Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Tae Míetiae Be Míaɖe Fua O

Nu Si Tae Míetiae Be Míaɖe Fua O

Nu Si Tae Míetiae Be Míaɖe Fua O

VICTORIA, si ŋu míeƒo nu tso le nyati gbãtɔa me gblɔ na eƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Bill be yemaɖe fua o. Victoria gblɔ be: “Mese le ɖokuinye be ame gbagbee nɔ nye dɔ me. Eye esi mekpɔe be ne mekpɔtɔ nɔ Bill gbɔ la, makpɔ dzinye le nye fufɔɣia o ta la, meʋu dzo le egbɔ.”

Gake emegbe la, Bill va trɔ eƒe susu eye wòlɔ̃ be yeaɖe Victoria. Ke hã, ewɔ na wo be asesẽ na yewo be yewoakpɔ yewo viŋutsua dzi. Victoria gblɔ be: “Ʋu menɔ mía si o, ga menɔ mía si o, eye awu kple nunɔamesi ʋɛ aɖewo koe nɔ mía si. Bill ƒe fetu mesɔ gbɔ o, eye atixɔ aɖe me koe míeva xaxa ɖo, ke hã, dzi meɖe le mía ƒo o.”

Ame bubuwo hã to nɔnɔme sesẽwo me le esi womenɔ mɔ kpɔm na fu o ta. Gake woawo hã gbe be yewomaɖe fua o. Nu kae kpe ɖe wo ŋu woɖoe kplikpaa be yewomaɖe fua o eye wote ŋu kpe akɔ kple nuteɖeamedzi siwo fufɔfɔ alo vidzidzi si ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo o, alo esi womedi hafi o, la dzi kpɔkpɔ hena vɛ? Nu vevi si kpe ɖe wo ŋue nye wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo xɔasi siwo le Biblia me dzi.

Ƒo Asa Na Nuwɔwɔ Dzitsitsitɔe​—Wɔ Ðoɖo Siwo Dzi Nàte Ŋu Awɔ Ðo

Biblia gblɔ nya sia si me nunya le be: ‘Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.’Lododowo 21:5.

Le Connie, si nye vidada si si viŋutsuvi etɔ̃ nɔ, siwo dometɔ ɖeka nye nuwɔametɔ gome la, ekpɔe be vi bubu dzidzi nye agba si awu tsɔtsɔ na ye. Egblɔ be: “Míekpɔ be maganya wɔ be míakpɔ vi bubu hã dzi o. Eya ta míenɔ fua ɖeɖe ŋu bum.” Gake hafi woatsɔ dzitsitsi awɔ nyametsotso la, nyɔnua ka eta na eƒe dɔwɔhati si ŋkɔe nye Kay. Kay kpe ɖe eŋu wòkpɔe be ame ŋutɔŋutɔe nɔ eƒe dɔ me, eye esia na wòtrɔ eƒe susu.

Gake Connie hiã kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ be wòawɔ ɖoɖo ɖe eƒe nɔnɔmea ŋu. Esi wònye be Connie ƒe nɔgã aɖe nɔ nutoa me ta la, Kay do susu ɖa be wòate ɖe eŋu. Esi wòte ɖe nɔgãa ŋu la, elɔ̃ faa be yeakpe ɖe eŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Connie srɔ̃ di dɔ bubu kpe ɖe eƒe dɔwɔɖui ŋu eye woʋu yi aƒe si ƒe xɔfe mexɔ asi boo o me. Esia kpe ɖe wo ŋu wote ŋu kpɔ vi yeye sia si wodzi la dzi.

Kay kpe ɖe Connie ŋu hã be wòxɔ kpekpeɖeŋu tso habɔbɔ siwo naa kpekpeɖeŋu ame siwo fɔ fu evɔ womenɔ mɔ kpɔm nɛ o la gbɔ. Le dukɔ geɖewo me la, kpekpeɖeŋunahabɔbɔ siawo tɔgbi li siwo naa kpekpeɖeŋu vidada siwo le hiã me. Woate ŋu ato Internet alo telefon xexlẽdzesigbalẽ siwo nɔa agbalẽdzraɖoƒewo dzi ake ɖe habɔbɔ siawo ŋu. Kpekpeɖeŋudidi ate ŋu abia agbagbadzedze geɖe, gake “veviedola ƒe tameɖoɖo” ye kpɔa dzidzedze.

