Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Le Wò Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Le Wò Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me

Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Le Wò Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me

MÍATE ŋu atsɔ srɔ̃ɖegbenɔnɔ asɔ kple mɔzɔzɔ—mɔ didi aɖe zɔzɔ si dzi nu geɖewo ate ŋu ado mo ɖa le—ɖewo ate ŋu anye dzidzɔnyawo, ɖewo hã ate ŋu anye nuteɖeamedziwo. Míate ŋu ado go kuxi siwo míele mɔ kpɔm na o le mɔa dzi, siwo ate ŋu azu mɔxenu, eye wo dometɔ aɖewo dzi ɖuɖu ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Ke hã, ame geɖewo zɔ mɔ sia dzidzedzetɔe le dzidzɔ me, eye kuxi ʋɛ aɖewo koe ɖe fu na wo. Le nyateƒe me la, menye srɔ̃ɖeɖe siwo me kuxi ʋɛ aɖewo ko doa mo ɖa le lae kpɔa dzidzedze o, ke boŋ esiwo me srɔ̃tɔawo tea ŋu kpɔa kuxiawo gbɔ nyuie le ye.

Nu kae nèsusu be ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze nyuie eye dzidzɔ geɖe wu nanɔ eme abe mɔzɔzɔ dodzidzɔname ene? Atsu kple asi geɖewo kpɔe be yewohiã na ‘srɔ̃ɖeɖe ŋuti mɔfiagbalẽ’ si afia mɔ yewo le mɔzɔzɔ sia me. Srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila, Yehowa Mawu, ye na srɔ̃ɖeɖe ŋuti “mɔfiagbalẽ” nyuitɔ kekeake si dzi woate ŋu aka ɖo. Gake Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, si wòna eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la mewɔa dɔ abe madziki ene o. Ke boŋ, mɔfiame siwo wɔa dɔ nyuie, siwo dzi wòhiã be srɔ̃tɔwo nazɔ ɖo bene woƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze lae le eme.—Psalmo 119:105; Efesotɔwo 5:21-33; 2 Timoteo 3:16.

Na míalé ŋku ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame kple mɔfiadzesi—Biblia me gɔmeɖose vevi—siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze ahakpɔ dzidzɔ le wò srɔ̃ɖegbenɔnɔ si le abe mɔzɔzɔ ene me la ŋu.

Bu srɔ̃ɖeɖe nu kɔkɔe. “Nu si Mawu bla [ɖe kɔkuti ɖeka te] la, ame aɖeke negama eme o.” (Mateo 19:6) Wɔla la ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi esime wòwɔ Xawa, hekplɔe va na ŋutsu gbãtɔ, Adam, be wòanye srɔ̃a. (1 Mose 2:21-24) Kristo Yesu, ame si kpɔ srɔ̃ɖeɖe sia teƒe le eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me la, ɖo kpe edzi be ɖe Mawu ɖoe be Adam kple Xawa ƒe srɔ̃ɖeɖe gbe ma gbe nanye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa. Egblɔ be: “Ðe miexlẽe kpɔ be ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ oa? Eya ta womeganye eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla [ɖe kɔkuti ɖeka te] la, ame aɖeke negama eme o.”—Mateo 19:4-6.

Esi Yesu gblɔ be, “nu si Mawu bla ɖe kɔkuti ɖeka te” la, menye ɖe wònɔ gbɔgblɔm be dziƒoe wowɔa srɔ̃ɖeɖewo le o. Ke boŋ, ɖe wònɔ kpe ɖom edzi be Mawu ŋutɔe ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi eye ele be woabui nu kɔkɔe. *

Le nyateƒe me la, srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo madi be yewoanɔ “kɔkuti ɖeka te” le nɔnɔme si me lɔlɔ̃ kple vividoɖeameŋu manɔ o me o. Ke boŋ, woadi be yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nanye esi me yewoakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le eye nuwo nadze edzi na yewo. Woate ŋu anɔ “kɔkuti ɖeka te” dzidzɔtɔe ne wowɔ ɖe Wɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me dzi.

Esi wònye be mí katã míede blibo o ta la, míate ŋu aƒo asa na nugɔmemasemase na ame nɔewo kple masɔmasɔwo keŋkeŋ o. Gake zi geɖe la, ale si srɔ̃tɔwo tea ŋu kpɔa nu siwo me woƒe susu mewɔ ɖeka le o gbɔ nyuie koŋ dzie woƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔa te ɖo, ke menye ɖe nu siwo me wowɔ ɖeka le dzi o. Eya ta nu siwo hiã vevie wu le srɔ̃ɖeɖe me dometɔ ɖekae nye masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ le lɔlɔ̃ me ƒe ŋutete, elabena lɔlɔ̃ “blaa nuwo katã ɖekae wòdea blibo.”—Kolosetɔwo 3:14, Nubabla Yeye La.

