Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Dzotɔtɔ Ame Kuku Aɖe Fu Na Wòa?

Ðe Dzotɔtɔ Ame Kuku Aɖe Fu Na Wòa?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Dzotɔtɔ Ame Kuku Aɖe Fu Na Wòa?

Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be dzotɔtɔ ame kuku nye bubumademade ame si ku la ŋu eye wònana be womagate ŋu anɔ ŋku ɖom edzi o. Wogblɔna be ‘trɔ̃subɔlawo gbɔe nuwɔna sia dzɔ tso, eye esia ta ele be ame siwo gblɔna be Mawu subɔlawoe yewonye la naƒo asa nɛ.’ Ame bubuwo xɔe se be naneke megblẽ le dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu o, eye be enye mɔ aɖe si ŋu bubu le, si dzi woato adzra ame kuku ɖo. Aleke wò hã nèse le ɖokuiwò me tso nya sia ŋu?

LE Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, enye kɔnu be woɖia ame kukuwo. Le kpɔɖeŋu me, Abraham ɖi srɔ̃a, Sara, ɖe agado aɖe me. Wotsɔ Yesu ƒe kukua mlɔ yɔdo aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe me la me. (1 Mose 23:9; Mateo 27:60) Ðe Biblia tɔ asii kã be ameɖiɖi koe nye mɔ si sɔ, si dzi woato adzra ame kukuwo ɖoa? Ðe Biblia ɖee fia be dzotɔtɔ ame kukuwo ɖe fu na Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema?

Ðe Wòfia Be Mawu Mekpɔ Ŋudzedze Ðe Wo Ŋu Oa?

Biblia me nuŋlɔɖi geɖe xexlẽ zi gbãtɔ ana wòadze na wò abe ame siwo ku evɔ Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o ye wotɔa dzoe ene. Le kpɔɖeŋu me, Mose ƒe Sea gblɔ be, ne Yehowa ƒe nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu zu gbolo la, ele be “woatɔ dzoe” le kpeƒuƒui wòaku vɔ megbe. (3 Mose 20:10; 21:9) Nenema kee esime Axan kple eƒe ƒomea ƒe tomaɖomaɖo wɔe be woɖu Israel viwo dzi le Ai la, Israel dukɔa me tɔwo ƒu kpe wo eye “wotɔ dzo wo.” (Yosua 7:25) Agbalẽnyala aɖewo do susua ɖa be aleae wowɔna na ame siwo ku gbɔɖiameku, eye be dzotɔtɔ nu vɔ̃ wɔlawo ɖenɛ fiana be womedze be woaɖi wo bubutɔe o.

Gakpe ɖe eŋu la, esime Fia Yosiya di be yeaɖe trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo ɖa le Yuda la, egbã nunɔla siwo sa vɔ na Baal la ƒe yɔdowo eye wòtɔ dzo woƒe ƒuwo le woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. (2 Kronika 34:4, 5) Ðe kpɔɖeŋu mawo ɖee fia be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo wotɔ dzoe le woƒe ku megbe la ŋu oa? Ao, elabena Biblia ƒe nuŋlɔɖi bubu ɖee fia be menye nenemae o.

Esime Filistitɔwo ɖu Israel Fia Saul dzi le aʋa me la, wotsɔ aƒe kukua ku gli ŋu gbɔ̃ɖiametɔe le du si nye Bet-San me kpakple via etɔ̃awo ƒe kukuawo siaa. Ke hã, esi Israel vi Yabes-Gileadtɔwo se ale si wowɔ woƒe kukuawo bubumadeameŋutɔe la, woyi ɖaɖe wo le glia ŋu hetɔ dzo wo, esia megbe woɖi woƒe ƒuwo. (1 Samuel 31:2, 8-13) Adze na wò gbã be ŋutinya sia ɖo kpe edzi be ame siwo ŋu Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖo o ye wotɔa dzoe. Le nyateƒe me la, Saul hã vɔ̃ɖi; elabena etsi tsitre ɖe David, Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye Mawu megakpɔa ŋudzedze ɖe eŋu hafi wòku o.

Ke hã, de dzesi ame si hã ku kpe ɖe Saul ŋu gbe ma gbe. Viaŋutsu siwo hã wohe ɖe gli ŋu abe eya ke ene la dometɔ ɖekae nye Yonatan. Menye ame vɔ̃ɖie wònye o. Ke boŋ Yonatan nye David ƒe xɔlɔ̃ vevi aɖe si nɔ eƒe akpa dzi. Israel viwo gblɔ tso Yonatan ŋu be: ‘Mawue wòwɔ dɔ kplii.’ (1 Samuel 14:45) Esi David se nu si Yabes-Gileadtɔwo wɔ la, ekafu wo heda akpe na wo ɖe nu si wowɔ ta hegblɔ be: “Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu.” Edze ƒãa be, dzotɔtɔ Saul kple Yonatan ƒe kukuawo meɖe fu na David o.—2 Samuel 2:4-6.

Mate Ŋu Axe Mɔ Na Amea Fɔfɔ Ðe Tsitre O

Biblia fia nu eme kɔ ƒãa be Yehowa Mawu afɔ ame gbogbo aɖewo siwo le alɔ̃ dɔm le ku me fifia ɖe tsitre. (Nyagblɔla 9:5, 10; Yohanes 5:28, 29) Esime Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si me ame kukuwo agbɔ agbe ŋu le nyagblɔɖi me la, egblɔ be: “Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la na, eye ku kple Hades tsɔ ame kuku siwo nɔ wo me la na.” (Nyaɖeɖefia 20:13) Woɖaɖi amea, alo tɔ dzoe, eɖatsi atsiaƒu me, alo gbemelãwoe ɖui, alo atɔmikbɔmb ye kakae o, efɔfɔ ɖe tsitre mesesẽ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la kura o.

Biblia mena mɔfiame aɖeke koŋ ku ɖe ale si wòle be woawɔ ame kukuwoe ŋu o. Yehowa mede se ɖe dzotɔtɔ ame kuku nu o. Ke hã, enye nyateƒe be ele be bubu nanɔ kunuwɔwɔ ŋu.

Gake nu si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖe ƒe nyametsotso ku ɖe ale si woawɔ eƒe kukuae ŋu dzie nye ale si amewo bua kukɔnuwɔwɔ le woƒe nutoa me. Ame siwo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu madi be yewoawɔ naneke wòaɖe fu na yewoƒe aƒelikawo madzemadzee o. Masɔ hã be woakpɔ gome le nuwɔna aɖe si ana wòadze be woxɔ alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo, abe luʋɔ makumaku ene, dzi se o. Le nyateƒe me la, le nya vevi siawo megbe la, nyametsotso ɖe sia ɖe si ame aɖe awɔ ku ɖe ale woawɔ eya ŋutɔ alo ame bubu aɖe ƒe kukuae la nye amea ŋutɔ alo eƒe ƒomea me tɔwo ƒe nyametsotso.—g09 03-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Mawu subɔla wɔnuteƒe ka ŋue woƒo nu tso le Biblia me be wotɔ dzo eƒe kukua?—1 Samuel 31:2, 12.

▪ Aleke David wɔ nu ɖe ŋutsu siwo tɔ dzo Saul ƒe kukua ŋui?—2 Samuel 2:4-6.

▪ Nu kae ɖee fia be dzotɔtɔ ame kuku mawɔe be womafɔ amea ɖe tsitre o?—Nyaɖeɖefia 20:13.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Biblia mena mɔfiame aɖeke koŋ ku ɖe ale si wòle be woawɔ ame kukuwoe ŋu o