Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nu Kae Dzɔ Ðe Vinyea Dzi?”

“Nu Kae Dzɔ Ðe Vinyea Dzi?”

“Nu Kae Dzɔ Ðe Vinyea Dzi?”

Scott kple Sandra * ƒe nu ku esime wo vinyɔnu ƒe 15 via gbɔ tso gbɔme. Eyi ɖado atike eƒe ɖa katã wòbia hɛ̃! Nu si na wogatɔtɔ wue nye dzeɖoɖo si yi edzi azɔ.

“Ðe míeɖe mɔ na wò be nàdo atike wò ɖaa?”

“Miegblɔ nam kpɔ be magawɔe o ɖe.”

“Nu ka ta mèbia mí o?”

“Menya be miele lɔlɔ̃ ge o!”

ABE ale si Scott kple Sandra ate ŋu aɖi ɖasee ene la, ɖeviwo ƒe ƒewuimenɔɣi nyea tɔtrɔɣeyiɣi siwo ɖea fu na ɖeviawo kple wo dzilawo siaa. Le nyateƒe me la, vifofo kple vidada geɖe menɔa dzadzraɖoɖi hena akɔkpekpe kple tɔtrɔ ɖedzesi siwo vaa wo viwo ƒe agbe me ne wote liɔliɔ, alo te gege ɖe woƒe ƒewuiwo me o. Barbara, vidada aɖe si le Canada, gblɔ be: “Kaka míakpɔ ko la, mía via trɔ keŋkeŋ. Mebia ɖokuinye be, ‘Nu kae dzɔ ɖe vinyea dzi?’ Ðeko wòwɔ na mí abe ɖee wova fii dzo hetsɔ ɖevi bubu ɖɔ lii esime míenɔ alɔ̃ dɔm ene!”

Menye Barbara ɖeka koe sena le eɖokui me nenema o. Xlẽ nya siwo dzila vovovo siwo le xexea me godoo gblɔ na Nyɔ! talawo la nàkpɔ.

“Esi mía viŋutsua te liɔliɔ la, ɖeko wòva te tɔtete ɖe eƒe nukpɔsusuwo dzi hetsia tsitre ɖe míaƒe sededewo ŋu.”—Lia, Britain.

“Mía vinyɔnuawo va tsia dzi ɖe wo ɖokuiwo ŋu vevie, eye nu si ŋu wotsia dzi ɖo wue nye woƒe dzedzeme.”—John, Ghana.

“Vinyeŋutsua di be ye ŋutɔ yeatso nya me le nu sia nu ŋu. Medi be ame aɖeke nagblɔ nu si yeawɔ na ye o.”—Celine, Brazil.

“Megadoa dzidzɔ na mía vinyɔnua be míakpla asi kɔ na ye alo agbugbɔ nu na ye kura o.”—Andrew, Canada.

“Mía viŋutsuawo ƒe mo megadzea akɔ anyi o. Le esi woalɔ̃ ɖe míaƒe nyametsotsowo dzi teƒe la, ɖe wotsia tsitre ɖe wo ŋu alo hea nya ɖe wo ŋu boŋ.”—Steve, Australia.

“Vinyenyɔnua meɖea eƒe seselelãmewo gblɔna nam o. Megblɔa eƒe dzimenyawo o, eye wòdoa dziku ne medi be mana wòaɖe eƒe seselelãmewo agblɔ.”—Joanne, Mexico.

“Mía viawo va te adzamenuwɔwɔ, wodi be nu geɖe nanye yewo ŋutɔ yewo ɖeɖe ko ƒe nya. Zi geɖe la, wolɔ̃a wo xɔlɔ̃wo dome nɔnɔ wu mía gbɔ nɔnɔ.”—Daniel, Philippines.

Ne dzila si si ƒewuiviwo lee nènye la, ɖewohĩ àkpɔe be nya siawo dometɔ aɖewo sɔ kple nu siwo teƒe kpɔm wò ŋutɔ nèle. Ne nenemae la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be àte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu le ale si nàwɔ ase viwòŋutsu alo viwònyɔnu ƒewuivi si va zu abe “ame tutɔ” ene le mia dome la ƒe nɔnɔmewo gɔme. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Le mɔ ka nu?

Nunya Kple Nugɔmesese

Biblia me lododo aɖe ɖo aɖaŋu be: “Ƒle nunya, ƒle gɔmesese!” (Lododowo 4:5) Nɔnɔme evea siaa le vevie le ƒewuiviwo hehe me. Ehiã be nàwɔ nugɔmesese ŋu dɔ bene nàte ŋu akpɔ nu ayi ŋgɔ wu nɔnɔme siwo ɖem viwòa le le fiafiam la ahakpɔ nu si me tom wòle adze sii. Ehiã be nàwɔ nu le nunya me bene nàte ŋu awɔ nu ɖe eƒe nɔnɔmeawo nu le mɔ si awɔe be nàte ŋu ayi edzi anɔ mɔ fiamee va se ɖe esime wòazu ame tsitsi ɖɔʋu la nu.

Mègaɖe mɔ ale si wòdze abe mamae va le mia kple viwòŋutsua alo viwònyɔnua dome ɖom ene la naflu wò o. Le nyateƒe me la, ƒewuiviwo hiã na wo dzilawo ƒe mɔfiame le woƒe agbemeɣeyiɣi sesẽ sia me, eye ƒewuiviawo ŋutɔ hã dinɛ nenema. Aleke nugɔmesese kple nunya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ana mɔfiame siawo?—g08 06-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔwo le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me.