Ƒo nu bubudeameŋutɔe. “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Numekulawo kpɔe be zi geɖe la, ale si dzeɖoɖowo dzea egɔmee la, nenemae wowua enui. Eya ta ne wodze dzeɖoɖo gɔme bubutɔe la, anɔ eme godoo be woawu enu hã nenema. Gake ènya ale si gbegbe wòvea amee ne wò ame vevi aɖe da gbe ɖe gbɔwò. Eya ta ɖoe kplikpaa gbedodoɖatɔe be yeade asixɔxɔ ye srɔ̃ ŋu to nuƒoƒo nɛ bubutɔe me, le lɔlɔ̃ me. (Efesotɔwo 4:31) Srɔ̃nyɔnu aɖe si tso Japan, si ŋkɔe nye Haruko, * ame si ɖe srɔ̃ ƒe 44 enye esia la, gblɔ be: “Togbɔ be míekpɔa mía nɔewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzea sii hã la, míedzea agbagba dea bubu mía nɔewo ŋu le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me. Esia kpe ɖe mía ŋu míaƒe srɔ̃ɖeɖea kpɔ dzidzedze.”

Ðe dɔmenyonyo kple dɔmetɔtrɔ fia. “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie.” (Efesotɔwo 4:32) Ne masɔmasɔ sesẽwo do mo ɖa la, ele bɔbɔe be srɔ̃tɔwo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu dzikutɔe. Le Germany la, Annette, si kpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖegbenɔnɔ me ƒe 34 enye esia la, lɔ̃ ɖe edzi be: “Mele bɔbɔe be ame nalé eɖokui kpoo ne wodo dziku nɛ o—àdi be yeagblɔ nya aɖe si ana dzi naku srɔ̃wò, si naa nɔnɔmea gagblẽna ɖe edzi kura.” Gake ne èdze agbagba vevie be yeawɔ nu ɖe ye srɔ̃ ŋu le dɔmenyonyo kple dɔmetɔtrɔ me la, akpe ɖe ŋuwò be nàna ŋutifafa nanɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖe si le abe mɔzɔzɔ ene la me.

Ðe ɖokuibɔbɔ fia. ‘Migawɔ naneke le dzrehehe alo ɖokuiŋububu akpa ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.’ (Filipitɔwo 2:3) Masɔmasɔ geɖewo doa mo ɖa le srɔ̃tɔwo dome le esi wo dometɔ ɖe sia ɖe tenɛ kpɔ be yeaɖe vodada na ame kemɛa, le esi teƒe be woadi mɔnu siwo dzi woato akpɔ nyawo gbɔ ɖokuibɔbɔtɔe be wòade wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, la ta. Ðokuibɔbɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu didi be yeaɖee afia be ye tɔe dzɔ ne masɔmasɔwo do mo ɖa la dzi.

Mèganɔ dziku dom kabakaba o. “Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o.” (Nyagblɔla 7:9) Dze agbagba nàƒo asa na srɔ̃wò ƒe nukpɔsusuwo dada ɖe anyi alo ɖokuiwò ta ʋiʋli ne srɔ̃wò he wò susu yi nane si nèwɔ alo nya aɖe si nègblɔ si medzɔ dzi nɛ o dzi. Ðe eteƒe la, ɖo toe eye nàɖee afia be yese eƒe nyawo gɔme. Bu tame nyuie hafi nàɖo eƒe nyawo ŋu. Eva tsia megbe akpa hafi srɔ̃tɔ geɖewo va kpɔnɛ dzea sii be nana be ame kemɛa ƒe dzi nadze eme le vevie wu eɖeɖefia be ye tɔe dzɔ ne masɔmasɔwo do mo ɖa.

Nya ɣeyiɣi si me wòle be nàzi ɖoɖoe. “Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.” (Yakobo 1:19) Ðikeke mele eme o be, dzeɖoɖo nyui nye mɔfiadzesi vevi siwo le mɔ si kplɔa ame yia srɔ̃ɖegbenɔnɔ si me dzidzɔ le me dzi la dometɔ ɖeka. Ke nu ka tae Biblia gblɔ be “ɖoɖoeziɣi li” ɖo? (Nyagblɔla 3:7) Le go sia me la, ɖoɖoeziɣie nye ɣeyiɣi si me ame aɖo to nyuie adze agbagba ase nu si gblɔm srɔ̃a le la gɔme, si nye dzeɖoɖo ƒe akpa vevi aɖe si nana wote ŋu sea ale si tututu ame kemɛa le sesem le eɖokui me kple nu si tae la gɔme.

