Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Maʋu Go Xɔ̃nye Ƒe Nu Gbegblẽ Wɔwɔa?

Ðe Wòle Be Maʋu Go Xɔ̃nye Ƒe Nu Gbegblẽ Wɔwɔa?

Sɔhɛwo Biana Be

Ðe Wòle Be Maʋu Go Xɔ̃nye Ƒe Nu Gbegblẽ Wɔwɔa?

“Menɔ bɔbɔe nam kura o. Xɔlɔ̃ nyui aɖe ŋutɔe wònye nam.”—James. *

“Gbã la, nɔnɔmea ɖe fu nam ŋutɔ. Xɔ̃nyewo megawɔa nu ɖe ŋunye nyuie o, le esi meʋu go woƒe nu gbegblẽ wɔwɔ ta.”—Ann.

BIBLIA gblɔ be: “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” (Lododowo 18:24) Ðe xɔlɔ̃ sia ƒomevi le asiwòa? Ne nenemae la, ekema nu vavã aɖe su asiwò.

Gake ne eva dzɔ be xɔ̃wò Kristotɔ aɖe wɔ nu gbegblẽ aɖe ɖe? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be xɔ̃wòa nɔ agbe gbegblẽ, no atama, zã aha muame madzemadzee, zã atike vɔ̃ɖiwo, alo wɔ nu gbegblẽ bubu aɖe. (1 Korintotɔwo 6:9, 10; 1 Timoteo 1:9, 10) Nu kae nàwɔ? Àbia nya xɔ̃wòa tso nu gbegblẽ si wòwɔ ŋua? Àgblɔe na dziwòlawoa? Àgblɔe na xɔ̃wòa dzilawoa? Àyi aɖaka eta na hamemetsitsi aɖea? * Ne èʋu go nyaa la, nu kae adzɔ ɖe míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa dzi? Ðe wòanyo wu ne èmia nu ɖe edzia?

Ðe Magblɔe Loo, Alo Magagblɔe Oa?

Ame sia ame wɔa vodada. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Romatɔwo 3:23) Gake ame aɖewo va ƒoa wo ɖokui ɖe nu vɔ̃ gãwo me. Ame aɖewo hã ‘ɖea afɔ baɖa,’ si ne womewɔ naneke tso eŋu o la, ate ŋu ava gblẽ nu geɖe ŋutɔ. (Galatiatɔwo 6:1) Bu kpɔɖeŋu sia si nye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ ŋu kpɔ.

Sɔhɛ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Susan la va de dzesii be ye xɔlɔ̃ aɖe si hã nye Kristotɔ la ƒo foto siwo ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me kpakple hadzidzi siwo me nyawo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu tẽe la nu ƒu ɖe eƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe.

Bu eŋu kpɔ: Ne wòe nye Susan ɖe, nu kae nàwɔ? Ðe nàwɔ nane tso nɔnɔmea ŋua? Alo àƒo nya ta be nu siwo nu xɔ̃wòa ƒo ƒu ɖe eƒe Nyatakakadzraɖoƒe la nye eya ŋutɔ ƒe nya? Ne Susan te ɖe ŋuwò hebia aɖaŋuɖoɖo la, nya kae nàgblɔ nɛ?

․․․․․

Nu si Susan wɔ: Le ŋugbledede tso nyaa ŋu vɔ megbe la, Susan tso nya me be yeaɖagblɔe na ye xɔlɔ̃a dzilawo. Egblɔ be: “Menɔ vɔvɔ̃m, elabena xɔlɔ̃ nyui aɖe ŋutɔe mía kple edzilawo míenye. Egbɔgblɔ na wo sesẽ nam ale gbegbe be ɖeko mete avifafa.”

Nu kae nèsusu? Nu nyuitɔae nye ema Susan wɔa? Alo ɖe wòanyo wu be wòamia nu ɖe nyaa dzia?

Nyateƒenya aɖewoe nye esiwo gbɔna siwo akpe ɖe ŋuwò nàbu nyaa ŋu nyuie:

Nu kae xɔlɔ̃ vavã awɔ le nɔnɔme sia me? Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ [vavã] lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Ne ame aɖe nɔ agbe tsi tsitre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu la, ekema ame ma ɖo “hiã me,” eya ŋutɔ ɖanya loo, alo menya o hã. Togbɔ be anye vodada be woawɔ “nu dzɔdzɔe vivivo” to nya suewo wɔwɔ nya gãwoe me hã la, xɔlɔ̃ vavã maŋe aɖaba aƒu agbenɔnɔ si mesɔ na Kristotɔwo o dzi o. (Nyagblɔla 7:16) Aɖabaŋeŋe ƒu edzi mesɔ kura o.—3 Mose 5:1.

