Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Ake—Kakaɖedzi Le Eŋu!

Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Ake—Kakaɖedzi Le Eŋu!

Ame Kukuwo Agava Nɔ Agbe Ake—Kakaɖedzi Le Eŋu!

ƑE GBOGBO aɖewoe nye esi va yi la, woɖe ɖekakpui aɖe fia le film aɖe me wòtsi tsitre ɖe eƒe ame vevi aɖe ƒe yɔdo gbɔ. Egblɔ be: “Dada gblɔna ɣesiaɣi be dzɔdzɔmenue ku nye.” Emegbe, esi woɖe yɔdoa fia hena ɣeyiɣi kpuie aɖe la, ɖekakpuia yi edzi gblɔ be: “Gake ne menye nenemae wòle o la, anye ne enyo ŋutɔ.”

Ale si ɖekakpui sia se le eɖokui me la ɖe ale si ame biliɔn siwo bu woƒe ame veviwo le ku me la sena le wo ɖokui me la fia. Futɔ vɔ̃ɖi kae nye esi! Ke hã, Mawu do ŋugbe be: “Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.” (1 Korintotɔwo 15:26) Gake togbɔ be edze be ŋutete le mía si be míanɔ agbe yi ɖe mavɔmavɔ me hã, nu ka tae míekuna ɖo? Alekee wole ku ɖe ge ɖae?

Nu Si Ta Míetsina Kua Amegã Hekuna

Biblia gblɔ le Yehowa Mawu, mía Wɔla la, ŋu be: “Eƒe dɔwɔwɔ de blibo.” (5 Mose 32:4; Psalmo 83:19) Wowɔ ame gbãtɔ, Adam, wòde blibo, eye ŋutete nɔ esi be wòanɔ agbe tegbee le Eden, anyigba dzi Paradisobɔ si me Mawu dae ɖo la me. (1 Mose 2:7-9) Aleke wòdzɔe be Adam megava nɔ Paradisoƒe ma me o, eye wòva ku amegã heku?

Kpuie ko la: Adam mewɔ se si wode nɛ be wòagaɖu ati aɖe ƒe kutsetse o la dzi o. Mawu xlɔ̃ nu Adam tso nu si adzɔ ne eɖui la ŋu eme kɔ nyuie be: “Ku ke nàku.” (1 Mose 2:16, 17) Adam wɔ ɖeka kple srɔ̃a, Eva, le Mawu ƒe sea dzi dada me, eya ta Mawu nya wo ɖa le Eden bɔa me. Susu vevi aɖe tae Mawu ɖe afɔ kpata alea ɖo. Biblia gblɔ be: “Be [Adam nàgado] asi ɖa agbe agbetia [si le abɔa me] hã ƒe ɖe aɖu, eye wòanɔ agbe [tegbee] o.”—1 Mose 3:1-6, 22.

Adam kple Eva woku le woƒe tomaɖomaɖo ta, gake nu ka tae woƒe dzidzimeviwo katã tsina kua amegã hekuna? Elabena wonyi nu vɔ̃ ƒe dome tso Adam gbɔ, eye nu vɔ̃ wɔe be eƒe dzidzimevi ɖe sia ɖe nye ame madeblibo si dzi ku kpɔ ŋusẽ ɖo. Biblia ɖe nu me be: “To ame ɖeka [Adam] dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”—Romatɔwo 5:12.

Anya Wɔ Be Ame Kukuwo Nagava Nɔ Agbe Ake

Abe ale si míexlẽe do ŋgɔ ene la, “woaɖe [ku] ɖa”—ɛ̃, woaɖee ɖa tegbee! (1 Korintotɔwo 15:26) Gake aleke wòanya wɔe? Biblia ɖe eme be: “Nuwɔna dzɔdzɔe ɖekae na wobu ame ƒomeviwo katã be wole dzɔdzɔe hena agbekpɔkpɔ.” (Romatɔwo 5:18) Nu kae nana be wobua ame ame dzɔdzɔe le Mawu ŋkume bene wòanɔ agbe tegbee?

Eyae nye ɖoɖo si Mawu wɔ be yeatsɔ atutu nu vɔ̃ si ƒe dome amegbetɔwo katã nyi tso ame gbãtɔ, Adam, gbɔ la ɖa. Biblia ɖe eme be: “Nunana si Mawu nana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.” (Romatɔwo 6:23) Yesu gblɔ tso ɖoɖo sia si dzi woato abu amewo ame dzɔdzɔewoe la ŋu be: “Mawu lɔ̃ [ameƒomea] ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Bu ale si gbegbe Mawu ƒe lɔlɔ̃ na mí de toe ŋu kpɔ, eye bu ale si gbegbe Via, Yesu Kristo, si tsɔ eɖokui na hekpe fu ɖe mía ta la hã lɔ̃ míi ŋu kpɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mawu ƒe Vi . . . lɔ̃m, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe tanye.” (Galatiatɔwo 2:20) Gake, nu ka tae Yesu ɖeɖe koe nye amegbetɔ si ate ŋu atsɔ ‘eƒe luʋɔ ana abe tafe ene’ ɖe mía ta bene woato esia me aɖe mí tso nu vɔ̃ me tsonu wuameawo me?—Mateo 20:28.

