Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Minɔ Ŋudzɔ!”

“Minɔ Ŋudzɔ!”

“Minɔ Ŋudzɔ!”

Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe

▪ Wowɔ ɖoɖo ɖe ŋkeke etɔ̃ takpekpe siawo siwo ƒe ɖewo gɔme wodze xoxo le kwasiɖanuwuwu si nye May 22-24 dzi le United States (États-Unis) la wɔwɔ ŋu le ɣleti siwo le ŋgɔ gbɔna me le xexea me godoo. Le teƒe geɖe la, woatsɔ haƒoƒo adze takpekpea ƒe wɔnawo gɔme gbe sia gbe le ŋdi 9:20 me. Nyati si dzi wotu Fiɖagbe ƒe wɔnawo ɖoe nye ‘Minɔ Dzadzraɖoɖi,’ si tso Mateo 24:44. Le nuƒo si takpekpea ƒe zimenɔla aƒo megbe la, woaƒo nuƒo siwo nye “Takpekpewo Kpena Ðe Mía Ŋu Míenɔa Ŋudzɔ” kple “Yehowa—‘Ɣeyiɣiwo Kple Azãgbewo’ Ƒe Mawu.” Esia yome la, woaƒo nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Srɔ̃ Nuteƒewɔla Siwo Nɔ Ŋudzɔ,” siwo adzro ale si Noa, Mose, kple Yeremiya nɔ ŋudzɔe la me. Woatsɔ nuƒo tɔxɛ si ƒe tanyae nye “Ale Si Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Be ‘Míanɔ Ŋudzɔ,’” awu ŋdi ƒe wɔnawo nu.

Fiɖagbe ŋdɔ ƒe wɔnawo ƒe akpa gbãtɔe nye “Nyabiabia Siwo Ku Ðe ‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Ŋu La Ŋu Ðoɖo,” eye eyome woaƒo nuƒo siwo nye “‘Mienya Ŋkeke La Alo Gaƒoƒo La O’—Nu Ka Ta?” kple “Minyae Be Nuwuwu La Gogo.” Emegbe woaƒo nuƒo kpui siwo woma ɖe akpa ade me, siwo wotu ɖe tanya si nye, “Kristotɔwo Ƒe Ƒomewo, ‘Minɔ Ŋudzɔ’!” la dzi. Nuƒo siawo ƒe etɔ̃ gbãtɔawo aku ɖe srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, kple ɖeviwo ŋu tẽe. Akpa etɔ̃ mamlɛawo ƒe tanyawoe nye “Mina Miaƒe Ŋku Nanɔ Nu Ðeka Ŋu,” “Miyi Edzi Miati Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Yome,” kple “Milé Ƒometadedeagu Fiẽsi Ƒe Ðoɖoa Me Ðe Asi.” Ŋdɔ ƒe wɔnaa awu enu kple nuƒo si ƒe tanyae nye “Nya Siwo Ʋãa Mí Be ‘Míakpɔ Nyuie.’”

Nyati si dzi wotu Memleɖagbe ƒe wɔnawo ɖoe nye “Minɔ Mo Xexi, Minɔ Ŋudzɔ” eye woɖee tso 1 Petro 5:8 me. Woaƒo nuƒo kpui siwo nɔ te ɖe tanya si nye “Kpe Ðe Amewo Ŋu ‘Woanyɔ Tso Alɔ̃ Me’” la dzi, siwo woma ɖe akpa atɔ̃ me, eye woƒe tanyawoe nye “Míaƒe Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòle Vevie Nenema Gbegbe Ðo?,” “Lé Ŋku Ðe Nu Ŋu Le Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me,” “Na Wò Ðaseɖiɖi Ƒe Aɖaŋu Nanyo Ðe Edzi,” “Mègaŋlɔ Wò Ƒometɔwo Be O!,” kple “Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Susu Nenɔ Asiwò Ɣesiaɣi!” Ne woƒo nuƒo siwo nye “Nɔ Ŋudzɔ Abe Ale Si Yesu Nɔ Ŋudzɔe Ene,” kple “Minɔ Ŋudzɔ Hena Gbedodoɖa,” vɔ la, ŋdikpadzi ƒe wɔnaa awu enu kple nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒo, eye esia megbe la, mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo dze la si be woanyrɔ wo.