Tsɔe be dzilae nènye. Bia ɖokuiwò be: ‘Ne vinyewo dometɔ aɖe ƒo nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me ɖe eƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe ɖe, ɖe madi be woakɔ to dzi nam tso eŋua? Alekee mase le ɖokuinye me ne vinyea ƒe xɔlɔ̃ aɖe nya nu tso nu si le edzi yim ŋu gake megblɔe nam o?

Ke Mawu ƒe dzidzenuwo ya ɖe? Ne woawɔ ɖe dzidzenu aɖe dzi la, manye esi bia be woazi ɖoɖoe ye o. Ke boŋ ele be nàwɔ ɖe Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ dzidzenu siwo le Biblia me dzi. Le nyateƒe me la, ne ètɔ afɔ to sesĩe wɔ nu si le dzɔdzɔe la, àdo dzidzɔ na Wɔwòla ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Gakpe ɖe eŋu la, dzi adze eme elabena ènya be nu si ade xɔ̃wòa dzi wue nye ema yewɔ.—Xezekiel 33:8.

“Nuƒoɣi”

Biblia gblɔ be: “Ðoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Zi geɖe la, ɖevi suewo mete ŋu nyaa nu nyuitɔ si woawɔ le nɔnɔme aɖe me o. Ne wo xɔlɔ̃ wɔ nu gbegblẽ aɖe la, wogblɔna be: ‘Nyemedi be madi nya na xɔ̃nyea o’ alo ‘Nyemedi be kuxi naɖo mía kple xɔ̃nyea dome o.’ Ne nu siawo ŋu koe wòle be ame nabu la, anye ne nyametsotsoa wɔwɔ masesẽ kura o—ɖe ko esia anye “ɖoɖoeziɣi.”

Gake ne èsi nele tsitsim la, nya siawo ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ va le asiwò sum. Èkpɔe be xɔ̃wòa ɖo nya me xoxo eye wòhiã kpekpeɖeŋu, si ŋu ɖewohĩ nàte ŋu awɔ nane le. Gake le go sia me la, afɔ ka tututue nàte ŋu aɖe ne èse be xɔ̃wòa ƒo eɖokui ɖe nuwɔna aɖe si nye Biblia ƒe se alo gɔmeɖose aɖewo dzi dada me?

Gbã la, dze agbagba nàkpɔe ɖa be nyateƒee nya si yese la nye hã. Ðewohĩ ate ŋu anye wobewobe dzro ko. (Lododowo 14:15) Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Katie gblɔ be: “Xɔ̃nye aɖe va te aʋatsonyawo gbɔgblɔ tso ŋunye, eye xɔ̃nye bubuwo susu be nyateƒe tom wònɔ. Mevɔ̃ be ame aɖeke magate ŋu aka ɖe dzinye gbeɖe o!” Biblia gblɔ ɖi be Yesu ‘matso afia ɖe nu si eƒe to le sesem dzro ko nu o’—alo abe ale si Biblia gɔmeɖeɖe aɖe gblɔe ene la, ‘malé to ɖe wobewobewo ŋu o.’ (Yesaya 11:3, Contemporary English Version) Nufiame kae le nya sia me? Mègatso nya me enumake be nya siwo yese la le eme o. Dze agbagba nànya nyateƒeawo. Bu kpɔɖeŋu sia si nye nu si dzɔ ŋutɔŋutɔ la ŋu kpɔ.

James, si ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea la se be ye xɔlɔ̃ vevi aɖe zã atike vɔ̃ɖiwo le pati aɖe si wòde.

Bu eŋu kpɔ: Ne wòe nye James ɖe, nu kae nàwɔ? Alekee nàwɔ anya ne nya si yese la nye nyateƒe?

․․․․․

Nu si James wɔ. Gbã la, James wɔ abe ɖe mese nya aɖeke alo nya naneke tso nyaa ŋu o ene. Egblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖe megbe la, nye dzitsinya va te fɔbubum. Metso nya me be ele be maɖabia gbe xɔ̃nyea tso nya si mese ŋu.”

Nu kae nèsusu? Nu nyui kawoe ado tso eme ne èƒo nu kple ame si ŋu wogblɔ le be enɔ agbe si medze na Kristotɔwo o la ŋutɔ gbã?

․․․․․

Ne èse le ɖokuiwò me be yemate ŋu aƒo nu kple amea o ɖe, nu bubu kae nàte ŋu awɔ?