Ðo to veveseɖeamenutɔe. “Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam.” (Romatɔwo 12:15) Veveseseɖeamenu wɔa akpa vevi aɖe le dzeɖoɖo nyui me, elabena ekpena ɖe ame ŋu wòsea ame kemɛa ƒe seselelãme ememetɔwo kekeake gɔme. Ewɔnɛ hã be wodea bubu kple asixɔxɔ ame kemɛa ƒe nukpɔsusu kple seselelãmewo ŋu. Nella si le Brazil, si ɖe srɔ̃ ƒe 32 enye esia la gblɔ be: “Ne mía kple Manuel míele dze ɖom tso míaƒe kuxiwo ŋu la, meɖoa toe nyuie ɣesiaɣi bene mate ŋu ase eƒe susuwo kple seselelãmewo gɔme nyuie.” Ne srɔ̃wò le nu ƒom la, wò “ɖoɖoeziɣi” si me wòle be nàɖo toe veveseɖeamenutɔe ye nye ema.

Na ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia nazu numame na wò. “Miɖee fia be yewonye akpedalawo.” (Kolosetɔwo 3:15) Ezu numame na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖewo be wonaa wo srɔ̃wo sena le wo ɖokui me be yewokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Gake srɔ̃tɔ aɖewo ŋea aɖaba ƒua dzeɖoɖo ƒe akpa vevi sia dzi hesusuna ko be yewo srɔ̃ sena le eɖokui me be yewodea asixɔxɔ eŋu. Susuŋutinunyala, Ðɔkta Ellen Wachtel gblɔ be: “Srɔ̃tɔ geɖewo ate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia wo nɔewo ne wonya ɖoe be yewoawɔe ko.”

Srɔ̃nyɔnuwo koŋue hiã na wo srɔ̃ ŋutsuwo ƒe kafukafunyawo gbɔgblɔ na woamawo kpakple kakaɖedzinana wo be wole vevie na yewo. Mi srɔ̃ŋutsuwo, miate ŋu ana dzidzɔ geɖe wu nanɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖe me, ana dzi nadzɔ mia srɔ̃ kple mia ŋutɔwo siaa, ne mieɖoe koŋ kafua mia srɔ̃ ɖe nu nyui siwo wòwɔna kple nɔnɔme nyui siwo wòɖena fiana ta.

Nana be srɔ̃wò nakpɔe to wò nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siaa me be nèlɔ̃ ye le vevie ŋutɔ. Ne mi srɔ̃ŋutsuwo miegbugbɔa nu na mia srɔ̃ helilia asi eŋu lɔlɔ̃tɔe, alo koa alɔgbɔnu ɖee vividoɖeameŋutɔe la, ewɔa dɔ ɖe edzi le mɔ geɖewo nu wu gbɔgblɔ nɛ ko be, “Melɔ̃ wò.” Nu siawo nanɛ kakaɖedzi be èdea asixɔxɔ ye ŋu etɔxɛe. Àte ŋu aƒo ka nɛ alo aɖo e-mail ɖee ahagblɔ nɛ be, “Mele susuwòm ŋutɔ” alo be, “Nuwo le edzi yim na wò le ŋkekea me nyuiea?” Ne mieva ŋe aɖaba ƒu vividoɖeameŋunya siawo gbɔgblɔ na mia nɔewo dzi tso miaƒe ŋugbedodomenɔɣiwo megbe la, anyo ŋutɔ be miagbugbɔ adze egɔme. Dze agbagba nànɔ dzesi dem nu siwo dɔa dzidzɔ na srɔ̃wòa eye nànɔ wo wɔm nɛ.

Nya siwo blema Israel Fia Lemuel dada gblɔ la sɔ nyuie ŋutɔ, be: “Srɔ̃a kafunɛ be: ‘Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo li; ke wòa èƒo wo katã ta!’” (Lododowo 31:1, 28, 29) Wò, srɔ̃ŋutsu, ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèkafu srɔ̃wò? Alo wò, srɔ̃nyɔnu, ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèkafu srɔ̃wò?

