Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Woade Ta Agu Na Mawu To Nɔnɔmetatawo Dzia?

Ðe Wòle Be Woade Ta Agu Na Mawu To Nɔnɔmetatawo Dzia?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Woade Ta Agu Na Mawu To Nɔnɔmetatawo Dzia?

“Wofiam be nɔnɔmetatawo ana mate ɖe Mawu ŋu wu.”—Mack.

“Míaƒe aƒe me yɔ fũu kple nɔnɔmetata siwo wodea ta agu na. Míesusui be esia dzea Mawu ŋu.”—Herta.

“Míedea ta agu na nɔnɔmetata aɖewo. Míebu ale si Mawu bua nuwɔna siae ŋu kpɔ o.”—Sandra.

ALEKE nèse le ɖokuiwò me tso nya siwo le etame ŋu? Ame geɖe xɔe se be nɔnɔmetatawo alo nɔnɔme wɔwɔewo kpena ɖe yewo ŋu le tadedeagu na Mawu me. Ðe nuŋububu sia sɔa? Biabia si gale vevie wue nye, alekee Mawu sena le eɖokui me tso nya sia ŋu? Bu nya si eƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, gblɔ ŋu kpɔ.

Ale Si Mawu Bua Subɔsubɔ Me Nɔnɔmetatawoe

Subɔsubɔ me nɔnɔmetatawo kple legbawo nye dzesi, alo nɔnɔme wɔwɔe ɖe sia ɖe, si wodea ta agu na alo subɔna. Woate ŋu anye atitsogawo, kpetatawo, fotowo, alo nu bubu ɖe sia ɖe si le nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi ƒe nɔnɔme me. * Wote ŋu dea ta agu na aflagawo gɔ̃ hã.

Ƒe akpe geɖewoe nye esia wote nu siawo tɔgbi zazã le tadedeagu me. Esia tae le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me, esime Mawu nɔ Se Ewoawo dem na Israel dukɔ si wòɖo anyi eteƒe medidi o la, egblɔ ale si wòbua nɔnɔme wɔwɔe siwo amewo zãna le tadedeagu me la na wo. Egblɔ be: ‘Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Mègawɔ nu siwo le dziƒo, alo nu siwo le anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu [si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo ye menye, NW].’—2 Mose 20:4, 5.

De dzesi se eve ƒokpli si Mawu de na wo: Gbã, mele be eƒe amewo nawɔ nɔnɔmetatawo hena tadedeagu o, eye evelia, mele be ‘woade ta agu na wo’ alo asubɔ wo o. Nu ka tae mía Wɔla de se ɖe nɔnɔmetatawo wɔwɔ ŋu? Susu siwo ta mele be woawɔ nɔnɔmetatawo ɖe Mawu teƒe o la dometɔ ɖekae nye be “ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o.” Menye nu siwo ŋku ate ŋu akpɔ ƒomevi aɖee Yehowa nye o, ke boŋ gbɔgbɔe wònye eye gbɔgbɔmenuto mee wòle. (Yohanes 1:18; 4:24) Susu siwo ta mele be woawɔ naneke ƒe nɔnɔme ahade ta agu nɛ o la dometɔ ɖekae nye be Mawu biaa “ɖokuitsɔtsɔna blibo.” Egblɔ be: “Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔ kple nye kafukafu na legbawo o.” (Yesaya 42:8) Susu sia tae wònye nu gbegblẽ hã be woawɔ nɔnɔmetata be wòakpe ɖe ame ŋu le tadedeagu me ɖo. Esime Israel viwo ƒe kplɔla si ŋkɔe nye Aron wɔ nane ƒe nɔnɔme la, Yehowa do dziku ɖe eŋu vevie.—2 Mose 32:4-10.

Nu Ka Tae Mele Be Míade Ta Agu Na Wo O?

Biblia gblɔ tso legbawo ŋu be: “Nu li na wo, womeƒoa nu o; ŋku li na wo, womekpɔa nu o; to li na wo, womesea nu o.” Emegbe egblɔ nuxlɔ̃amenya vevi sia be: ‘Ame siwo wɔa wo la sɔ kpli wo’—si fia be, ɖeko wole abe ɖee agbe mele wo me o ene, abe legba mawo ke ene!—Psalmo 115:4-8.

