Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Boblododo Ƒe Amebleŋusẽ La

Boblododo Ƒe Amebleŋusẽ La

Boblododo Ƒe Amebleŋusẽ La

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE POLAND GBƆ

Tomek le nu si wole ɖeɖem le fiafiam le television la dzi kpɔm gãa kple eƒe susu katã. Eƒe to katã ku ɖe boblodonya lédziname si wodi be wòawɔ dɔ ɖe eselawo dzi la ŋu be: “Ne viwò doe la, ŋusẽ anɔ eŋu, anye kamedela bibi, eye eƒe nu anyo exɔlɔ̃wo ŋu. Ele be nàƒlee godoo!” Tomek si du yi fofoa gbɔ hegbugbɔ le ha vivi si wonɔ ƒoƒom kpe ɖe boblododoa ŋu la dzim le veme. Ebia fofoa be: “Papa, àƒlee nama?”

▪ Nu ka tae boblodonuwo dzroa ɖeviwo? Woŋlɔ nufiala aɖe ƒe nya ɖe Polandtɔwo ƒe magazine si nye Rewia me be: “Nu si tae nye be nu mawo le amewo si, eye wodi be woasu yewo hã yewo si. Wodi be yewo xɔlɔ̃wo nayi edzi alɔ̃ yewoƒe nya.” Ne ɖeviwo ɖe kuku, fa avi, alo yɔ mo la, zi geɖe la, dzilawo va naa ta heƒlea nu si ɖeviawo di la na wo.

Nu kae nana be boblododo siwo yina na ɖeviwo koŋ la tea ŋu blea wo nu nenema gbegbe ɖo? Susuŋutinunyala Jolanta Wąs gblɔ be: “Emenyawo mekuna ɖe nua ƒe asixɔxɔ, nyonyo, alo ale si wòaɖe vii ŋu o.” Wotrɔa asi le boblododoa ŋu “be wòawɔ dɔ ɖe ame ƒe seselelãme dzi.” Wąs gblɔ be: “Ðevi suewo mate ŋu abu boblodonya kpakpawo ŋu o. . . . Wometea ŋu tsɔa nyatakaka siwo wose la sɔna kple ale si nuwo le le xexea me ŋutɔŋutɔ o.” Eye ne wodze agbagba be yewobu nuwo ŋu nenema gɔ̃ hã la, seɖoƒe li na woƒe nugɔmesese ŋutete si awɔe be womate ŋu ada adzɔnuawo akpɔ nyuie o.

Aleke nàwɔ ate ŋu akpɔ viwò ta tso boblododo ƒe amebleŋusẽ si me? Gbã la, abe ale si magazine si nye Rewia gblɔe ene la, “Ele be nàkpɔ ɣeyiɣi ɖe viwòa ŋu eye nàyi edzi anɔ nu me ɖem nɛ be nu si naa wolɔ̃a ame ƒe nya menɔa te ɖe afɔkpa [alo awu] si ƒomevi wòdona dzi o.” Na viwòa nanya be ame ate ŋu akpɔ dzidzɔ le ɖevime ne womeƒle fefenu yeyewo nɛ o hã. Evelia, ele be dzilawo ŋutɔ nanya ale si gbegbe boblododowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzii. Wąs ɖo aɖaŋu be, nu vevitɔe nye be mele be “míaɖe mɔ boblododo nafia nu si nyo na mía viwo la mí o.”

Mlɔeba la, aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me ate ŋu aɖe vi na dzilawo katã. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Nu sia nu si le xexea me—ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ—la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexea me wotso.”—1 Yohanes 2:15, 16.

Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be boblododowo nye “ŋkuwo ƒe nudzodzro” siwo dzroa ame, eye wokpɔa ŋusẽ ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa dzi be ‘woafia woƒe nunɔamesiwo adegbeƒoƒotɔe’ oa? Enyo ŋutɔ be apostolo Yohanes ɖo aɖaŋu sia kpee be: “Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.”—1 Yohanes 2:17.

Dzila siwo kpɔa ɣeyiɣi ɖe wo viwo ŋu heɖoa dze tuameɖowo kpli wo edziedzi ate ŋu aƒã mawumegɔmeɖosewo kple dzidzenu ɖɔʋuwo ɖe woamawo me. (5 Mose 6:5-7) Esia awɔe be xexe sia ƒe boblododo fluame siwo ŋu wotrɔ asi le be woawɔ dɔ ɖe ɖeviwo dzi woaƒoe ɖe wo dzilawo nu be woaƒle boblodonuawo na yewo la nagable wo bɔbɔe o.—g08 12-E.