Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dedienɔnɔ Le Etsɔme, Le Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te

Dedienɔnɔ Le Etsɔme, Le Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te

Dedienɔnɔ Le Etsɔme, Le Mawu Ƒe Dziɖuɖu Te

ETEƑE madidi o, míaƒe dzodzodzoetsitsi ɖe etsɔme ŋu nu ayi, elabena Mawu akpɔ Anyigba la ƒe nyawo gbɔ to ye ŋutɔ ƒe dziɖuɖu si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒe la dzi. Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku ma nɔ susu me na Yesu Kristo esime wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: ‘Na wò fiaɖuƒe nava. Na wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.’—Mateo 6:9, 10.

Mawu Fiaɖuƒe la mawɔ dɔ aduadu kple amegbetɔ siwo xɔa ŋgɔ le dunyahehe me loo, alo to wo dzi o. Ke boŋ, aɖe amegbetɔ ƒe ɖokuidziɖuɖu ƒe nuɖoanyi ɖe sia ɖe ɖa, abe ale si wogblɔe le Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo,” si nye ɣeyiɣi siwo me míele fifia, ŋu me ene. (2 Timoteo 3:1) Egblɔ ɖi be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, . . . Agbã [amegbetɔ ƒe] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Nya mawo menye akɔfafa alo mɔkpɔkpɔ aɖeke na ame siwo di be amegbetɔ ƒe dziɖuɖu nakpɔtɔ anɔ anyi o, gake enye ŋugbedodo si doa dzidzɔ na ame siwo di be Mawu nawɔ eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ to eƒe Fiaɖuƒea dzi ya.

Etsɔme Wɔnuku Aɖe!

Ne Mawu Fiaɖuƒea le anyigba bliboa dzi ɖum la, dunyahehe, ŋutigbalẽ ƒe vovototo, subɔsubɔ, kple liƒowo mama eteviwo dome o. Ke boŋ, woazu xexea me katã ƒe nɔviwo, ame siwo nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ŋu kpakple lɔlɔ̃ vavãtɔ ate ƒo ƒu ɖekae. (Yohanes 13:34, 35; 17:3, 17) Ɛ̃, le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la, “ame dzɔdzɔe la amie,” eye ‘ŋutifafa axɔ aƒe, va se ɖe esime dzinu maganɔ anyi o.’—Psalmo 72:7.

Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, Mawu Fiaɖuƒea ana ame siwo bɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te la nade blibo le susu kple ŋutilã me, ahana dɔléle, fukpekpe, kple ku nu nayi tegbee. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Alekee nuwo anɔ ɣemaɣi? Míaƒe anyigbaa azu paradiso le go ɖe sia ɖe me, eye esia ana tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me nava eme abe ale si wògblɔe le Eden bɔa me ene.—1 Mose 1:28.

Nya Nyui Vavã Ðeka Kolia La

Esime Yesu nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ siwo aƒo ƒu anye “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” ŋu la, eƒo nu tso nu ɖedzesi aɖe koŋ hã ŋu. (Mateo 24:3-7) Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.

Le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, Yehowa Ðasefo siwo ade miliɔn adre kloe le dukɔ 236 me kpɔ gome le Fiaɖuƒegbedeasia gbɔgblɔ na amewo me le ƒe 2007 me, esime wozã woawo ŋutɔwo ƒe ɣeyiɣi si wu gaƒoƒo biliɔn 1 kple miliɔn 400 le dɔ sia wɔwɔ me. Nu ka tae Ðasefowo ka ɖe ŋugbedodo siwo le Biblia me la dzi vevie nenema gbegbe ɖo? Ŋuɖoɖoa mesesẽ kura o. Abe ale si nyati si kplɔe ɖo ɖe emee ene la, Mawu wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi.—Romatɔwo 3:4.—g08 05-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]

Biblia gblɔ be “ŋutifafa axɔ aƒe” ɖi