Lɔ̃ Ðe Edzi Be Ame Gbagbee Le Vidzidɔa Me

Biblia gblɔ be: “Nunyala to ŋku ɖe ta, ke bometsila zɔa viviti me.”Nyagblɔla 2:14.

Nyɔnu nyanu meŋea aɖaba ƒua nyateƒenyawo dzi abe ɖe wòle ‘viviti me zɔm’ ene o. Ewɔa ‘ŋku si le ta ŋu,’ si fia eƒe tamebubuŋutete la, ŋu dɔ. Esia kpena ɖe eŋu wòtea ŋu daa eƒe nuwɔnawo me tsonuwo kpɔ nyuie. Eya ta to vovo na ame si ŋea aɖaba ƒua nu si le edzi yim le eƒe vidzidɔ me dzi la, nyɔnu nyanu ya sea veve ɖe fugboe si le eƒe dɔ me la nu heɖea afɔ tsɔ kpɔa eta.

Esi woɖe ale si ɣleti eve ƒe fugboe nɔ le ɖetugbui aɖe, si ŋkɔe nye Stephanie, si nɔ fuɖeɖe ŋu bum la ƒe dɔ me la fiae le mɔ dzi la, Stephanie gblɔ be: “Mete avifafa. Megblɔ na ɖokuinye be: Nu ka ta mawu nane si me agbe le ɖo?”

Ðetugbui bubu aɖe si fɔ fu evɔ meɖe srɔ̃ o, si ŋkɔe nye Denise, hã kpɔe be ame ŋutɔŋutɔ si le agbe ye nɔ yeƒe dɔ me. Esi eƒe ahiãvi tsɔ ga nɛ hegblɔ nɛ be, “yi nàɖaɖe fua” la, Denise biae be: “Èbe mayi aɖaɖe fua? Nyemate ŋu awɔ nu sia gbeɖe o!” Egbe be yemawu ye via o.

Nu Si Amegbetɔvɔvɔ̃ Ate Ŋu Awɔ

Ne amewo le nya ƒom ɖe ame bubuwo nu be woaɖe fu la, nunya anɔ eme be wo dometɔ siwo tso nya me xoxo be yewoaɖe fua la nade ŋugble tso Biblia ƒe lododo sia si gblɔ be, ‘Amegbetɔvɔvɔ̃, mɔ̃e wònye ɖea ame; ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta,’ la ŋu.—Lododowo 29:25.

Esi Monica si xɔ ƒe wuiadre la nɔ dzadzram ɖo be yeadze asitsatsa ŋuti nunyasrɔ̃suku gɔme la, eƒe ahiãvi do fui. Dadaa si nye ahosi, si nɔ vi atɔ̃ dzi kpɔm la, ƒe dzi gbã. Eƒe didie nye be ye vinyɔnua nasrɔ̃ dɔ aɖe ale be eme nava nyo na eya teti wòado le yewoƒe ahedadaa me. Mɔkpɔkpɔbuɖeame wɔe be dadaa te tɔ ɖe edzi be Monica naɖe fua. Monica gblɔ be: “Esi ɖɔktaa biam be medi be maɖe fua hã la, meɖo eŋu nɛ be ‘Ao!’”

Esi Monica dada kpɔ be etsɔme nyui si yedi be wòasu ye via si mate ŋu ava eme nɛ o eye wòbu nuteɖeamedzi siwo vi bubu dzi kpɔkpɔ ahe vɛ ŋu la, enya via le aƒe me. Monica yi ɖanɔ nɔgãa gbɔ. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, dadaa trɔ eƒe susu eye wòɖe mɔ nɛ be wòatrɔ ava aƒea me ava dzi ɖevia. Monica dada kpe ɖe eŋu le Leon, ŋutsuvi si wòdzi la dzi kpɔkpɔ me, eye wòtsi va zu ɖevi nyui aɖe si mamaa lɔ̃na vevie.

Menye ƒometɔwo ye ƒo nya ɖe nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe si ŋkɔe nye Robin ya nu o, ke boŋ ame bubu kura ye. Robin gblɔ be: “Esi mefɔ fu la, nye ɖɔkta wɔ atike nam tsɔ da ayikumedɔ aɖe nam hafi va do nye fua kpɔ. Egblɔ nam be ɖikeke mele eme o be ɖevi si madzi la ƒe susu ƒe dɔwɔwɔ atsi megbe vevie.” Eya ta ɖɔktaa xlɔ̃ nui be wòaɖe fua. Robin gblɔ be: “Meɖe Biblia ƒe nukpɔsusu ku de agbe ŋu me nɛ. Megblɔ nɛ be, nyemate ŋu aɖe fua o.”

