Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuteɖeamedzi Ðeɖeɖa Le Sukuviwo Dzi

Nuteɖeamedzi Ðeɖeɖa Le Sukuviwo Dzi

Nuteɖeamedzi Ðeɖeɖa Le Sukuviwo Dzi

ƑE WUIADRE vi Jennifer nɔa eƒe sukuxɔmevi siwo xɔa nɔƒe gbãtɔ la dome ɣesiaɣi. Ekpɔa gome le nusɔsrɔ̃ siwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiaɖoɖoa ŋu la dometɔ geɖe me eye eƒe nufialawo kple sukuɖaŋuɖolawo kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. Gake le ƒe si do ŋgɔ na eƒe sukunuwuwu me la, ta va te eɖuɖu vevie eye dzigbɔtɔame hã ɖea fu nɛ. Ese le eɖokui me be ɣeyiɣi gbogbo siwo yezã zãdomadɔlɔ̃e kutrikukutɔe ɖe sukudɔdeasiwo ŋu ye wɔe be nu te ye ŋu.

Menye Jennifer ɖeka dzi koe nu sia dzɔ ɖo o. Wode dzesii be sukuvi siwo nuteɖeamedzi sesẽ ɖea fu na le woƒe sukudeɣi la le dzidzim ɖe edzi eye wòhiãna be wo dometɔ aɖewo nadi kpekpeɖeŋu tso tagbɔdɔdalawo gbɔ. Esia wɔe be Amerika sukunufialawo wɔ ɖoɖo tɔxɛ aɖe be yewoatsɔ aɖe nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔ le sukuviwo dzi. Wona ŋkɔ ɖoɖoa be SOS, alo “Stressed-Out Students,” si gɔmee nye nuteɖeamedzi ɖeɖeɖa le sukuviwo dzi.

Ne sukuvie nènye la, ɖewohĩ nuteɖeamedzi si ɖe fu na Jennifer la tɔgbi le fu ɖem na wò hã. Alo ne dzilae nènye la, ànya de dzesi nu siwo gbegbe wòle be viwòa nakpe akɔ kpli be wòate ŋu akpɔ dzidzedze le suku. Ðe mɔfiametsoƒe si ŋu kakaɖedzi le la li, si ŋu sukuviwo kple wo dzilawo ate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋua?—g09 04-E.