Yesu ɖeɖe koe ate ŋu atsɔ eƒe luʋɔ ana abe tafe ene, elabena eya ɖeɖe koe nye amegbetɔ ɖeka kolia si menyi nu vɔ̃ ƒe dome tso Adam gbɔ o. Aleke wɔ eya menyi nu vɔ̃ ƒe dome o? Elabena ɖe wotrɔ Yesu ƒe agbe nukutɔe tso dziƒo va de Maria, si nye ɖetugbui nɔaƒe la, ƒe vidzidɔ me. Eya ta abe ale si mawudɔla aɖe gblɔe na Maria ene la, eƒe vi la nye “kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.” (Luka 1:34, 35) Esia tae woyɔ Yesu be “Adam mamlɛtɔ,” eye wòganye nu si tae menyi nu vɔ̃ ƒe dome tso “ame gbãtɔ, Adam,” gbɔ o ɖo. (1 Korintotɔwo 15:45) Eya ta abe amegbetɔ si ŋu nu vɔ̃ mele o ene la, Yesu su te atsɔ eɖokui ana abe “tafe si sɔ ɖe enu” ene—eƒe agbe sɔ kple agbe deblibo si nɔ ame gbãtɔ la si esime mekpɔ wɔ nu vɔ̃ o.—1 Timoteo 2:6.

Mawu to tafe ƒe ɖoɖo sia dzi na wòanya wɔ be nu si ame gbãtɔ Adam bu, si nye, agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi la, nagasu mía si ake. Gake hafi yayra sia nasu ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ si la, ele be woagbɔ agbe wo woagava nɔ agbe ake. Mɔkpɔkpɔ nyui wɔnuku kae nye esi! Gake ɖe wòdze abe nu si mate ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ o enea?

Nu Si Ta Nàte Ŋu Axɔ Edzi Ase

Ðe wòasesẽ akpa be nàxɔe ase be ŋusẽ le Yehowa Mawu, si gbɔ agbe dzɔ tso la si be wòagbugbɔ awɔ ame aɖe si nɔ agbe kpɔ la akea? Bu fufɔfɔ ƒe ŋutete si Mawu de nyɔnu gbãtɔ me la ŋu kpɔ. ‘Adam dɔ kple srɔ̃a Eva,’ eye le ɣleti asieke lɔƒo megbe la, edzi vidzĩe si le abe woawo ŋutɔ ke ene la ɖe xexea me. (1 Mose 4:1) Nu siwo gbegbe yi edzi le Eva ƒe dɔ me ʋuu keke va zu vidzĩe si ƒe ŋutinuwo katã de la nye nu si amewo gabuna kokoko be enye nukunu si gbɔ amegbetɔwo ƒe nugɔmesese ŋu!—Psalmo 139:13-16.

Amewo megabua vidzidzi ŋu boo egbea be enye nukunu o, le esi wodzia vi akpe alafa geɖewo gbe sia gbe ta. Ke hã, ame geɖe gakpɔtɔ bua agbegbɔgbɔ ame kukuwo be enye nu si dzi womate ŋu axɔ ase o. Esime Yesu gblɔ na ame siwo nɔ nyɔnuvi sue aɖe ƒe ku fam la be woadzudzɔ avifafa la, “wote ekoko fewuɖuɖutɔe” elabena wonya be ɖe wòku. Gake Yesu ƒo nu na nyɔnuvi si ku la, gblɔ be: “‘Tsi tsitre!’ Eye enumake nyɔnuvi la tsi tsitre, eye wòte zɔzɔ.” Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Enumake gbɔgblɔ bu ɖe [ame siwo kpɔ eteƒe la] le dzidzɔ si gbegbe wokpɔ la ta.”—Marko 5:39-43; Luka 8:51-56.

Esime Yesu bia be woaʋu exɔlɔ̃ vevi Lazaro ƒe yɔdo nu la, nɔvianyɔnu, Marta, melɔ̃ ɖe edzi o, hegblɔ be: “Ate ʋeʋẽ xoxo, elabena ŋkeke enee nye esia.” Gake dzidzɔ ka gbegbee nye esi amewo kpɔ esime Yesu gbɔ agbe Lazaro! (Yohanes 11:38-44) Ame geɖe va se Yesu ƒe nukunuawo ŋuti nya. Esime Yohanes Amenyrɔɖetsimela la nɔ gaxɔ me la, Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo yi ɖaka dɔ siwo wɔm Yesu nɔ la ta nɛ be: “Wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre.”—Luka 7:22.

Agbenɔnɔ Ake, To Tsitretsitsi La Dzi

Esi wònye be ame siwo Yesu fɔ ɖe tsitre la gava dze dɔ emegbe heku ɖe, ke nu ka tae wòwɔ nukunu mawo ɖo? Nukunu mawo ɖo kpe edzi be woagate ŋu agbugbɔ nu si Adam gbãtɔ bu la aɖo anyi ake, si nye agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzi. Ale si Yesu fɔ amewo ɖe tsitre la ɖee fia be ame miliɔn geɖewo ava “nyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Dzidzɔtɔe la, míate ŋu anɔ ame siwo ava nɔ agbe tegbee la dome ne míenɔa agbe le “mawusosroɖa” me. Biblia gblɔ be “agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li” na mawusosroɖa sia. Wogayɔa ‘agbe si le vava ge’ la be “agbe vavã.”1 Timoteo 4:8; 6:19, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me.

Na míakpɔ ale si agbe vavã la, agbe si míava nɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye me la, anɔ ɖa.—g08 09-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

“Gbɔgblɔ bu ɖe wo le dzidzɔ si gbegbe wokpɔ la ta”