le wo ɖokui si. Esia wɔnɛ be ne wova zu ame tsitsiwo la, woasu te nyuie ‘atsɔ woawo ŋutɔ ƒe agba.’—Galatiatɔwo 6:5.

Nusɔsrɔ̃ Tso Biblia Me Kpɔɖeŋu Aɖe Me

Míenya nyuie be esime Yesu xɔ ƒe 12 la, edzilawo nae ablɔɖe aɖe si nu, gake mewɔ eŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu o. Ke boŋ ‘eyi edzi bɔbɔ eɖokui’ na edzilawo esi “[wòyi] edzi nɔ tsitsim, eye eƒe nunya hã nɔ dzidzim ɖe edzi, eye wònɔ amenuveve kpɔm le Mawu kple amewo siaa gbɔ.”—Luka 2:51, 52.

Ne dzilae nènye la, àte ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu sia me. Àte ŋu anɔ ablɔɖe geɖe wu nam viwò sɔhɛawo ne wonya ɖee fia be yewosu te awɔ wo ŋu dɔ nyuie ko. Xlẽ nya siwo dzila aɖewo gblɔ le nu siwo wode dzesi le wo viwo ŋu le esia gome nàkpɔ.

“Tsã la, medea nu vinyewo ƒe nya ɖe sia ɖe me fũu akpa. Emegbe mefia wo gɔmeɖosewo eye meɖe mɔ na wo be woawo ŋutɔwo nanɔ te ɖe nu siwo wosrɔ̃ dzi awɔ nyametsotsowo le wo ɖokuiwo si. Esia megbe la, mede dzesii be wova nya ale si woada nuwo kpɔ nyuie hafi awɔ nyametsotso.”—Soo Hyun, Korea.

“Gbã la, mía kple srɔ̃nye míenɔ vɔvɔ̃m na ablɔɖe geɖe nana mía viawo, gake esia mexe mɔ na mí be míaɖe mɔ na wo woawɔ ablɔɖe si wodze na la ŋu dɔ le mɔ ɖɔʋu nu o.”—Daria, Brazil.

“Mekpɔe be ele vevie be manɔ vinyeŋutsua kafum ɖe ale si wòwɔa ablɔɖe si menae ŋu dɔ nyuie la ta. Nye ŋutɔ hã menɔa agbe ɖe se siwo mede nɛ la nu. Le kpɔɖeŋu me, megblɔa afi si yim mele kple nu si wɔ ge mala la nɛ. Ne nyemele gbɔgbɔ ge ava aƒe me kaba o la, manaa wònyana.”—Anna, Italy.

“Le míaƒe aƒe me la, míetea gbe ɖe edzi na mía viŋutsuawo be le ablɔɖe ale si nu míana wo gome la, woawo ŋutɔe aɖe afia be yewodze nɛ hafi míanae wo.”—Peter, Britain.

Vodadawo Me Tsonuwo Tsɔtsɔ

Biblia gblɔ be: “Enyo na ŋutsu be, wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime.” (Konyifahawo 3:27) Mɔ nyuitɔ siwo dzi sɔhɛ ato atsɔ agbanɔamedzi ƒe kɔkuti la dometɔ ɖekae nye be wòato nanewo me, siwo ana wòakpɔ nya siwo gbɔna ƒe nyateƒenyenye adze sii, be: “Nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

Anya nɔ eme be dzila aɖewo siwo susui be yewole nyui dim na yewo vi ƒewuiviwo la mana be ɖeviawo natsɔ vodada siwo wowɔ la me tsonuwo o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nu siwo ƒewuivi aɖe mehiã hafi o la ƒeƒle na wòdze fe me. Nu kae Fofoa kple Dadaa afiae ne woawo ŋutɔwo xe fea ɖe enu? Le go bubu me la, nu kae woafiae ne ɖevia dzilaawo kpe ɖe eŋu wòwɔ gaŋutiɖoɖo nyuie xe fea le eɖokui si?

Dzilawo mewɔa nyui aɖeke na wo viwo ne womeɖe mɔ be ɖeviawo ŋutɔwo natsɔ woƒe vodadawo me tsonu gbegblẽwo ƒe agbawo o. Esia madzra wo ɖo be woazu ame tsitsi ɖɔʋuwo o, ke boŋ ana woanɔ bubum be ame aɖe anɔ anyi ɣesiaɣi si axɔ nya ɖe yewo nu, aɖɔ nu siwo yewogblẽ la ɖo, alo atsyɔ nu yewoƒe vodadawo dzi. Eɖea vi na ɖeviwo sãsãsã wu ne woɖe mɔ woawo ŋutɔwo ŋe nu siwo woƒã la me tsonu gbegblẽwo eye wosrɔ̃ ale si woakpɔ woƒe kuxiwo gbɔe. Esia nye mɔ vevi aɖe si dzi woato “[ana] hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo.”—Hebritɔwo 5:14.

