Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kawoe Ate Ŋu Anye Kuxiawo?

Nu Kawoe Ate Ŋu Anye Kuxiawo?

Nu Kawoe Ate Ŋu Anye Kuxiawo?

SUSU manɔ eme be woakpɔ mɔ be kuxi aɖeke mado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me o. Nya lae nye be, srɔ̃tɔ siwo sɔ na wo nɔewo nyuie gɔ̃ hã ƒe susu mawɔ ɖeka le nu sia nu me o. Eya ta kuxi aɖewo ya teti ado mo ɖa godoo. Abe ale si ko ɣebia tea ŋu nɔa ga si wosi aŋɔ na gɔ̃ hã ɖum vivivi ene la, nenema kee nu geɖewo li siwo ate ŋu anɔ nu gblẽm le srɔ̃ɖeɖe ŋu vivivi. Bene míate ŋu anya nu siwo ate ŋu ana be srɔ̃ɖeɖe me nanyo ɖe edzi la, mina míadzro nu siwo ate ŋu ahe kuxiwo vae la me gbã.

Ɣeyiɣi Sesẽwo Mee Míele

Biblia gblɔe ɖi be le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la, ame geɖewo “anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, . . . ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.” (2 Timoteo 3:2-4) Nɔnɔme mawo ate ŋu ana nugɔmemasemase na ame nɔewo, dzeɖoɖo kuxiwo, kple gbedaɖeamegbɔ, siwo nye nɔnɔme siwo ame madeblibowo ɖena fiana bɔbɔe la nagado gã ɖe edzi.

Srɔ̃ɖeɖeŋutinumekula aɖe gblɔ be: “Ɣeyiɣi si me srɔ̃tɔ geɖewo tɔtɔ lee nye esia. Le go aɖe me la . . . , aɖaŋuɖoɖo gbogbo siwo akpe ɖe mía ŋu míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ nanyo la li . . . Gake le go bubu me la, hadomekuxiwo kple gakuxiwo gblẽa agbagba siwo míedzena be míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ nanyo la me.”

Mɔkpɔkpɔ Siwo Mesɔ O

Srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ siwo mesɔ o ƒe amesinɔnɔe nye nu siwo nana womekpɔa dzidzeme le srɔ̃ɖeɖe me o wu la dometɔ ɖeka.” Dzi ɖena le srɔ̃tɔ geɖewo ƒo ne srɔ̃ɖeɖea meva le abe ale si wokpɔ mɔ nɛ ene o, eye wova kpɔe be menye ame si ƒomevi wobui be yewo srɔ̃a nye la tututue wònye o. Wo srɔ̃wo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo ŋu womenya naneke le do ŋgɔ o, alo esiwo va do gã ɖe edzi wu ale si wobui la va ɖea dzi le wo ƒo vevie.

Gake Biblia gblɔe tẽe be srɔ̃tɔwo akpɔ “xaxa le ŋutilã me.” (1 Korintotɔwo 7:28) Nu ka tae? Nu siwo tae dometɔ ɖekae nye be amegbetɔ madeblibo eve ƒe anyinɔnɔ ɖekae nana wova kpɔa wo nɔewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzea sii godoo.

Gakpe ɖe eŋu la, ame geɖe kpɔa mɔ be yewoakpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me, evɔ womedzea agbagba ale si dze bene wòava eme na wo nenema o. Esi wosusui be vivisese sɔŋ koe anɔ srɔ̃ɖeɖe me ta la, woŋea aɖaba ƒua nu siwo wòle na wo be woawɔ kple ale si wòle be woaku kutri vevie hafi atu ƒome kpɔdzidzɔ ɖo la dzi. Gake ne wova ƒo ta ɖe eme hekpɔ ale si nuwo le ŋutɔŋutɔ dze sii la, ete ŋu ɖea dzi le wo ƒo bɔbɔe alo naa wotɔtɔna. Zi ale si nu siwo ame kpɔ mɔ na le srɔ̃ɖeɖe me mesɔ o la, zi nenemae ale si nuwo le ŋutɔŋutɔ kpɔkpɔ dze sii gbãa dzi na amee.

Dzeɖoɖo Kuxiwo

Dzeɖoɖo kuxi kawoe woaƒo asa na bene woate ŋu atu srɔ̃ɖekadodo sẽŋu ɖo? Eva zu numame na atsu kple asi aɖewo be woƒoa nu na wo nɔewo gake womeɖea woƒe seselelãme ŋutɔŋutɔ gblɔna o, eye woɖoa to wo nɔewo gake woƒe dzi mekuna ɖe nya si gblɔm ame kemɛa le ŋu o. Nu siwo woawɔ le ƒomea me la ŋuti nya kpuikpui aɖewo ko gbɔgblɔ va xɔna ɖe dzeɖoɖo le lɔlɔ̃ kple vividodoɖeameŋu me teƒe. Nyahehe kple ame nɔewo atraɖii le nu maɖinuwo ŋu tea ŋu va xɔna ɖe dzeɖoɖo kple ame nɔewo tso nane koŋ ŋu tso dzi me faa teƒe. Ame kemɛa ƒe nyawo gɔme sese bubui hea nugɔmemasemase na ame nɔewo vae; nya veamewo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu nana ame kemɛa hã nɔa ŋɔdzomenuwo wɔm ɖe nɔvia ŋu.

Nublanuitɔe la, srɔ̃tɔ geɖewo megava kpɔa wo srɔ̃wo ƒe nɔnɔme nyuiwo dzea sii o, alo wokpɔa wo dzea sii gake gbea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fiae ɖe wo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, le ale si dɔwɔɖui ƒe nyawo le egbea ta la, dzi megadzɔa srɔ̃nyɔnu geɖewo o, elabena wo srɔ̃wo gblẽa aƒemedɔwo ɖe wo dzi, evɔ woawo hã wodea dɔ me. Gawu la, srɔ̃nyɔnu geɖewo sena le wo ɖokui me be wometsɔa ɖeke le yewoƒe seselelãme nuhiahiãwo me o.

Nu kae nàte ŋu awɔ be wò srɔ̃ɖegbenɔnɔ nakpɔ dzidzedze? Wò ya dzro aɖaŋuɖoɖo nyui siwo gbɔna, siwo wotu ɖe Biblia dzi la, me kpɔ.—g08 07-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Atsu kple asi aɖewo ƒoa nu na wo nɔewo gake womeɖea woƒe seselelãme ŋutɔŋutɔ gblɔna o, eye woɖoa to wo nɔewo gake woƒe dzi mekuna ɖe nya si gblɔm ame kemɛa le ŋu o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Ame geɖe kpɔa mɔ be yewoakpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me, evɔ womedzea agbagba ale si dze bene wòava eme na wo nenema o