Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ɖeɖe Siwo Ðo Xaxa Me

Srɔ̃ɖeɖe Siwo Ðo Xaxa Me

Srɔ̃ɖeɖe Siwo Ðo Xaxa Me

“Eglom azɔ!” Ðe nèsee ame aɖewo gblɔ nya ma tso woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu kpɔa? Ne srɔ̃tɔe nènye la, ɖe wò hã nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa?

NUMALƆ̃MALƆ̃ le ame nɔewo gbɔ ƒe lɔlɔ̃ sẽŋu aɖee nyɔ ɖe ŋutsu kple nyɔnu akpe geɖewo me woɖe wo nɔewo, eye wonɔ mɔ kpɔm be yewoakpɔ dzidzɔ geɖe le yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me. Gake srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Kaka wo dometɔ geɖe nava nɔ aɖaŋuɖoɖo dim tso gbɔnye la, dzi ɖena le wo ƒo xoxo. Wo srɔ̃a ƒe nu, srɔ̃ɖeɖea, lɔlɔ̃, alo ɣeaɖewoɣi la, agbea ŋutɔ kura gɔ̃ hã va tia wo.” Le srɔ̃tɔ siawo dometɔ geɖe gome la, nu si ko na wogabua wo ɖokui srɔ̃tɔwoe ye nye woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖaseɖigbalẽa kple woƒe aƒe ɖeka me nɔnɔ.

Nuxaxa kple dzimaɖitsitsiwo ƒe agbogbododo koe va gbãa srɔ̃ɖeɖe aɖewo. Dɔwɔɖui siwo biaa hloloetsotso geɖe, esiwo me dɔwɔlawo ƒe dɔwɔɣiwo nɔa tɔtrɔm le, kple esiwo biaa ɣeyiɣi geɖe la, ate ŋu ana srɔ̃tɔ siwo lɔ̃a wo nɔewo kura gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ wo nɔewo ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ wòade edeƒe o. Gakuxiwo, ɖeviwo hehe, ʋuʋu yi aƒe bubu me, dɔwɔɖui ƒe tɔtrɔ, kple lãmesẽkuxiwo hã ate ŋu ava gblẽ nu le ale si wòle be srɔ̃tɔwo nalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu la ŋu. Kpuie ko la, tɔtrɔ vovovo siwo doa mo ɖa ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la ate ŋu ahe nuteɖeamedzi siwo ate ŋu ade mama srɔ̃tɔwo dome la vae.

Vidada geɖewo va le ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ ƒokpli eve, aƒe me tɔ kple dɔ me tɔ, wɔm. Esia ate ŋu awɔe be womagakpɔ ɣeyiɣi ɖe naneke ŋu tsɔ wu woƒe dɔwɔɖuia kple wo viwo gbɔ kpɔkpɔ o. Nuteɖeamedzi kple ɖeɖiteameŋu va wɔnɛ be srɔ̃tɔwo megava kpɔa vovo ɖe wo nɔewo ŋu o. Nu siawo wɔnɛ be sese le ame ɖokui me be womelɔ̃ ye o kple nuxaxa sɔŋ koe va xɔa aƒe ɖe srɔ̃tɔ geɖe ƒe agbe me. Nu ka tae srɔ̃ɖeɖe geɖe ɖo xaxa me alea? Alekee nàwɔ aɖo srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze si me dzidzɔ anɔ la anyi?—g08 07-E.