Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Woade Vovototo Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo Kple Hameviwo Domea?

Ðe Wòle Be Woade Vovototo Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo Kple Hameviwo Domea?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Woade Vovototo Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo Kple Hameviwo Domea?

Papa Kɔkɔe, Bisiɔp, Osɔfo, Fada, Fada Kɔkɔe, Nunɔla, Rabi, Hamefofo, Hamedada, Prɔfet—esiawoe nye dzesideŋkɔ siwo woyɔna na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo le subɔsubɔha vovovowo me tsɔ dea vovototo woa kple hameviwo dome la dometɔ aɖewo. Wodea Vovototo subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome le subɔsubɔha geɖewo me, gake biabia lae nye be, Mawu gbɔe ɖoɖo sia tso loo alo amegbetɔwo gbɔe wòtso? Nu si gale vevie wue nye be, ɖe Mawu da asi ɖe edzia?

MAWUSUBƆSUBƆ ŋuti nunyala gã, Cletus Wessels, ŋlɔ bena: “Womede vovototo subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome le Nubabla Yeyea me kple apostoloawo ƒe agbenɔɣi o.” Kristodukɔa ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Vivivi la, wova te dzesidede subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo abe hanunɔlawo ene, kple hameviawo abe ame susɔeawo, . . . subɔsubɔhamevi ‘Dzro’ ko, siwo wova nɔ bubum be wonye ameha siwo menya naneke tso Biblia ŋu o, ene.” (Encyclopedia of Christianity) Vovototo dede ŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome alea va ɖe dzesi le ƒe alafa etɔ̃lia Mia Ŋɔli me—si wu ƒe alafa eve le Yesu Kristo ƒe ku megbe!

Togbɔ be menye Yesu ƒe apostolowo kple Kristotɔ gbãtɔ bubuawoe ɖo vovototo dede ŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome ƒe kpɔɖeŋua ɖi o hã la, ɖe nane gblẽ le eŋua? Ɛ̃, le Biblia ƒe nya nu la, nane gblẽ le eŋu. Bu nu si tae ŋu kpɔ.

“Mi Katã La, Nɔviwoe Mienye”

Mawu ƒe Nya la na míenya be Kristotɔwo katã subɔa Mawu abe subɔla siwo wòɖo ene, eye wo dometɔ aɖeke mekɔ alo le tsɛ wu nɔvia o. (2 Korintotɔwo 3:5, 6) Alexandre Faivre gblɔ be, Kristotɔ gbãtɔwo “te tɔ ɖe edzi be mele be vovototo dede amewo me ƒe nuwɔna aɖeke nanɔ yewo dome o.” “Vovototo dede amewo me” ƒe anyimanɔmanɔ le Kristotɔ gbãtɔwo dome alea wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya si wògblɔ na eyomedzelawo be: “Mi katã la, nɔviwoe mienye.”—Mateo 23:8.

Enye nyateƒe be ame tsitsi siwo kpɔ nu teƒe la subɔ abe dzikpɔla siwo nye alẽkplɔlawo kple nufialawo ene ya. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ke hã, womenye subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo woxea fe na o. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo siwo wɔa woa ŋutɔwo ƒe dɔwo. Ke hã, menye nunɔlawo ƒe sukue wode hafi wodze be woanye dzikpɔlawo o, ke boŋ esi wonye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la dovevienuwo, eye wodze agbagba trɔ woƒe agbenɔnɔ wòsɔ ɖe dzidzenu siwo Mawu ɖo ɖi na ame siwo adze anye dzikpɔlawo la nu tae. Nudidi siawo dometɔ aɖewoe nye be ‘woada asɔ le nuwɔna me, woanye ame ɖɔŋuɖo, ame si wɔa nu le ɖoɖo nu, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia, nugɔmesela, menye dzrehela o, menye galɔ̃la o, ame si kpɔa ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie.’—1 Timoteo 3:1-7.

Nu Si Ta Nunya Le Eme Be Woawɔ Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi

Biblia gblɔ be: “Migagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.” (1 Korintotɔwo 4:6) Nublanuitɔe la, ne amewo ŋe aɖaba ƒu mɔfiafia si tso Mawu gbɔ dzi la, egblẽa nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me godoo, eye esia nye nyateƒe le vovototo dede ŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome ƒe nyaa me. Nu ka tae? Taflatsɛ, bu numeɖeɖe ade siwo gbɔna ŋu kpɔ.

1. Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖeɖe ɖe vovo fia be ele be woaxɔ yɔyɔ tɔxɛ tso Mawu gbɔ hafi adze anye subɔla. Ke hã, Biblia gblɔ be ele be Kristotɔ vavãwo katã nasubɔ Mawu ahakafu eƒe ŋkɔ. (Romatɔwo 10:9, 10) Le subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo ƒe amesisusu le hamea me gome la, wode dzi ƒo na Kristotɔ ŋutsuwo katã be woadze agbagba aminya agbanɔamedzi siawo, eye alea Yehowa Ðasefowo wɔnɛ.—1 Timoteo 3:1.