Le Memleɖagbe ŋdɔ me la, woaƒo nuƒo kpui siwo wotu ɖe tanya si nye “Nɔ Ŋudzɔ Ðe Satana Ƒe Mɔtetrewo Ŋu!” dzi, si woma ɖe akpa atɔ̃ me, siwo nye—“Dzo La,” “Ʋe La,” “Mɔka La,” “Mɔ Si Tsyɔa Nu Dzi,” kple “Mɔ Si Gbãa Nu Gudugudu.” Eyome woawɔ wɔna tɔxɛ aɖe, si ƒe tanyae nye ‘Nyemaɖe Asi Le Nye Fɔmaɖimaɖi Ŋu, Va Se Ðe Esime Mamia Nu O!’ Ŋkekea ƒe wɔnawo awu enu kple nuƒo siwo nye “Mèganɔ ‘Nu Siwo Le Megbe’ La kpɔm O” kple “Srɔ̃ Ŋudzɔnɔnɔ Tso Yesu Ƒe Apostolowo Gbɔ.”

Nyati si dzi wotu Kwasiɖagbe ƒe wɔnawo ɖo la tso Xabakuk 2:3, si gblɔ be, “Kpɔ Esinu . . . Mahe Ðe Megbe O.” Ne woƒo nuƒo si woatu ɖe ŋkekea ƒe nyatia dzi vɔ la, woaƒo nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Wò Ŋku Nenɔ Nu Siwo Womekpɔna O La Dzi,” eye woadzro nyati siwo gbɔna me: “Dzo Ewoawo Alé Fu Gbolo La,” “Dukɔwo Alɔ̃ Ðe Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Dzi,” “Woagbã ‘Fiaɖuƒe Mawo Katã,’” “Woabla Abosam Ƒe Akpe Ðeka,” “Woatu Xɔ Eye Woade Waingble,” “Amegãxi Kple Alẽvi Aɖu Gbe Le Wo Nɔewo Gbɔ,” “Mawu Atutu Aɖatsi Sia Aɖatsi Ða,” “Ame Siwo Katã Le Ŋkuɖodziyɔdowo Me La Ado Go,” kple “Mawu Anye ‘Nuwo Katã Na Ame Sia Ame.’” Woaƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye, “Nu Kae Nàwɔ Atsi Agbe Le Xexea Ƒe Nuwuwu?,” atsɔ awu ŋdikpadzi ƒe wɔnawo nu.

Wɔna vevi aɖe si ayi edzi le Kwasiɖagbe ŋdɔ ye nye egbegbenudzɔdzɔwo ƒe drama wɔdɔɖeamedzi, si ƒe tanyae nye ‘Nɔviwò Ku, Eye Wògagbɔ Agbe,’ si wotu ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe vi bubu la ŋu la dzi. Eye le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si woato ɖe eme megbe la, woaƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Nɔ Ŋudzɔ, Eye Nànɔ Yehowa Ƒe Ŋkeke La Sinu Kpɔm!” atsɔ awu takpekpea nu.

Wɔ ɖoɖo fifia be nàde takpekpe sia. Be nànya takpekpewɔƒe si te ɖe ŋuwò la, yi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le mia gbɔ me nàɖabia, alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. Le teƒe aɖewo la, woawɔ ŋkeke ene ƒe dukɔwo dome takpekpewo. Woŋlɔ afi siwo woawɔ takpekpeawo le, siwo dome dukɔwo dome takpekpewo hã le, le Benin, Côte d’Ivoire, Ghana, kple Togo la ɖe March 1, ƒe Gbetakpɔxɔ, si míetana kpena ɖe magazine sia ŋu la me.—g09 06-E.