Togbɔ be susu nɔ nya si gblɔm ɖɔktaa nɔ la me hã la, menye nu si ade Robin ƒe agbe afɔku me o. * Robin gblɔ yi edzi be: “Esi meva dzi vinyenyɔnuvia eye wodoe kpɔ zi geɖe la, dodokpɔawo ɖee fia be ɖeko eƒe susu ƒe dɔwɔwɔ tsi megbe vie, eye nu vi aɖe gblẽ le eƒe ahɔhɔ̃ hã ŋu, si wɔe be eƒe abɔkawo kple afɔkawo me mesẽ nyuie o. Ewɔa nu sia nu kloe nyuie. Fifia si wòxɔ ƒe 15 la, eƒe nuxexlẽ le nyonyom ɖe edzi gbe sia gbe. Nyemelɔ̃a nu le egbɔ kura o, eye medaa akpe na Yehowa zi geɖe gbe sia gbe ɖe eta.”

Xɔlɔ̃dzedze Mawu Doa Ŋusẽ Ame

Biblia gblɔ be: “Mawu dzea xɔlɔ̃ ame siwo [wɔa eƒe lɔlɔ̃nu].”Psalmo 25:14, American Standard Version.

Nu si kpɔ ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi wogbe be yewomaɖe fu o ye nye ale si wo Wɔla sena le eɖokui me tso nuwɔna sia ŋu la ŋu bubu. Woa kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa ta kpɔkpɔ kple nu si dzea eŋu wɔwɔ ye nye nu vevitɔ na wo. Didi sia koŋ ye do ŋusẽ Victoria si ŋu míeƒo nu tso va yi. Egblɔ be: “Mexɔ edzi se vevie be Mawue naa agbe, eye nyemekpɔ mɔ aɖe agbe si wòna la ɖa o.”

Esi Victoria dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme movevieɖoɖotɔe la, woa kple Mawu dome xɔlɔ̃wɔwɔa me va sẽ ɖe edzi. Egblɔ be: “Esi metso nya me be nyemaɖe fua o la, ena mese le ɖokuinye me be mía kple Mawu dome va le kplikplikpli wu eye wòna medi be mawɔ nu si dzea eŋu le nye agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Ne medo gbe ɖa hebia eƒe mɔfiafia la, nu sia nu dzea edzi nam nyuie.”

Xɔlɔ̃dzedze Mawu, ame si nye Agbedzɔƒe la, nana be míedea asixɔxɔ deto agbe si le vidzidɔ me ŋu. (Psalmo 36:10) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” be wòakpe ɖe funɔ kple eƒe ƒomea ŋu woate ŋu akpe akɔ kple kuxi siwo fufɔfɔ si ŋu womewɔ ɖoɖo ɖo o la hena vɛ. (2 Korintotɔwo 4:7) Ne ame siwo wɔ nyametsotso si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu la trɔ kpɔ megbe la, alekee wosena le wo ɖokuiwo me le nyametsotso si wowɔ ŋu?

Meve Wo O

Fɔbuameɖokui alo blanuiléle ƒe seselelãme si nu gbea tsotso kple blanuiléle le vi ƒe ku ta meɖea fu na dzila siawo o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova kpɔnɛ dzea sii be fetue “fufɔfɔ” nye, ke menye fiƒodee o! (Psalmo 127:3) Connie, ame si ŋu míeƒo nu tso va yi la, lɔ̃ ɖe esia dzi le vidzidzi gaƒoƒo eve pɛ ko megbe! Dzi dzɔe ale gbegbe be eƒo ka na eƒe dɔwɔhati Kay hegblɔ ale si gbegbe wòkpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòahe vianyɔnuvi suea la nɛ. Dzi dzɔ Connie ale gbegbe, eye wògblɔ kpee be: “Enye nyateƒe vavã be Mawu yraa ame siwo wɔa nu si dzea eŋu.”