“Ame Siwo Ƒe Amenyenye Le Tɔtrɔm Esime Wole Tsitsim”

Ðikeke mele eme o be dɔ sesẽ aɖe ŋutɔe dze ŋgɔ dzila siwo le ƒewuiviwo hem. Ɣeaɖewoɣi la, nuteɖeamedziwo ate ŋu ana woafa avi kura gɔ̃ hã, ne wole agbagba dzem be yewoahe yewo viawo “le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.”—Efesotɔwo 6:4.

Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, dzila nyui nyenye mefia nu siwo ɖeviawo awɔ kple nu siwo mele be woawɔ o la gbɔgblɔ na wo ko o, ke boŋ efia agbenɔnɔ ƒe dzidzenu nyuiwo fiafia wo kple wo ƒaƒã ɖe wo me. (5 Mose 6:6-9) Gake ɖee esia wɔwɔ le bɔbɔea? Kura o. Greg, si ŋu míeƒo nu tso va yi la, gblɔ be: “Ame siwo ƒe amenyenye le tɔtrɔm esime wole tsitsim ye míele nu wɔm kpli. Esia fia be, ele be míayi edzi anɔ dzesi dem tɔtrɔ yeye siawo ahanɔ tɔtrɔm ɖe wo ŋu.”

Miku kutri miawɔ ɖe Biblia me gɔmeɖose siwo me míedzro le nyati sia me dzi. Mida sɔ le nu siwo miedina tso mia viwo si la me. Gake migado kpo akpa si wòle be miawɔ, si nye be miawo koŋue afia mɔ wo le agbe me la, wɔwɔ gbeɖe o. Biblia gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.—g08 06-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

▪ Ablɔɖe ƒe amesisusu le abe azɔlizɔzɔ sɔsrɔ̃ ene—ɖe wòsua ame si vivivi

[Nya si ɖe dzesi si le axa 18]

▪ Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, edzilawo nae ablɔɖe aɖe si nu

[Aɖaka si le axa 17]

‘Miwɔ Dzilanyenye Ƒe Ŋusẽa Ŋu Dɔ Ŋkubiãtɔe Wu’

Mele be nyateƒe si wònye be sewo dede na mia vi ƒewuivi ana wòado dziku la nana miado kpo dzilanyenye ƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔwɔ o. Mele be miaŋlɔ be o be nuteƒekpɔkpɔ boo aɖeke mesu ƒewuiviwo si le agbe me o, eye be wokpɔtɔ hiã na mɔfiame.—Lododowo 22:15.

John Rosemond ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si ƒo nu tso ale si dzilawo azã woƒe ŋusẽa ŋu la me be: “Ele bɔbɔe be dzilawo naɖe mɔ wo viwo ƒe dzikudodo nazi wo dzi woava nɔ mɔ ɖem ɖe nu siwo gbɔ kpɔkpɔ awu woƒe ŋutetewo la ŋu na wo bene ɖeviawo nagava he nya kpli yewo o. Mele be wòanɔ nenema kura o. Esiae nye ɣeyiɣi si me wòle be miawɔ dzilanyenye ƒe ŋusẽa ŋu dɔ ŋkubiãtɔe wu, ke menye be miaɖe mɔ mia viwo naxɔ ŋusẽa le mia si o. Togbɔ be esia madzɔ dzi na ɖeviawo o hã la, ɣeyiɣi sia mee wòle be ɖeviawo nanyae be yewo dzilawo le klalo afia mɔ nyuitɔ yewo.”—New Parent Power!

[Aɖaka si le axa 19]

Ablɔɖe Geɖe Wu Nana

Zi geɖe la, ƒewuiviwo dia ablɔɖe geɖe wu ale si dze. Le ɣeyiɣi ma ke me la, dzila aɖewo menaa ablɔɖe ale si nu wòle be woana wo viwo la wo o. Aleke miate ŋu awɔ ada asɔ le go sia me? Nya siwo woɖo ɖe ete akpe ɖe mia ŋu mianya ale si miadze egɔmee. Go kawo mee mia viŋutsua alo mia vinyɔnua le eɖem le fiafiam be woate ŋu aka ɖe ye dzi le?

□ Ame siwo wòdzea xɔlɔ̃e

□ Awu siwo ƒomevi wòdona

□ Gazazã nyuie

□ Gbɔgbɔ va aƒe me ɖe game dzi

□ Aƒemedɔwo wɔwɔ nyuie

□ Sukudɔdeasiwo wɔwɔ

□ Kukuɖeɖe ɖe eƒe vodadawo ta

□ Bubuwo ․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․․

Ne mia via le eɖem le fiafiam xoxo be woate ŋu aka ɖe ye dzi le nu siawo dometɔ geɖe me la, ɖe manyo be miabu nu bubu siwo hã me miagate ŋu ana ablɔɖe geɖee wu wo le ŋu oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Miɖe mɔ na wo woaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ hafi ne ehiã la, miaɖɔ wo ɖo alo aɖo aɖaŋu na wo

Picture on page 18]

Ehiã be dzilawo nafia wo viwo be woawo ŋutɔwo natsɔ woƒe agba