Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Etsɔmemɔkpɔkpɔ Si Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo!

Etsɔmemɔkpɔkpɔ Si Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo!

Etsɔmemɔkpɔkpɔ Si Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo!

Èva ɖo mɔ dzevee nu. Mɔfiadzesi ɖeka gblɔ be, “Ka ɖe amegbetɔwo ƒe ŋugbedodowo dzi.” Evelia gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu.” Mɔ eveawo dometɔ kae nàtsɔ?

NU SI me nunya lee nye be nàɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Mawu ŋutɔ gblɔ be: ‘Ame si ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.’ (Lododowo 1:33) Míeɖoa to mía Wɔla to Biblia ƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ me, elabena míenyae be kakaɖedzi le wo ŋu. (2 Timoteo 3:16) Ðe susu nyui aɖewo li siwo tae wòle be míaka ɖe eme nyawo dzia? Ðikeke aɖeke mele eme o! Le kpɔɖeŋu me, abe ale si míekpɔe le nyati siawo siwo ku ɖe etsɔme ŋu ƒe evelia me ene la, Biblia ɖeka koe te ŋu gblɔ nu si tae amegbetɔwo mete ŋu le wo ɖokui dzi ɖum dzidzedzetɔe o eme kɔ nyuie. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nya siwo Biblia gblɔ tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu nye nyateƒe oa?

Nenema kee wòle le nyagblɔɖi siwo le Biblia me la hã gome. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ xaxaɣeyiɣi siwo ade dzesi “ŋkeke mamlɛawo,” siwo me míele fifia, la ɖi. Mía ŋutɔwo míele esiawo teƒe kpɔm. (Mateo 24:3-7; 2 Timoteo 3:1-5) Biblia gblɔe ɖi gɔ̃ hã be amegbetɔwo agblẽ nu le anyigbaa ŋu. Nyaɖeɖefia 11:18 gblɔ be Mawu “[ahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”

Mava susu me na amewo esime wonɔ nya siawo ŋlɔm ɖi, anye ƒe 2,000 enye esia la be amegbetɔwo ƒe nuwɔna awɔe be woaƒo ɖi ya, atsiaƒu, kple anyigba; xexea me naxɔ dzo; eye lã ƒomevi aɖewo nanɔ tsɔtsrɔ̃m le agbɔsɔsɔ gã me alea gbegbe o. Gake nu siawo katã le dzɔdzɔm fifia. Ɛ̃, Mawu mekaa aʋatso gbeɖe o. Eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la vaa eme pɛpɛpɛ ɣesiaɣi. * (Tito 1:2; Hebritɔwo 6:18) Le nyateƒe me la, Mawu tsɔa eƒe ŋkɔ ɖoa kpe eƒe ŋugbedodowo me vava dzi.

Ŋkɔ Si Dzi Nàte Ŋu Aka Ðo

Abe ale si ko asidede gaxɔgbalẽvi te naa kakaɖedzi nɔa eŋu ene la, nenema kee Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ—Yehowa—naa kakaɖedzi nɔa ŋugbedodo siwo katã woŋlɔ ɖe Biblia me la ŋu. * Biblia ŋlɔla aɖe si ŋutɔ kpɔ Mawu ƒe belélename lɔlɔ̃tɔe teƒe zi geɖe la gblɔ be: “[Míeɖoa ŋu ɖe] eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu.”—Psalmo 33:21; 34:5, 7.

Lododowo 18:10 tsɔ Mawu ƒe ŋkɔ nɔ sɔ kple ale si wòkpɔa mía ta abe fofo lɔ̃ame ene, esime wògblɔ be: ‘Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afi ma ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.’ Romatɔwo 10:13 hã gblɔ be: “Ame sia ame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la, woaɖee.” Gake Mawu ƒe ŋkɔ la ŋutɔ mekpɔa ame ta tso vɔ̃ me o. Ke boŋ, Mawu ŋutɔe xɔna na ame, eye ame siwo yɔa eƒe ŋkɔ, abe ale si mawunyakpukpui ma gblɔe ene la, yɔnɛ le esi woka ɖe eyama dzi bliboe henya be mekaa aʋatso o la ta. Psalmo 91:14 gblɔ be: “Maɖee, elabena eku ɖe [nye Yehowa ŋu]; makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ.”

Bia ɖokuiwò be, ‘Ame ka ŋue meɖoa ŋu ɖo—Mawu loo, alo amegbetɔ?’ Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋu ɖe Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu, gake womewɔa esia nuŋumabumabutɔe alo le esi woxɔa nya sia nya si wogblɔna na wo dzi sena ko ta o, ke boŋ le kakaɖedzi sẽŋu si nɔ te ɖe Biblia me sidzedze vavãtɔ si su wo si dzi tae. (Hebritɔwo 11:1; 1 Yohanes 4:1) Esia ta womevɔ̃na na etsɔme o, ke boŋ, ‘dzi dzɔa wo le etsɔmemɔkpɔkpɔ’ si le wo si ta. Wole kpewòm be wò hã nàna etsɔmemɔkpɔkpɔ dodzidzɔname sia nasu asiwò.—Romatɔwo 12:12.—g08 05-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Kpɔ magazine sia ƒe tata si nye November 2007 tɔ, si nye tata tɔxɛ, si me nyawo katã ku ɖe biabia si nye “Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?” ŋu, si wota ɖe yevugbe ɖeɖe ko me.

^ mm. 7 Kpɔ aɖaka si ƒe tanye nye “Enye Ŋkɔ Kple Kpeɖodzi Siaa.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Abe ale si ko asidede gaxɔgbalẽvi te naa kakaɖedzi nɔa eŋu ene la, nenema kee Mawu ƒe ŋkɔ naa kakaɖedzi nɔa ŋugbedodo siwo katã woŋlɔ ɖe Biblia me la ŋu

[Aɖaka si le axa 27]

ENYE ŊKƆ KPLE KPEÐODZI SIAA

Menye dzesideŋkɔ dzro koe Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, nye o. * Nu ka tae? Ŋkɔ ma gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme.” Esia fia kpui ko be, ŋusẽ, nunya, kple lɔlɔ̃ si le Mawu si ʋãnɛ be wòzua nu sia nu si wòkpɔ be ehiã be yeazu bene yeana yeƒe tameɖoɖo kple ŋugbedodowo nava eme. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu azu ame dzɔdzɔewo Ðela, ame vɔ̃ɖiwo Tsrɔ̃la, gbedodoɖawo Sela, kple Fofo lɔ̃ame—nu sia nu si wòdi be yeazu ko.

Yehowa gblɔ be: ‘Nyee nye Mawu, nye ame si ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke gblɔ bena: Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.’ (Yesaya 46:9, 10) Esi Mawu wɔa nu si ƒe tame wòɖo la dea goe ɣesiaɣi hewɔa nu tsɔ ʋlia eƒe ŋkɔa ta godoo ta la, kakaɖedzi li be eƒe Nya siwo woŋlɔ ɖi la ava eme. “Mawu menye amegbetɔ wònye, ne wòaka aʋatso o.”—4 Mose 23:19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Ŋkɔ Yehowa to vovo na dzesideŋkɔ siwo nye Ŋusẽkatãtɔ, Wɔla, Mawu, kple Aƒetɔ. Edze zi gbɔ zi akpe adre kloe le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia Kɔkɔe la ɖo me. Mawu ŋutɔe tsɔ ŋkɔ ma na eɖokui. Egblɔ le 2 Mose 3:15 be: “[Yehowa ye] nye nye ŋkɔ tegbee.”