Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbalẽa Doa Dzidzɔ Na Ðeviwo!

Agbalẽa Doa Dzidzɔ Na Ðeviwo!

Agbalẽa Doa Dzidzɔ Na Ðeviwo!

▪ Ƒe ka kee ɖeviwo ɖaxɔ o, agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ doa dzidzɔ na wo ŋutɔ. Nyɔnuvi sue aɖe ŋlɔ bena: “Nu geɖewo le agbalẽa me siwo do dzidzɔ nam. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔmetata siwo katã le agbalẽa me la do dzidzɔ nam ale gbegbe. Amadede vovovo siwo me wole la wɔa dɔ ɖe ame dzi. Esi menɔ agbalẽa xlẽm la, megbɔ dzi ɖi lé ŋku ɖe nɔnɔmetataawo ŋu tsitotsito be makpɔ ale si wodo ƒome kple ŋutinya si me dzrom wole!

“Nu bubu aɖe si do dzidzɔ nam le agbalẽa ŋue nye nyagbe siwo wozã le eŋɔŋlɔ me. Wo gɔme sese le bɔbɔe eye wonaa nuxexlẽa vivia ame nu.

“Esi mexlẽ agbalẽa la, ale si wòdzro kuxi siwo míedoa goe egbea dometɔ aɖewo kpakple ale si míate ŋu aƒo asa na wo mee la do dzidzɔ nam ŋutɔ. Agbalẽa me nyati siwo do dzidzɔ nam wue nye ‘Ehiã Be Míatsi Tre Ðe Tetekpɔ Ŋu,’ ‘Dɔmenyowɔwɔ Ŋuti Nufiame Aɖe,’ kple ‘Ðe Nèdina Be Yeanɔ Nɔƒe Gbãtɔ Ɣesiaɣia?’”

Àte ŋu adɔ axa 256 gbalẽ dzeani sia si le amadede vovovo me, si ƒe kekeme le abe magazine sia tɔ ene, la ƒe ɖeka. Nu si ko nàwɔe nye be nàkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo, eye nàɖoe ɖe adrɛs si dze le nudɔgbalẽvia dzi alo nàɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g09 04-E

□ Medi be miaɖo agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ la ɖeka ɖem femaxee.

□ Taflatsɛ, miva wɔ aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.