Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fiaa Mɔ Mí”

“Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fiaa Mɔ Mí”

“Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fiaa Mɔ Mí”

Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

▪ WOWƆ ɖoɖo ɖe ŋkeke etɔ̃ takpekpe siawo, siwo ƒe ɖewo gɔme wodze xoxo le May 23-25 ƒe kwasiɖanuwuwu, le United States (États-Unis) la, wɔwɔ ŋu le ɣleti siwo le ŋgɔ gbɔna me le dugã akpe geɖewo me le xexea me godoo. Le ƒe 2007 me la, ame siwo wu miliɔn 12 sɔŋ ye de takpekpe gã siawo tɔgbi vovovo 3,200 sɔŋ!

Le ƒe sia me la, woatsɔ haƒoƒo adze takpekpea ƒe wɔnawo gɔme gbe sia gbe le ŋdi 9:20 me le teƒe geɖe. Woatu Fiɖagbe wɔnawo ɖe nyati si nye ‘Gbɔgbɔ La Afia Mɔ Mi Le Nyateƒe Blibo La Katã Me,’ si woɖe tso Yohanes 16:13 la, dzi. Nuƒo gbãtɔ siwo woaƒo dometɔ aɖewoe nye “Nu Si Ta Wòle Be Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Nafia Mɔ Mí?” kple “Gbɔgbɔ Kɔkɔe La—Ŋusẽ Si Wotsɔ Wɔ Nuwo!” Nuƒo kpui siwo woaƒo, siwo anɔ te ɖe tanya si nye “Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fia Mɔ Nuteƒewɔla Siwo Nɔ Anyi” dzi la, ƒe akpa vovovoawoe nye “Le Mose Ƒe Ŋkekea Me,” “Le Ʋɔnudrɔ̃lawo Ƒe Ŋkekeawo Me,” kple “Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me.” Woatsɔ nuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Akpa Vevi Si Gbɔgbɔ Kɔkɔea Wɔna Le Mawu Ƒe Tameɖoɖowo Me Vava Me,” awu ŋdikpa dzi ƒe wɔnawo nu.

Nuƒo si woatsɔ adze Fiɖagbe ŋdɔ ƒe wɔnawo gɔmee nye “Biabia Siwo Ku Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ŋu La Ƒe Ŋuɖoɖowo,” eye eyome woaƒo nuƒo siwo nye ‘Gbɔgbɔ La Dzroa Mawu Ƒe Nu Gogloawo Me Kpɔ’ kple “Mizu Mawu Ƒe Nya La Selawo Kple Edziwɔlawo.” Nuƒo kpui siwo anɔ te ɖe tanya si nye “Sɔhɛwo—Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nafia Mɔ Mi!” dzi la, aku ɖe nyati siwo nye “Le Suku,” “Le Dɔwɔƒe,” “Le Ƒomea Me,” “Le Hamea Me,” “Le Hadomewɔnawo Wɔƒe,” kple “Ne Ame Aɖeke Mele Mia Gbɔ O” ŋu. Woatsɔ takpekpea ƒe wɔna vevitɔwo dometɔ ɖeka, si ƒe tanyae nye “Sɔhɛwo—Mina Ƒomedodo Nyui Nanɔ Mia Kple Yehowa Dome Ðaa” si me woafia mɔ siwo dzi sɔhɛwo ato akpɔ woa kple Yehowa dome ƒomedodoa ta le la awu ŋdɔkpa dzi ƒe wɔnawo nu.

Memleɖagbe wɔnawo ƒe tanyae nye ‘Miƒã Nu Hena Gbɔgbɔ La,’ eye wotui ɖe Galatiatɔwo 6:8 me nyawo dzi. Woaƒo nuƒo kpui etɔ̃, siwo woatu ɖe tanya si nye “Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fiaa Mɔ Mí Le Subɔsubɔdɔa Me” dzi la, le ŋdikpa dzi. Woatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒo aƒo ŋdi me wɔnaawo ta, emegbe mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo dze la si be woanyrɔ wo ɖe tsi me.

Le Memleɖagbe ŋdɔ ƒe nuƒo gbãtɔ si ƒe tanyae nye, “Biblia Ŋlɔlawo—‘Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ye Ʋã Wo’” ƒoƒo vɔ megbe la, woaƒo nuƒo kpui atɔ̃, siwo nye “Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí” “Be Míakpe Akɔ Kple Tetekpɔwo,” “Be Míanɔ Te Ðe Ðeɖiteameŋu Kple Dziɖeleameƒo Nu,” “Be Míanɔ Te Sesĩe Le Yometiti Me,” “Be Míatsi Tsitre Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Vɔ̃wo Ŋu,” kple “Be Míado Dzi Le Nɔnɔme Sesẽwo Me.” Woaƒo takpekpea ƒe nuƒo vevitɔwo dometɔ ɖeka si ƒe tanyae nye “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me” atsɔ awu ŋkekea ƒe wɔnawo nu.

Kwasiɖagbe ŋdi ƒe nuƒowo aku ɖe tanya si nye “Miyi Edzi Miazɔ Le Gbɔgbɔ Me” ŋu, eye wotui ɖe Galatiatɔwo 5:16 dzi. Woadzro gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa vovovo siwo ŋu woƒo nu tso le Galatiatɔwo 5:22, 23 me la dometɔ ɖe sia ɖe me le nuƒo kpui asieke siwo woatu ɖe tanya si nye “‘Gbɔgbɔ La Ƒe Kutsetse’ Ðeɖe Fia” dzi la me. Woaƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Xɔ Yayrawo To Fia Si Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Le Mɔ Fiamee Dzi!” atsɔ awu ŋdikpa dzi ƒe wɔnawo nu. Ŋdɔkpa dzi ƒe wɔna vevi aɖee nye drama si me woado blemanuwo le, si ƒe tanyae nye “Mègagblẽ ‘Lɔlɔ̃ Si Nɔ Asiwò Gbã’ La Ði O.” Drama sia aku ɖe nuwɔna kple nɔnɔme aɖewo siwo anya yi edzi le Kristotɔwo dome le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu la ŋu. Woaƒo nuƒo si nye “Subɔsubɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Le Habɔbɔ Si Yehowa Ƒe Gbɔgbɔ Le Mɔ Fiamee Me,” atsɔ awu takpekpea ƒe wɔnawo nu.

Wɔ ɖoɖo fifia be nàde takpekpe sia. Be nànya takpekpewɔƒe si te ɖe ŋuwò la, yi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me nàɖabia, alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Woŋlɔ afi siwo woawɔ takpekpeawo le, le Benin, Burkina-Faso, Côte d’Ivoire, Ghana, Niger, kple Togo ɖe March 1, ƒe Gbetakpɔxɔ, si míetana kpena ɖe magazine sia ŋu, me.—g08 06-E.