․․․․․

James ƒe xɔlɔ̃a lɔ̃ ɖe edzi be yezã atike vɔ̃ɖi le pati aɖe. Gake eɖe kuku na James be wòagagblɔe na ame aɖeke o. James di be yeawɔ nu si le dzɔdzɔe. Eye edi be ye xɔlɔ̃a hã nawɔ nu si le dzɔdzɔe. Eya ta egblɔ na xɔlɔ̃a be yenae kwasiɖa ɖeka be wòayi aɖagblɔe na woƒe hamea ƒe hamemetsitsiwo. Ne mewɔe o la, ekema James ŋutɔ ayi aɖaʋu go nyaa na wo.

Èbu be nu si James wɔ la sɔa? Ne esɔ la, nu ka tae? Ne mesɔ o ɖe, nu ka tae?

․․․․․

James ƒe xɔlɔ̃a meyi ɖabɔ nyaa na hamemetsitsiwo o, eya ta James ŋutɔ yi ɖagblɔe. Gake emegbe la, exɔlɔ̃a va se eɖokui gɔme. Hamemetsitsiwo kpe ɖe eŋu wòkpɔe be ehiã be yeatrɔ dzi me ahana ƒomedodo nyui naganɔ ye kple Yehowa dome.

Sakplisasae Wònyea?

Ðewohĩ àgabia kokoko be: ‘Ðe amewo mabum sakplisalae ne meʋu go xɔ̃nye ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ oa? Ðe manyo wu be mawɔ ko abe ɖe nyemenya nya aɖeke o ene oa?’ Ne èɖo nɔnɔme sia tɔgbi me la, nu kae nàte ŋu awɔ?

Gbã la, ele be nànya be nu si wɔwɔ le bɔbɔe menyea nuwɔwɔ le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi o, eye nuwɔwɔ le lɔlɔ̃ me menyea nu si wɔwɔ le bɔbɔe ɣesiaɣi o. Ebia dzinɔameƒo be woaƒo nu tso nu gbegblẽ aɖe si ame xɔlɔ̃ wɔ ŋu. Ðe manyo be nàdo gbe ɖa tso nyaa ŋu na Mawu oa? Bia nunya kple dzideƒo si nèhiã lae. Akpe ɖe ŋuwò.—Filipitɔwo 4:6.

Evelia, bu ale si nya la ta kaka na ame siwo dze asee aɖe vi na xɔ̃wòa ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be mía kple xɔ̃wò aɖe míele to aɖe si bi ŋutɔ la liam, eye xɔ̃wòa ɖiɖi ɖage dze toa ƒe afi aɖe le esi meɖo afɔ anyi nyui o ta. Edze ƒãa be xɔ̃wòa hiã kpekpeɖeŋu. Gake nu kae adzɔ ne le ŋukpe ta wògblɔ na wò be ye ŋutɔ yeadze agbagba agbugbɔ alia toa? Ðe nàɖe asi le eŋu wòade eƒe agbe afɔku me nenema?

Nenema kee wòle ne xɔ̃wò aɖe ɖiɖi dze anyi le Kristotɔwo ƒe mɔa dzi. Ame sia ate ŋu ase le eɖokui me be ye ŋutɔ yeate ŋu adzra ye kple Mawu dome ɖo kpekpeɖeŋu aɖeke maxɔmaxɔe. Gake nunya mele nuŋububu ma me o. Le nyateƒe me la, nu si dzɔ ate ŋu akpe ŋu na xɔ̃wòa. Gake kpekpeɖeŋubiabia nɛ ate ŋu akpɔ eƒe agbe ta!—Yakobo 5:15.

Eya ta ne xɔ̃wò aɖe wɔ nu gbegblẽ aɖe la egbɔgblɔ megaɖi vɔvɔ̃ na wò o. Ne èna wona kpekpeɖeŋui la, enye nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu eye wònye nuteƒewɔwɔ na xɔ̃wòa hã, eye ava da akpe na wò gbe ɖeka, le afɔ si nèɖe lɔlɔ̃tɔe la ta.—g08 12-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 6 Le Yehowa Ðasefowo dome la, hamemetsitsiwo zãa Mawu ƒe Nya tsɔ naa kpekpeɖeŋu ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la be ƒomedodo nyui nagava nɔ woa kple Mawu dome.—Yakobo 5:14-16.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Alekee goʋuʋu nu gbegblẽ aɖe si xɔ̃wò aɖe wɔ la nye nuteƒewɔwɔ na xɔ̃wòa ƒe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ?

▪ Ame kawoe le Biblia me siwo dzi nàte ŋu aɖo ŋkui, siwo ƒe nuteƒewɔwɔ na wo xɔlɔ̃wo va ɖo dodokpɔ te? Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ne xɔ̃wò aɖe ɖiɖi dze anyi le Kristotɔwo ƒe mɔa dzi la, ele be nàkpɔ egbɔ be yena wona kpekpeɖeŋui