Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Tsi Nyuiwo Le Vɔvɔma?

Ðe Tsi Nyuiwo Le Vɔvɔma?

Ðe Tsi Nyuiwo Le Vɔvɔma?

Uzbektɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be, “ne tsi nyui vɔ na wò ko la, ke èɖo kudo nu.” Nunyala aɖewo gblɔ be nya mawo ɖi nyagblɔɖinya wu lodonya. Ƒe sia ƒe la, ame miliɔn eve lɔƒo kuna le tsi ƒoɖiwo maɖemaɖeɖa le woƒe nutowo me kple tsi nyui siwo me dɔlékuiwo ge ɖo ta, eye wo dometɔ 90 le alafa me nyea ɖeviwo.

ALEKEE nèwɔna kpɔa tsi nyui? Ðeko nètroa pɔmpi ko tsi dona na wòa? Alo abe ale si wòbɔ le dukɔ aɖewo me ene la, ɖe wòhiãna be nàzɔ ayi teƒe didi aɖe, aɖo fli, eye emegbe nàdro tɔkpo gã aɖe si me tsi si nèhiã vevie yɔ la ɖe ta ava aƒe mea? Ðe wòxɔa gaƒoƒo geɖe gbe sia gbe hafi nèkpɔa tsi agbɔsɔsɔme si nèhiã hena nunyanya kple nuɖaɖa ɖeɖe dzaa? Le dukɔ geɖe me la, tsi le vevem ale gbegbe! Diane Raines Ward ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ aɖe me be: “Vudowo, tɔsisiwo, tawo, alo tsixaɖoƒewo, siwo gbɔ didi tso amewo ƒe aƒewo gbɔ mee [xexea me nɔla 40 le alafa me] kpɔa tsi tso.” (Water Wars—Drought, Flood, Folly, and the Politics of Thirst) Le dukɔ aɖewo me la, nyɔnuwo tea ŋu zãa gaƒoƒo ade lɔƒo sɔŋ tsɔ ɖakua tsi na woƒe ƒomea hedronɛ ɖe ta vaa aƒe me, ɖe nu siwo ne tsi yɔ fũu wokpena kilogram 20 la me.

Nu si le dzɔdzɔmee nye be xexea me nɔlawo katã ƒe akpa etɔ̃lia kple edzivɔwo le tsi ƒe fu kpem, eye tsi ƒoɖiwo ɖeɖeɖa le woƒe nutoa me nyea kuxi na wo. Afrika koŋ ye kuxia nu sẽ le wu, afi si nugododeƒe nyui mele ame 6 le 10 me si le o—kuxi si ŋu Xexeame Ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta le be eya hã le nu siwo nana “nugbagbevi suesuewo, dɔlékuiwo, kple lãviwo tsoa nugodo siwo míedena me kakana . . . henana dɔlékuiwo gena ɖe tsidzɔƒewo, kewo, kple nuɖuɖuwo me la dome.” Nyatakakaa gblɔ be dɔlékuiwo ƒe kakaɖi nenema “nye nu vevi si gbɔ mitsinyenyedɔ, si nye dɔléle evelia si wua ɖeviwo le dukɔ madeŋgɔwo me wu la tsona, eye wòhea dɔléle sesẽwo abe koléra, ʋuɖɔɖɔdɔ, ŋkudzitetedɔ vanɛ.”

Woyɔa tsi nyui be sika, alo ƒe alafa 21 lia ƒe mɔ̃memi. Ke hã, dukɔwo gblẽa nuhiahiã vevi sia dome ale gbegbe be tɔsisi gãwo megakpɔa tsi aɖeke kɔna ɖe atsiaƒu me o. Esi wònye be ɣe noa tɔsisiwo me tsiwo eye amewo hea tsi dea agblewo ta la, tɔsisi xɔŋkɔwo me tsiwo le vɔvɔm; nu sia le dzɔdzɔm ɖe Colorado Tɔsisi si le United States ƒe ɣetoɖoƒe, Yangtze Tɔsisi si le China, Indus Tɔsisi si le Pakistan, Ganges Tɔsisi si le India, kple Nile Tɔsisi si le Egypt hã dzi. Nu kawo wɔm wole be woatsɔ aɖe kuxia dzi kpɔtɔ? Nu kae nye kuxia gbɔ kpɔnu nyuitɔ kekeake?—g09 01-E.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 19]

WOLE TSIDZƆƑEWO DOME GBLẼM

▪ “Aral Ƒua, si le Titina Asia, ye nye ta gãtɔ kekeakewo dometɔ enelia nɔ anyigba dzi le ƒe 1960 me. Kaka ƒe 2007 naɖo la, ta sia mie va ɖo eƒe lolome tsãtɔ ƒe akpa 10 le alafa me pɛ ko.”—Scientific American.

▪ Tsita Gã atɔ̃ siwo le United States kple Canada—siwo nye Erie, Huron, Michigan, Ontario, kple Superior—le miemiem “kabakaba ŋɔdzitɔe.”—The Globe and Mail.

▪ Ɣeaɖeɣi va yi la, mɔlitsroɖemɔ̃ si le Deniliquin, Australia, la trɔa asi le mɔli agbɔsɔsɔme si suna na ame miliɔn 20 sɔŋ la ŋu. Gake fifia la, mɔli agbɔsɔsɔme si woxana la dzi ɖe kpɔtɔ alafamemama 98 sɔŋ, eye wòva hiã be woadzudzɔ mɔlitsroɖemɔ̃ la zazã le December 2007 me. Nu ka gbɔe wòtso? “Kuɖiɖi si nɔ anyi hena ƒe ade sɔŋ” gbɔe wòtso.—The New York Times.

[Nɔnɔmetata]

Tɔdziʋu aɖee nye ema tsi Aral Ƒu la ƒe akpa aɖe si mie keŋkeŋ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Marcus Rose/Insight/Panos Pictures

[Aɖaka/Anyigbatata siwo le axa 20]

‘TƆSISIWO ME TSIWO HEHE NA WOLE MIEMIEM’

“Tsã la, Chad Ta gã la nyea dzesi si dzinudzidelawo tea ŋu kpɔna dzea sii bɔbɔe ne wole xlã ƒom anyigba la, gake fifia la, esesẽna na wo be woakpɔ afi si tututu wòle adze sii. Ta sia si dukɔ siwo nye [Cameroon,] Chad, Niger, kple Nigeria . . . , ƒo xlã godoo la, ƒe akpa 95 le alafa me mie tso ƒe 1960 ƒeawo me va ɖo fifia. Ale si gbegbe amewo hiã tsi si woahe ade woƒe agblewo le nuto mawo me la wɔe be wole tɔsisi gãwo kple suewo, siwo me tsiwo va kɔna ɖe ta la me heléa taa ɖe te la me tsiwo hem wole miemiem. Esia wɔe be eteƒe madidi o, Chad Ta la amie keŋkeŋ, eye dzidzime siwo gbɔna magava nya ta la nɔƒe o.”—Plan B 2.0—Rescuing a Planet Under Stress and a Civilization in Trouble, si Lester R. Brown ŋlɔ.

[Anyigbatatawo]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Tsi

☒ Gbewo

□ Anyigba Ƒuƒui

1963

NIGER

CHAD

Chad Ta

NIGERIA

CAMEROON

2007

NIGER

CHAD

Chad Ta

NIGERIA

CAMEROON

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

NASA/​U.S. Geological Survey