Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Mɔkpɔkpɔ Megale Amewo Si O

Nu Si Ta Mɔkpɔkpɔ Megale Amewo Si O

Nu Si Ta Mɔkpɔkpɔ Megale Amewo Si O

Nu siwo le edzi yim le xexea me godoo na be amewo le vɔvɔ̃m na nu si ava dzɔ le etsɔ me. Woglã videoɖemɔ̃wo ɖe dugã geɖewo me tsɔ léa ŋku ɖe amewo ŋu. Le vɔvɔ̃ na ŋɔdzidonamelawo ta la, yameʋudzeƒe geɖewo va le abe asrafowo ƒe asaɖawo ene. Fiafiwo kple ɖevi gbɔ dɔla geɖewo toa Internet dzi blea ame siwo mele naneke nyam o. Le nutowo ƒe dedienɔnɔ gome la, ɖiƒoƒo, avenyigbawo tsɔtsrɔ̃, lã ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa, kple xexea me ƒe dzoxɔxɔ na nu siwo le anyigba dzi ƒe dedienɔnɔ le etsɔ me ɖo afɔku me.

TOGBƆ be kuxi siawo mava susu me na ame siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 50 siwo va yi la dometɔ aɖeke o hã la, wonye nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me godoo egbea. Esia wɔe be ame geɖe tsi dzodzodzoe le nu siwo le edzi yim le xexea me kple ale si nuwo ava nɔ na woa kple wo viwo le etsɔ me ŋu. Ðe ɣeyiɣi aɖe le vava ge si me vɔvɔ̃ aɖo amewo ale gbegbe be womadi be yewoaɖo bɔs, keteke, alo yameʋu oa? Esi nuwo ƒe asi le dzi yim eye ame aɖewo le anyigbadzinuwo zãm wu ale si dze ta la, ɖe wòate ŋu ava nɔ bɔbɔe na dzidzime siwo gbɔna be woakpɔ nu nyuiwo aɖu, akpɔ woƒe lãmesẽnyawo gbɔ, eye mɔmemi si asu na wo nasu wo sia?

Canada ƒe dudɔnunɔla si kpɔa lãmesẽnyawo gbɔ gblɔ ku ɖe ale si atikewɔnyawo gbɔ kpɔkpɔ va le asi xɔm ŋu be: “Míele vɔvɔ̃m na ale si nuwo ava nɔ le etsɔ me.” Ame geɖewo hã tsi dzodzodzoe le nuɖuɖu kple mɔmemi ƒe kuxia ta. Elabena esi dukɔ aɖewo le vɔvɔ̃m be tomemi ava ve le etsɔ me ta la, wole ga geɖe zãm ɖe mɔmemiwɔwɔ tso nu miemiewo me ŋu azɔ. Esia wɔe be zi gbãtɔe nye esia le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me be menye nuɖuɖugblewo koe wole anyigba la zãm tsɔ le dedem o, ke wole ezãm tsɔ le nu miemie siwo woatsɔ awɔ mɔmemi la hã ƒe agblewo dem. Nu si do tso esia mee nye nuɖuɖu ƒe asixɔxɔ si teƒe kpɔm míele.

Le ɣeyiɣi siawo ke me la, vovototo si le kesinɔtɔwo kple ame dahewo dome la gale dzedzem ƒãa, si wɔe be nuteɖeamedziwo nu gale sesẽm ɖe edzi. Xexea Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Le ƒe alafa 21 lia sia ƒe ƒe ewo gbãtɔawo me la, wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le amegbetɔwo ƒe lãmesẽnyawo me, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, hiãkame si nu sẽ la gakpɔtɔ li. Amewo ƒe agbenɔƒe dzi ɖe kpɔtɔ va ɖo afã le dukɔ dahe aɖewo me, ne míetsɔe sɔ kple dukɔ deŋgɔwo tɔ.” Nu siwo koŋ gbɔ nu siawo tsoe nye dɔléle, hadomegbenɔnɔ, kple ganyawo ƒe toyiyi le dukɔ siwo ƒe dziɖuɖuwo melia ke o me.

Ne ètsɔ nu dziŋɔ siwo ate ŋu ado tso xexea ƒe dzoxɔxɔ me, siwo ate ŋu awɔe be anyigba ƒe dzogbezuzu kple yame ƒe dzoxɔxɔ nagbonagbo alo eƒe fafa miamiamia nadzi ɖe edzi geɖe wu, kpe ɖe nu siwo míeyɔ va yi ŋu la, akpɔe be mewɔ nuku o be ame siwo nya nu siwo le dzɔdzɔm la atsi dzodzodzoe ɖe ale si etsɔme ava nɔ ŋu godoo. Dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti nyadzɔdzɔgbalẽ si ƒoa nu tso afi si Tsɔtsrɔ̃ŋkeke Ƒe Gaƒoɖokuia ɖe zɔ va ɖo ŋu la, ɖe ŋɔdzi si li be mɔkpɔkpɔ aɖeke mele etsɔ si gbɔna ŋu o la gblɔ “esime dzɔdzɔmeŋutinunyalawo yi edzi le kekem ɖe nu si gbegbe [xexea ƒe dzoxɔxɔ] le gbegblẽm le ƒomedodo si le Anyigba dzi nugbagbewo kple wo nɔƒewo dome ŋu la ŋuti.”—Bulletin of the Atomic Scientists.

Nyateƒee wònye be etsɔmemɔkpɔkpɔ aɖeke megali o abe ale si nudzɔdzɔwo na wòdze enea? Nyateƒee wònye be asitsala gãwo, dunyahelawo, subɔsubɔhakplɔlawo, kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dzi koe míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ nɔ te ɖoa? Ame aɖewo gblɔna be: ‘Ame ka ŋue míatrɔ ɖo? Míawo ŋutɔwoe he kuxi siawo katã va mía ɖokui dzi; míawo ŋutɔwo koe agakpɔ wo gbɔ.’ Ame bubuwo hã susui be kuxiawo gbɔ kpɔkpɔ gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu, eye Mawu ɖeka kolia dzi koe míaƒe dedienɔnɔ le etsɔ me ƒe mɔkpɔkpɔa nɔ te ɖo. Ne nenemae la, kakaɖedzi kae li be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí, eye be ava xɔ na mí? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.—g08 05-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]

Nyateƒee wònye be asitsala gãwo, dunyahelawo, subɔsubɔhakplɔlawo, kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dzi koe míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔ nɔ te ɖoa?