Tsɔ Ke Kaba. “Miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o.” (Efesotɔwo 4:26) Le srɔ̃ɖeɖe me la, mi ame evea siaa miawɔ vodadawo godoo. Eya ta ele vevie be miatsɔ nɔ mia nɔewo kem faa. Clive kple Monica, siwo le South Africa eye woɖe wo nɔewo ƒe 43 ye nye esia la kpɔe be Biblia me ɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ɖe vi na yewo ŋutɔ. Clive gblɔ be, “Míedzea agbagba be míawɔ ɖe gɔmeɖose si le Efesotɔwo 4:26 la dzi, eye míetsɔ kea mía nɔewo kaba, elabena míenyae be esia dzea Mawu ŋu. Esia wɔnɛ be míaƒe dzi dzea eme, eye míeyia anyimlɔƒe kple dzitsinya nyui hedɔa alɔ̃ nyuie.”

Blema lododo aɖe gblɔ nunyatɔe be: ‘Bubu wònye nenye be, woɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.’ (Lododowo 19:11) Annette, si ŋu míeƒo nu tso va yi gblɔ be: “Srɔ̃ɖegbenɔnɔ mate ŋu akpɔ dzidzedze tsɔtsɔke manɔmee o.” Eɖe nu si tae me be: “Ne menye nenema o la, nyaléle ɖe dɔme kple makamaka ɖe ame nɔewo dzi nu va sẽna ɖe srɔ̃tɔwo me ɖe wo nɔewo ŋu, eye esia gblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu. Tsɔtsɔke nana be srɔ̃ɖekadodowo me sẽna ɖe edzi eye wònaa srɔ̃tɔwo va lɔ̃a wo nɔewo vevie.”

Ne èwɔ nu wòve srɔ̃wò la, mègagblɔ ko be atsɔe ake ye ahaŋlɔe be o. Zi geɖe la, be miana ŋutifafa nanɔ mia dome la, abia be miawɔ nu siwo sesẽna na srɔ̃tɔwo wu la dometɔ ɖeka: Lɔlɔ̃ ɖe edzi be yeda vo. Ke hã, dze agbagba nàbɔbɔ ɖokuiwò ahagblɔ nya sia tɔgbi, be: “Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, meɖe kuku, nyemewɔe nyui o.” Kukuɖeɖe ɖokuibɔbɔtɔe ana srɔ̃wò nade bubu ŋuwò, ana miava nɔ kakam ɖe mia nɔewo dzi geɖe wu, eye wòana dzidzeme geɖe mi.

Ku ɖe srɔ̃wò ŋu eye nàwɔ nuteƒe le srɔ̃ɖeɖea me. Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu “[meganye ame] eve o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. Eya ŋuti nu si Mawu bla [ɖe kɔkuti ɖeka te] la, ame aɖeke negama eme o.” (Mateo 19:6) Mieka atam le Mawu kple amegbetɔ ŋkume kpakple na mia nɔewo be yewoanɔ anyi ɖekae togbɔ be kuxiwo ado mo ɖa hã. * Gake menye nu si se bia tso ame si dzi wɔwɔ koe kuku ɖe ame nɔewo ŋu ƒe ŋugbedodo sia nye o. Ke boŋ enye ŋugbedodo si dzi wòle be woawɔ ɖo tso lɔlɔ̃ kple dzi blibo me wòanye bubu kple asixɔxɔ dede Mawu kple ame nɔewo ŋu ɖeɖe fia. Eya ta mègatsɔ ahiãmoɖoɖo na ame bubuwo agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu o; na srɔ̃wò ɖeɖe ko ƒe nu nalé dzi na wò.—Mateo 5:28.

Ðokuitsɔtsɔsavɔ doa ŋusẽ kuku ɖe ame nɔewo ŋu. “Miaƒe ŋku naganɔ mia ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke nenɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.” (Filipitɔwo 2:4) Srɔ̃wò ƒe nuhiahiãwo kple didiwo tsɔtsɔ ɖo ŋgɔ na tɔwòwo nye nu siwo nàwɔ bene miate ŋu aku ɖe mia nɔewo ŋu vevie la dometɔ ɖeka. Premji, si ɖe srɔ̃ ƒe 20 ye nye esia la, ɖoe koŋ naa kpekpeɖeŋu srɔ̃a, si dea dɔ me hena ŋkeke bliboa la, le aƒemedɔwo wɔwɔ me. Egblɔ be: “Mekpena ɖe Rita ŋu le nuɖaɖa kple aƒemedzadzraɖo kpakple dɔ bubuwo wɔwɔ me bene wòate ŋu akpɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ awɔ nu siwo doa dzidzɔ nɛ.”

