Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nyemenya Gbeɖe Be Ŋkɔ Le Mawu Si O”

“Nyemenya Gbeɖe Be Ŋkɔ Le Mawu Si O”

“Nyemenya Gbeɖe Be Ŋkɔ Le Mawu Si O”

▪ Nyɔnu aɖee gblɔ nya sia le esi wòxlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? vɔ megbe. Egblɔ kpee be, “Gake susu le eme. Esi meʋu nye ŋutɔ nye Biblia la, mekpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le eme!” Eɖe nu me be: “Nyemexlẽ Biblia srɔ̃gbalẽ aɖeke si kpe ɖe ŋunye alea gbegbe eye egɔmesese le bɔbɔe abe esia ene kpɔ o!”

Menye ɖeko Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ɖee fia be tameɖoɖo si le Mawu si le gɔmedzedzea mee nye be anyigba la nanye paradiso o, ke eɖe ale si wòana eƒe tameɖoɖoa nava eme hã me eme kɔ nyuie. Agbalẽa ɖe akpa vevi si wɔm Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, le bene tameɖoɖo sia nava eme la me. Numeɖeɖe siwo tso Biblia me ku ɖe nu si tae míetsina kua amegã hekuna, nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo, kple ale si Mawu ƒe Fiaɖuƒea ana míavo tso fukpekpewo katã me ŋu hã le agbalẽ sia me.

Togbɔ be ƒe etɔ̃ pɛ koe nye esia woɖe Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ɖe go hã la, wota ɖekaɖeka miliɔn 79 sɔŋ ɖe gbegbɔgblɔ 220 me xoxo. Àte ŋu adɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo heɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo ɖoe ɖe adrɛs si sɔ, le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g08 09-E.

□ Medi be miaɖo agbalẽ sia ƒe tata ɖeka ɖem femaxee.

□ Taflatsɛ, miva wɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.