Nu ka tae nuwɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe nukpɔsusu ɖea vi ŋutɔ? Elabena ɖe Mawu, ame si nye Agbedzɔƒe la, na woŋlɔ eƒe se kple dzidzenuwo ɖe Biblia me be woaɖe vi na míawo ŋutɔwo “bena wòanyo na [mí].”—5 Mose 10:13.

Le Victoria kple Bill, ame siwo ƒe ŋutinya míetsɔ dze nyati sia kple esi do ŋgɔ nɛ gɔme ƒe nya nu la, nyametsotso si wowɔ be yewomaɖe fua o la he tɔtrɔ gã aɖe va woƒe agbe me. Woɖe eme ale: “Míenyrɔ mía ɖokuiwo ɖe atike muamewo nono me, eye ne ɖe míekpɔtɔ le wo nono dzi la, anye ne míeku xoxo. Gake asixɔxɔdede mía vi si nɔ dɔ me ƒe agbe ŋu na míedzudzɔ, hegbugbɔ de ŋugble tso mía ŋutɔwo ƒe agbe ŋu vevie. Kpekpeɖeŋu si Yehowa Ðasefowo na mí kpe ɖe mía ŋu míetrɔ míaƒe agbenɔnɔ.”

Wo viŋutsu si ŋkɔe nye Lance xɔ ƒe 34 fifia, eye wòɖe srɔ̃ ƒe 12 kple edzivɔe nye esia. Lance gblɔ be: “Tso nye ɖevime ke la, dzinyelawo fiam be maɖe mɔ Biblia nafia mɔm le nye nyametsotsowo wɔwɔ me. Esia ɖe vi na mía kple srɔ̃nye kpakple mía via ale gbegbe be, míekpɔe be míagate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me wu esia o.” Fofoa, si di gbã be Victoria naɖe fua la, gblɔ be: “Míaƒe lãme bléa fu ne míekpɔ ale si wòsusɔ vie ko míebu mía vi xɔasi sia.”

Gabu Monica, si gbe be yemaɖe fu o togbɔ be dadaa ƒo nya ɖe enu vevie hã, ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Kwasiɖa eve le vinyea dzidzi vɔ megbe la, Yehowa Ðasefowo va gbɔnye eye mesrɔ̃ ale si matrɔ asi le nye agbenɔnɔ ŋu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe sewo. Eteƒe medidi o, mete ale si wòle vevie be woaɖo to Mawue la fiafia vinyeŋutsu, Leon, eye esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eva lɔ̃ Mawu vevie. Fifia, Leon nye Yehowa Ðasefowo ƒe subɔla siwo srãa woƒe hamewo kpɔ hedoa ŋusẽ wo la dometɔ ɖeka.”

Ŋugbledede tso nyametsotso si dadaa wɔ ŋu na Leon gblɔ be: “Nyanya be elɔ̃m nenema gbegbe be meɖem ƒu gbe o togbɔ be woƒo nya ɖe enu vevie hã na be medi be mazã nye agbe le mɔ nyuitɔ kekeake nu atsɔ aɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe nunana wɔnuku la ta.”

Nyametsotso si ame siwo va se ale si Mawu bua agbee gɔme la wɔ, be womeɖe vi si ŋu wova le dzidzɔ kpɔm ɖo fifia la ƒe fu o, la meve wo kpɔ o. Woate ŋu agblɔ kple dzi si me yɔ fũu kple akpedada be, “Míeɖe fua o.”g09 06-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Ne eva hiã le vidziɣi be woawɔ nyametsotso le vidadaa alo ɖevia ƒe agbe ta kpɔkpɔ me la, ame siwo nya la lɔ ɖe eme tẽe la ŋutɔe wòle be woawɔ esia ƒe nyametsotso. Gake ale si wowɔ ŋgɔyiyi le dɔdamɔnuwo me le dukɔ geɖe me wɔe be nɔnɔme sia mebɔ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Esi Stephanie kpɔ ale si ɣleti eve ƒe fugboe si nɔ dɔ me nɛ la le la, ena wòtso nya me be yemaɖe fua o

(Míawoe te fli ƒo xlãe)

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Victoria kple Lance

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Victoria kple Bill egbea, kple Lance, kpakple eƒe ƒomea

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Monica kple via Leon; edzɔa dzi nɛ ŋutɔ be anɔ abe ƒe 36 ene enye sia yetɔ afɔ to sesĩe be yemaɖee aƒu gbe o, eye via hã daa akpe ɖe eta