Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Akpe Na Mi Ðe Lɔlɔ̃ Gã Si Le Mia Si Na Amewo Ta”

“Akpe Na Mi Ðe Lɔlɔ̃ Gã Si Le Mia Si Na Amewo Ta”

“Akpe Na Mi Ðe Lɔlɔ̃ Gã Si Le Mia Si Na Amewo Ta”

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE RUSSIA GBƆ

▪ Le Chita, si nye du aɖe si le Siberia ƒe ɣedzeƒe gome la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe wɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le sukuxɔ aɖe me va se ɖe esime woʋu yi woƒe Fiaɖuƒe Akpata yeye me. Esi Ðasefoawo léa be na sukuxɔa wònɔa dzadzɛ, wodzraa nu siwo gblẽ le eŋu la ɖo, eye wonyoa dome hedoa vivi ɖe ame ŋu ta la, sukua dzi kpɔlawo ŋlɔ akpedalɛta aɖe na hamea.

Lɛtaa me nya aɖewoe nye: “Akpe na mi ɖe lɔlɔ̃ gã si le mia si na amewo ta, si ɖea dzesi ƒãa na ame sia ame si ŋu miete ɖo; akpe na mi ɖe nya nyui kaka dɔ kple amedɔ siwo miewɔna na amewo katã la ta. Míaŋlɔ ŋusẽ nyui siwo míekpɔ ɖe mía dzi le dɔwɔwɔ aduadu kpli mi hena ƒe geɖe me la be gbeɖe o, si ɖee fia be, ame siwo xɔ Mawu dzi se la nɔa dzadzɛ, léa fɔ ɖe dɔ ŋu, nyoa dɔme, eye ƒo wo katã ta la, wonyea ame siwo si taɖodzinu vavã kple xɔse nɔna eye gɔmesese nɔa woƒe agbe ŋu.” Yehowa Ðasefoawo kpɔ ŋudzedze ɖe kafukafunya mawo ŋu.

▪ Wokpe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia la teƒenɔla aɖe be wòava kpɔ gome le wɔna tɔxɛ aɖe si ŋu St. Petersburg nutoa dzi kpɔlawo wɔ ɖoɖo ɖo la me, le teƒe si didi tso Chita gbɔ, abe kilometa 5,500 lɔƒo ene, le eƒe ɣetoɖoƒekpa dzi. Nu ka tae wokpee ɖo? Ƒe sia ƒe ne sno nyi vɔ la, Ðasefo siwo le nutoa me kpea asi ɖe gbeɖuɖɔ gbogbo siwo tsia mɔdodo aɖe si didi kilometa 60 dzi, si medidi tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ o, la lɔlɔ ŋu. Dumegã aɖe tsɔ ɖaseɖigbalẽ aɖe na alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔlaa bubutɔe tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe dɔ nyui sia si wowɔna le nutoa me la ta. Eye vavalawo si akpe kplokplokplo dzidzɔtɔe. Eɖe dzesi ŋutɔ be esi wɔnaa nɔ edzi yim eye nutoa me nuƒola aɖe wɔ vodada le Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa yɔyɔ me la, vavala geɖe siwo menye Ðasefowo o la ɖɔ eyama ɖo enumake, si ɖee fia be wonya Mawu ƒe ŋkɔa kple ame siwo ŋu ŋkɔ ma le la siaa nyuie.

Gbeƒãɖeɖedɔ si Yehowa Ðasefowo, siwo ade 150,000 le Russia, wɔna le dutoƒo la koŋue na ameawo nya Mawu ƒe ŋkɔ la. Woƒe taɖodzinue nye be yewoayi ‘lɔlɔ̃ gã si le yewo si na amewo’ la ɖeɖe fia dzi to Biblia me gbedeasi fakɔnamea gbɔgblɔ na ame siwo katã alɔ̃ be yewoasee la me.—Mateo 22:39.—g08 08-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Russia alɔdzedɔwɔƒea xɔ ɖaseɖigbalẽ le dɔ nyui si wowɔna ta