Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋu Kae Dzilawo Ate Ŋu Ana?

Kpekpeɖeŋu Kae Dzilawo Ate Ŋu Ana?

Kpekpeɖeŋu Kae Dzilawo Ate Ŋu Ana?

SUKUDEDE ŋuti ɖoɖowɔhabɔbɔ aɖe si le United States (États-Unis) la tsɔ gbetɔame sia ɖo sukuvi siwo le xɔ mamlɛtɔ me la ŋkume be: “Miɖe ale si gbegbe mielɔ̃ faa be yewoawɔ yewoƒe ŋutete katã le nusɔsrɔ̃ me la fia.” Esi sukuviawo di vevie be yewoaɖo yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ ta la, wo dometɔ aɖewo srɔ̃ nu gbɔ woƒe ŋutete ŋu. Madeline Levine, si ŋu míeƒo nu tso le nyati si do ŋgɔ me la, ŋlɔ bena: “Le sukunuwuwu kaba ƒe nufiaɖoɖoa ƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe megbe la, wonaa sukuviwo gakpɔa gome le sukunusɔsrɔ̃ vovovo siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiaɖoɖoa ŋu, dzadzraɖowɔwɔ ɖe suku kɔkɔ dede ŋu, kple sukunufialawo kpakple mɔfiala tɔxɛwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo xɔxɔ me, si wɔnɛ be ɖeɖi tea wo ŋu belibeli, eye gbɔgbɔtsixe tsia wo dometɔ geɖe ƒo ale gbegbe be wòate ŋu ade woƒe lãmesẽ afɔku me.” Nu ate ŋu agblẽ le sukuvi siwo le nɔnɔme ma me ŋu le ŋutilã kple seselelãme gome.

Ne ètsi dzi ɖe ale si gbegbe sukugbanɔamedziwo naa nu tena ɖe viwò dzi ŋu la, ke ele be wò ŋutɔ nàyi sukua aɖaku nu me tso eŋu. Ðo dze kple nufialawo, sukuɖaŋuɖolawo, kple sukudzikpɔlawo. Gblɔ nu si nède dzesi le viwòa ŋu na wo. Gome le asiwò be nàte ɖe nufialawo ŋu.

Biblia de dzi ƒo na dzilawo be woalé ŋku ɖe wo viwo ŋu nyuie ne wole tsitsim. Mose gblɔ na dzila siwo nɔ Israel dukɔa me be: “Ku wo [Mawu ƒe seawo] ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—5 Mose 6:7.

Ðetsɔtsɔ le viwòa ƒe sukudenyawo me vevie menye nudede sukuɖoɖoa me o. Ke boŋ efia be ètsɔ ɖe le eme na viwòa lɔlɔ̃tɔe. Eye esia ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le nuteɖeamedzi si ɖea fu na viwòa le suku la dzi ɖeɖe kpɔtɔ me.—g09 04-E.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ƒo nu tso ale si gbegbe nu tena ɖe viwòa dzii la ŋu na eƒe nufialawo kple sukuɖaŋuɖolawo