2. Vovototo dede ŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome ƒe ɖoɖoa doa subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe ƒuƒoƒoa ɖe dzi, eye esia ƒe kpeɖodzi dzena le bubuŋkɔ siwo wotsɔna na wo la me. Gake Yesu gblɔ be: “Ame si wɔa eɖokui ame sue le mi katã dome lae nye gã.” (Luka 9:48) Le ɖekawɔwɔ me kple ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ma la, egblɔ na eyomedzelawo be woagatsɔ bubuŋkɔwo na wo ɖokuiwo o.—Mateo 23:8-12.

3. Fexexe na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ate ŋu awɔe be agba kpekpe aɖe nava nɔ hameviawo dzi le ganyawo gome, vevietɔ ne ŋgɔnɔlawo dia nu gã nu gãwo. Gake to vovo na esia la, Kristotɔ dzikpɔlawo ya wɔa dɔ kpɔa woawo ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wotoa esia me ɖoa kpɔɖeŋu nyui na ame bubuwo. *Dɔwɔwɔwo 18:1-3; 20:33, 34; 2 Tesalonikatɔwo 3:7-10.

4. Esi wònye be subɔsubɔhaŋgɔnɔlaa ate ŋu anɔ hameviawo si nu kpɔm hena gakpekpeɖeŋu ta la, ɖewohĩ adi be yeatɔ tsi Biblia me gbedeasia ale be wòavivi to me na wo. Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi be nu sia tututu adzɔ. Egblɔ be: “Ɣeyiɣi aɖe ava, esime womaxɔ nufiafia nyuitɔ la o, ke boŋ le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokuiwo, bene woalũ tome na wo.”—2 Timoteo 4:3.

5. Vovototo dede ŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome wɔnɛ be ame tsɛwo bunɛ be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woawɔ mawusubɔsubɔdɔwo, eye be yewo ya sɔleme ko wòhiã be yewoade kwasiɖa sia kwasiɖa. Gake ehiã be Kristotɔwo katã natsɔ ɖe le woa kple Mawu dome ƒomedodo me eye woanye Biblia srɔ̃la dovevienuwo.—Mateo 4:4; 5:3.

6. Ne hameviwo menya nu si tututu Biblia fia o la, ŋgɔnɔlawo ate ŋu able wo bɔbɔe, eye woate ŋu aɖu aƒetɔ ɖe wo dzi gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, kpeɖodzi geɖewo fia be ameteteɖeanyi nuwɔna mawo ƒomevi geɖewo yi edzi le ŋutinya me. *Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

Esi Yehowa Ðasefowo di be yewoazɔ ɖe nu si Biblia fia dzi pɛpɛpɛ ta la, womeɖe ŋgɔnɔlawo ƒe ha aɖeke ɖe vovo o, ke hã, kplɔla kple nufiala siwo tsi le gbɔgbɔ me siwo lɔ̃na faa be yewoasubɔ Mawu ƒe alẽha la evɔ womexea fe na wo o la le wo dome. Ðe manyo be wò ŋutɔ nàyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe si le miaƒe nutoa me la me aɖakpɔ esia ƒe kpeɖodzi oa?—g09 08-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, dzikpɔla mɔzɔla aɖewo ‘nɔ agbe ɖe nya nyui la nu’ ɣeaɖewoɣi le esi amewo wɔa amedzro na wo eye wonaa nu wo tso dzi me faa ta.—1 Korintotɔwo 9:14.

^ mm. 16 Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye ale si wowɔa misa be woatsɔ ame si ku la ƒe nu vɔ̃wo akee eye woxɔa ga hã ɖe esia ta, Katolikotɔwo Ƒe Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃wo, kpakple ale si nunɔla aɖewo tɔ dzo Biblia ale be yewoƒe hameviwo ƒe asi nagasu Mawu ƒe Nya la dzi o.​—Kpɔ November 15, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ si míetana kpena ɖe magazine sia ŋu ƒe axa 27.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Aleke wòle be Mawu subɔlawo katã nabu wo nɔewoe?—Mateo 23:8.

▪ Aleke Kristotɔ ŋutsuwo wɔna hedzena subɔna le hamea me abe dzikpɔlawo ene?—1 Timoteo 3:1-7.

▪ Nu ka tae Mawu ƒe yayra mele vovototo dede ŋgɔnɔlawo kple hameviwo dome ƒe ɖoɖoa dzi o?—1 Korintotɔwo 4:6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 31]

To vovo na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo la, Yesu ya wɔ eɖokui “suetɔ”