Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mikpe ɖe mia viwo ŋu woadze agbe gɔme nyuie

Mikpe ɖe mia viwo ŋu woadze agbe gɔme nyuie

Mikpe ɖe mia viwo ŋu woadze agbe gɔme nyuie

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CANADA GBƆ

▪ Nyatakaka aɖe dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times me be, “Television ate ŋu anye nufiafiamɔnu nyui aɖe.” Ke hã, “television gbɔ nɔnɔ hena gaƒoƒo geɖe le nu gblẽ le ɖeviwo kple woƒe susuwo ŋu,” hele mɔnukpɔkpɔ si woatsɔ atu nusɔsrɔ̃, nutotovɛ, kple hadomegbenɔnɔ ƒe ŋutetewo ɖo la xɔm le wo si.

Esi wowɔ numekuku tso ale si gbegbe television kpɔkpɔ zu numame na ɖevi 2,500 le ɖeviwo ƒe kɔdzi aɖe si woyɔna be Children’s Hospital, le Seattle, Washington U.S.A. la, nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be: “Wokpɔe be, zi geɖe ale si ɖevi siwo xɔ tso ƒe ɖeka va ɖo ƒe etɔ̃ kpɔa television la, zi nenema kee wòsesẽna na wo be woƒe susu nanɔ nu ŋu ne wova xɔ ƒe adre.” Ðevi mawo tɔgbi ƒe mo medzea akɔ anyi kura o eye womegbɔa dzi ɖi o, eye woƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ dzi ɖena kpɔtɔ. Le Ðɔkta Jane M. Healy si nye susuŋutinunyafiala ƒe nya nu la, “dzila siwo ƒe viwo ŋuti wokpɔ susu ƒe nuŋumanɔmanɔ ƒe kuxia le la dometɔ geɖe va kpɔe be kuxia dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ tso esime womegaɖea mɔ na wo viawo wokpɔa television o.”

Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ aɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wo viwo tsɔ kpɔa television dzi kpɔtɔ? Numekulawo ɖo aɖaŋu siwo gbɔna be: Ðo ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kple ɣeyiɣi si me viwòa ate ŋu akpɔ television la ɖi. Dzudzɔ vi gbegblẽ ɖe television gbɔ kple susu be nàkpɔ vovo awɔ wò dɔwo. Ðe esia teƒe la, na viwòa nanɔ ŋuwò le aƒemedɔwo wɔwɔ me ale si nàte ŋui. Tia television dzi wɔna siwo viwòa ate ŋu akpɔ eye nàtsi television la ne wɔna mawo wu enu. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, wɔ ɖeka kple viwòa míakpɔ nuawo ɖekae eye míaɖo dze tso nu siwo miekpɔ ŋu. Mlɔeba la, wò ŋutɔ ɖe television kpɔkpɔ dzi kpɔtɔ.

Nutotovɛ kple hadomegbenɔnɔ ƒe ŋutetewo tutu ɖo ɖe ɖeviwo me bia ɣeyiɣi, veviedodonu kple ameɖokuimamla. Viɖe nyui siwo dona tso eme ɖenɛ fiana be agbagbadzedze siawo menye dzodzro o. Esia ƒe nyateƒenyenye dze le blemalododo sia me be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lododowo 22:6) Nu vevi aɖe si hehenana sia lɔ ɖe emee nye be woafia agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu si da sɔ la ɖeviawo.

Yehowa Ðasefowo kpɔa dzidzedze le woƒe agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ zazã atsɔ aƒã agbenɔnɔ si da sɔ la ɖe wo viwo me me. Le nyateƒe me la, kakaɖedzi li be viɖe nyuiwo ado tso dzilawo ƒe dzeɖoɖo nyui kple wo viwo kpakple beléle na wo lɔlɔ̃tɔe tso woƒe ɖevime ke la me godoo hena ƒe geɖe. Nu kae agana dzilawo nakpɔ dzidzɔ wu be woakpɔe be yewo viwo tsi va zu ame tsitsi ɖɔʋu siwo ŋu bubu le?—g09 06-E.