Agbagbadzedze Hea Viɖewo Vae

Ɣeaɖewoɣi la, ale si gbegbe wòsesẽna be woana dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me la ate ŋu awɔe be srɔ̃tɔ aɖewo adi be yewoadzudzɔ agbagbadzedze le go sia me. Gake migaɖe mɔ kuxiwo nana dzi naɖe le mia ƒo, eye agbagba gbogbo siwo miedze xoxo, alo afi si gbegbe míeɖe zɔ va ɖo le srɔ̃ɖeɖe si le abe mɔzɔzɔ ene me la nazu dzodzro o.

Sid, si le dzidzɔ kpɔm le srɔ̃ɖeɖe me ƒe 33 ye nye esia la, ɖo aɖaŋu be: “Ne mieku kutri tso dzi blibo me eye miedi vevie be miaƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze la, Yehowa ƒe yayrawo agbagba ɖe mia dzi.” Kpekpeɖeŋunana mia nɔewo le ɣeyiɣi sesẽwo me kpakple dzidzɔkpɔkpɔ ɖekae le dzidzɔɣiwo me ado ŋusẽ mi miakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe si le abe mɔzɔzɔ ene la me.—g08 07-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Yesu gblɔ be nu ɖeka si ko dzi woate ŋu anɔ te ɖo atso srɔ̃ɖenubablaa me eye woavo agaɖe ame bubu ye nye agbe gbegblẽ nɔnɔ—gbɔdɔnuwɔnawo wɔwɔ le srɔ̃ɖeɖea godo.—Mateo 19:9.

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 22 Le Biblia ƒe nufiafia nu la, ne ame aɖe wɔ ahasi la, gome le srɔ̃a si be wòagbee loo, alo atiae be yeakpɔtɔ anɔ egbɔ. (Mateo 19:9) Kpɔ nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu: Ahasiwɔwɔ—Woatsɔe Ake Alo Womatsɔe Ake Oa?” si dze le August 8, 1995, ƒe Nyɔ! me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Biblia le abe mɔfiagbalẽ si afia mɔ srɔ̃tɔwo le woƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ si le abe mɔzɔzɔ ene la me

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7

Ne Miedi Be Yewoadzro Kuxi Aɖe Me

Mitia ɣeyiɣi si me ɖeɖi mate mia dometɔ aɖeke ŋu o.

Miƒo asa na nyahehe; nukpɔsusu nyui nenɔ mia si ɖe mia nɔwoe ŋu.

Miƒo asa na nyatsotso le mia nɔewo nu; ne ame ɖeka le nu ƒom la, nɔvia neɖo toe.

Ðee fia be yese ye srɔ̃ ƒe seselelãwo gɔme nɛ.

Mise veve ɖe mia nɔewo nu, ne miaƒe susuwo to vovo gɔ̃ hã.

Miɖee fia be yewonye nugɔmeselawo, miaƒe nya me negasẽ o.

Ne mieda vo ɖe mia nɔewo ŋu la, miɖe kuku na mia nɔewo ɖokuibɔbɔtɔe.

Miɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ fia mia nɔewo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Nu siwo ana srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze

Milé Biblia me gɔmeɖose siwo doa ŋusẽ srɔ̃ɖeɖe me ɖe asi.

Mikpɔ vovo ɖe mia nɔewo kpakple miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu.

Mina vividoɖeameŋu, lɔlɔ̃ deto, kple numalɔ̃malɔ̃ le ame nɔewo gbɔ nanɔ mia dome.

Mika ɖe mia nɔewo dzi eye miaku ɖe mia nɔewo ŋu.

Minyo dɔme eye mide bubu mia nɔewo ŋu.

Mi katã mikpe asi ɖe aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu.

Wɔ tɔwò si nua be míakpɔ dzidzeme le dzeɖoɖo kple mia nɔewo me.

Mido nukokoe na mia nɔewo eye miɖe modzaka ɖekae.

Miyi edzi mianɔ ŋusẽ dom miaƒe srɔ̃ɖekadodoa.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Hena ame ɖokui me dzodzro

Nu kawo mee wòhiã le wu be mawɔ tɔtrɔ aɖewo le le nye srɔ̃ɖegbenɔnɔ me?

Afɔ kawoe mate ŋu aɖe hena tɔtrɔ siawo wɔwɔ?