Legbasubɔsubɔ nye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Alekee mase le ɖokuinye me ne mena nunana xɔasi aɖe vinye eye wòxɔe ko hedzo le gbɔnye yi ɖada akpe na ame tutɔ alo nane si me agbe mele o?’ Ðewohĩ kpɔɖeŋu sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si mía Wɔla kple Agbenala la sena le eɖokui me ne míetsɔ akpedada kple kafukafu si wòdze na la na ame bubuwo—siwo dome legba siwo me agbe mele o hã le—la adze sii.—Nyaɖeɖefia 4:11.

Azɔ hã, bu gbɔɖiame si gbegbe wònye be amegbetɔ—si wowɔ ɖe Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu la—nade ta agu na nu si me agbe mele o, ŋu kpɔ! (1 Mose 1:27) Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ tso ame siwo wɔ nenema la ŋu be: ‘Wode ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, nu siwo woawo ŋutɔwo ƒe asibide wɔ. Ale amegbetɔ de ta agu, eye ŋutsu bɔbɔ eɖokui; Yehowa Mawu, màtsɔe ake wo o!’—Yesaya 2:8, 9.

Nu si na be alakpasubɔsubɔ nyɔa ŋu na Mawu wue nye be, le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe futɔ siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ. Esime Israel viwo gblẽ Yehowa ɖi hetrɔ ɖe legbawo ŋu la, Biblia gblɔ le 5 Mose 32:17 be: “Wosa vɔ na [gbɔgbɔ vɔ̃wo, ke menye na Mawu] o.”

Ðe Yesu Kristo yome dzela gbãtɔwo de ta agu na nɔnɔmetatawo alo zã wo le tadedeagu mea? Kura o! Yesu ƒe apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Vinye lɔlɔ̃awo, mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.” (1 Yohanes 5:21) Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya ŋu gblɔ be: “Naneke meli si anyɔ ŋu na nusrɔ̃la gbãtɔawo wu tadedeagu na nɔnɔmetatawo o.”—Early Church History to the Death of Constantine.

Tadedeagumɔnu Nyuitɔ

Yesu gblɔ be: “Nyateƒetadeagulawo atsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la, elabena le nyateƒe me la, Fofo la le ame siawo ƒomevi dim be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23) Ɛ̃, Mawu di be míanya ame si ƒomevi yenye nyuie—nu siwo yedina kple nu siwo yemedina o, yeƒe dzidzenuwo, kple tameɖoɖo si le ye si na mí. (Yohanes 17:3) Le nyateƒe me la, esia tae wòna woŋlɔ Biblia ɖo. (2 Timoteo 3:16) Azɔ hã, esi wònye be Mawu ‘mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ o’ ta la, míate ŋu ado gbe ɖa nɛ le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me, le afi sia afi, nɔnɔmetata aɖeke mazãmazãe.—Dɔwɔwɔwo 17:27.

Sandra si ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea gblɔ be: “Esi mege ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me la, nyemekpɔ nɔnɔmetata aɖeke o. Ðasefoawo zã Biblia tsɔ fia Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo kple eƒe nudidiwom. Esia wɔe be mesrɔ̃ ale si mado gbe ɖae bene Mawu naɖo tom. Fifia, mesena le ɖokuinye me be mía Wɔla la ŋuti sidzedze vavãtɔ su asinye, eye be mele ƒomedodo nyui me kplii.” Ɛ̃, Sandra srɔ̃ Biblia me nyateƒea eye wòkpɔ ale si wònaa ablɔɖe ame hefaa akɔ na amee. (Yohanes 8:32) Wò hã àte ŋui.—g08 08-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Nu ka ta wòle be míaƒo asa na nɔnɔmetata ƒomevi ɖe sia ɖe zazã le tadedeagu me? —Psalmo 115:4-8; 1 Yohanes 5:21.

▪ Alekee wòle be woade ta agu na Mawu vavã la?—Yohanes 4:24.

▪ Alekee nàwɔ asrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu, eye aleke wòaɖe vi na wòe?—Yohanes 8:32; 17:3.